< UDutheronomi 18 >
1 Abapristi, amaLevi, isizwe sonke sakoLevi, kasiyikuba lesabelo lelifa kanye loIsrayeli; bazakudla iminikelo yeNkosi eyenziwe ngomlilo, lelifa layo.
“Ɖo ŋku edzi be womana domenyinu nunɔlawo kple Levitɔ bubuawo abe Israelvi bubuawo ene o. Le esia ta la, ele be woatsɔ vɔsa siwo wotsɔ va Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi la kple nunana bubu siwo amewo atsɔ vɛ na Yehowa la akpɔ wo dzii.
2 Ngakho kabayikuba lelifa phakathi kwabafowabo; iNkosi iyilifa labo, njengokukhuluma kwayo kibo.
Womehiã domenyinu o, elabena Yehowa nye woƒe domenyinu! Esia nye ŋugbe si Yehowa do na wo!
3 Lalokhu kuzakuba lilungelo labapristi elivela ebantwini, kulabo abahlaba umhlatshelo, loba inkabi loba imvu; njalo bazanika umpristi umkhono lemihlathi yomibili lolusu.
Ele be woatsɔ nyitsu kple alẽ ɖe sia ɖe si woatsɔ vɛ na vɔsasa la ƒe abɔ, glã kple dɔgbo na nunɔlawo.
4 Okokuqala kwamabele akho, yewayini lakho elitsha, leyamafutha akho, lengqabutho yoboya bezimvu zakho, uzamupha yona.
Kpe ɖe esiawo ŋu la, nunɔlawo axɔ nuku siwo wotsɔ vɛ hena akpedada na Yehowa. Nu siawoe nye bli yeye, wain yeye, ami kple fu si woko le lãwo ŋuti,
5 Ngoba iNkosi uNkulunkulu wakho imkhethile kuzo zonke izizwe zakho, ukuthi eme akhonze ebizweni leNkosi, yena lamadodana akhe, zonke izinsuku.
elabena Yehowa, wò Mawu la tia Levitɔwo tso to bubuawo dome be woawɔ subɔsubɔdɔwo na Yehowa tso dzidzime yi dzidzime.
6 Uba-ke umLevi esiza evela loba kukuliphi lamasango akho kuIsrayeli wonke lapho ahlala khona njengowezizwe, eze ngesifiso sonke somphefumulo wakhe endaweni iNkosi ezayikhetha,
“Ne Levitɔ aɖe tso miaƒe du aɖe me le Israel ƒe akpa sia akpa, afi si wòle koŋ, eye wòyi teƒe si Yehowa tia la nyateƒe me la,
7 khona ezakhonza ebizweni leNkosi uNkulunkulu wakhe njengabo bonke abafowabo amaLevi, emiyo khona phambi kweNkosi.
ate ŋu asubɔ le Yehowa, Mawu ƒe ŋkɔ me abe nɔvia Levitɔ bubuawo katã siwo subɔna le afi ma le Yehowa ŋkume ene.
8 Azakudla izabelo ezilinganayo, ngaphandle kwezinto zakhe ezathengiswayo zaboyise.
Ele be woatsɔ vɔsanuwo kple nunana bubuawo nɛ, abe nu si dze be woatsɔ nɛ la ene, eye menye ne nu siawo le ehiãm la ko o.”
9 Lapho usufikile elizweni iNkosi uNkulunkulu wakho ekunika lona, ungafundi ukwenza ngokwezinengiso zalezozizwe.
“Ne èva ɖo Ŋugbedodonyigba Yehowa wò Mawu la le na wò ge dzi la, ele be nàkpɔ nyuie be dukɔ siwo le anyigba la dzi fifia la ƒe kɔnyinyi vlowo magblẽ kɔ ɖo na mi o.
10 Kakuyikutholakala phakathi kwakho owenza indodana yakhe lendodakazi yakhe idabule emlilweni, owenza ukuvumisa, ochasisa ngemibono, lowenza imilingo, lomthakathi,
Le kpɔɖeŋu me, ne Israelvi aɖe atsɔ via ana be woatɔ dzoe abe vɔsa na anyigba ma dzi tɔwo ƒe mawuwo ene la, ele be woawui. Mele be Israelvi aɖeke nanye bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola, dzosala,
11 lophosayo, lolamadlozi, lolumbayo, lobuza kwabafileyo.
busudoamela, adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla o.
12 Ngoba wonke owenza lezizinto uyisinengiso eNkosini. Langenxa yalezizinengiso iNkosi uNkulunkulu wakho iyabaxotsha elifeni phambi kwakho.
Ame sia ame si awɔ nu siawo la anye ŋunyɔnu na Yehowa, eye esi wònye dukɔ mawo wɔa nu siawo tae Yehowa, wò Mawu la aɖe wo ɖa.
13 Uzakuba ngopheleleyo eNkosini uNkulunkulu wakho.
Ele be nàzɔ ale be fɔɖiɖi aɖeke manɔ wò zɔzɔme ŋu le Yehowa, wò Mawu la ŋkume o.”
14 Ngoba izizwe lezi, ozakudla ilifa lazo, zalalela abachasisa ngemibono labavumisi; kodwa wena, iNkosi uNkulunkulu wakho kayikuvumelanga okunjalo.
Dukɔ siwo katã ƒe teƒe nàxɔ la ɖoa to goloɖolawo kple bokɔnɔwo, ke Yehowa, wò Mawu la maɖe mɔ na wò ya be nàwɔ nu mawo o.
15 INkosi uNkulunkulu wakho izakuvusela uMprofethi ophuma phakathi kwakho kubafowenu onjengami; yena limlalele.
Yehowa wò Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome, tso mia nɔviwo Israelviwo dome abe nye ene. Ele be nàɖo to ame sia,
16 Njengakho konke owakucelayo eNkosini uNkulunkulu wakho eHorebe ngosuku lokuhlangana, usithi: Kangingaphindi ngilizwe ilizwi leNkosi uNkulunkulu wami, ngingabe ngisawubona lumlilo omkhulu, ukuze ngingafi.
elabena nu siae wò ŋutɔ nèbia Yehowa wò Mawu le Horeb to la dzi. Èɖe kuku le toa te le afi ma be, màgase Yehowa ƒe ŋɔdzigbe la azɔ loo alo agakpɔ dzo dziŋɔ ma le to la dzi be yeaku o.
17 INkosi yasisithi kimi: Benze kuhle kwabakukhulumileyo.
Yehowa gblɔ nam be, “Enyo; mawɔ wo biabia dzi na wo.
18 Ngizabavusela uMprofethi ophuma phakathi kwabafowabo onjengawe; ngizabeka amazwi ami emlonyeni wakhe, njalo akhulume kibo konke engizamlaya khona.
Maɖo nyagblɔɖila aɖe na mi tso mia dome wòanye Israelvi abe wò ene. Magblɔ nu si wòagblɔ la nɛ, eye eyae anye nye nyasela kple nyagblɔla na ameawo.
19 Kuzakuthi-ke loba ngubani ongayikulalela amazwi ami azawakhuluma ebizweni lami, ngizakubuza kuye.
Nye ŋutɔ mahe to na ame sia ame si maɖo toe, awɔ nye nya si wòagblɔ nɛ la dzi o.
20 Kodwa umprofethi oziqhenya ekhuluma ilizwi ebizweni lami engingamlayanga ukulikhuluma, loba ekhuluma ebizweni labanye onkulunkulu, lowomprofethi uzakufa.
Ke nyagblɔɖila si ada alakpa be yeƒe nya tso gbɔnye la aku. Nenema ke nyagblɔɖila ɖe sia ɖe si agblɔ be yeƒe nya tso mawu bubuwo gbɔ la, aku.”
21 Njalo uba usithi enhliziyweni yakho: Sizakwazi njani ilizwi iNkosi engalikhulumanga?
Ne èbia be, “Aleke míawɔ hafi anya ne nyagblɔɖi la tso Yehowa gbɔ loo alo metso egbɔ o?”
22 Lapho umprofethi ekhuluma ebizweni leNkosi, uba leyonto ingenzeki kumbe ingafiki, lelo yilizwi iNkosi engalikhulumanga; umprofethi ulikhulume ngokuziqhenya; ungamesabi.
Nenye be nya si wògblɔ ɖi la meva eme o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya la nɛ o, eya ŋutɔe kpae. Migaɖo to eƒe nya aɖeke o.