< Amahubo 23 >

1 Ihubo likaDavida. UThixo ungumelusi wami, angiyikuswela lutho.
David ƒe ha. Yehowae nye kplɔnyela, eya ta naneke mahiãm o.
2 Ungilalisa emadlelweni aluhlaza, ungikhokhelela emanzini apholileyo,
Lãnyiƒe damawo dzi wòna metsyɔ akɔ ɖo, eye wòkplɔm yi tɔʋu fafɛwo gbɔe,
3 uvuselela umphefumulo wami. Uyangihola ezindleleni zokulunga ngenxa yebizo lakhe.
hena nye luʋɔ gbɔ agbe. Ekplɔm to dzɔdzɔenyenye ƒe mɔwo dzi le eƒe ŋkɔ la ta.
4 Loba ngidabula esigodini sethunzi lokufa, angiyikwesaba okubi ngoba wena ulami; intonga Yakho lodondolo Lwakho kuyangiduduza.
Ne mezɔ to ku ƒe balime si do viviti tsiɖitsiɖi hã la, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye, eye wò lãkplɔti kple atikplɔ faa akɔ nam.
5 Ulungisa itafula phambi kwami emehlweni ezitha zami. Ugcoba ikhanda lami ngamafutha; inkomitsho yami igcwele iyaphuphuma.
Èɖo kplɔ̃ ɖe akɔnyeme le nye ketɔwo ƒe ŋkume. Èsi ami ɖe ta nam, nye kplu yɔ gbagba.
6 Impela okuhle lothando kuzangilandela zonke insuku zokuphila kwami, njalo ngizahlala endlini kaThixo kuze kube nininini.
Vavãe, dzɔgbenyui kple amenuveve adze yonyeme le nye agbemeŋkekewo katã me, eye manɔ Yehowa ƒe aƒe me ɖaa.

< Amahubo 23 >