< Salamans Mācītājs 11 >
1 Met savu maizi ūdenī, ar laiku tu to atdabūsi.
Na nu amewo faa elabena wò nunana atrɔ ava wò ŋutɔ gbɔwò gbe aɖe gbe emegbe.
2 Izdali to septiņiem vai astoņiem, jo tu nezini, kāda nelaime būs virs zemes.
Ma wò nunanawo ɖe akpa adre alo akpa enyi me elabena ɖewohĩ wò ŋutɔ ahiã kpekpeɖeŋu geɖe le ŋkeke siwo ava la me.
3 Kad padebeši pilni, tad tie izlej lietu uz zemi; un kā koks kritīs pret dienvidu vai pret ziemeli, - kur koks krīt, tur tas arī paliek.
Ne tsi sɔ gbɔ ɖe lilikpowo me la, tsi dzana. Ne ati aɖe mu eye wòdze dziehe alo anyiehe gome la, etsia afi si wòdze.
4 Kas uz vēju mana, tas nesēj, un kas uz padebešiem raugās, tas nepļauj.
Ame si léa ŋku ɖe ya ƒe ƒoƒo ŋu la, meƒãa nu o eye ame si léa ŋku ɖe lilikpowo ŋu la, meŋea nu o.
5 Tā kā tu nezini, kāds ceļš ir vējam, jeb kā kauli aug grūtas sievas miesās, tāpat tu nezini Dieva darbu, ko Viņš visu padara.
Mawu ƒe mɔwo le manyamanya me na mí abe ale si míenya ya ƒe toƒe o kple ale si ame ƒe gbɔgbɔ gena ɖe vidzĩ ƒe lãme le esime vidzĩ la le dadaa ƒe dɔme la o ene.
6 No rīta sēj savu sēklu un neliec mierā savu roku vakarā; jo tu nezini, kā jo labi izdosies, vai šā vai tā; un kad abējādi izdotos, tad būtu jo labi.
Nɔ wò nukuwo ƒaƒã dzi ko, elabena màte ŋu anya esiwo agbe miemie o; ɖewohĩ wo katã amie.
7 Gaišums ir salds un acīm tīk sauli redzēt.
Enye nu nyui wɔnuku aɖe be ame nanɔ agbe!
8 Bet jebšu cilvēks daudz gadus dzīvo un arvienu priecājās, tad lai tomēr viņš arī piemin tās nebaltās dienas, jo viņu būs daudz. Viss, kas nāk, ir niecība.
Ele be ame si tsi, xɔ ƒe geɖe la, nakpɔ dzidzɔ gbe sia gbe le eƒe agbe me, ke wòaɖo ŋku viviti ƒe ŋkekewo dzi, elabena woasɔ gbɔ, eye nu siwo le agbe sia me la nye tofloko sɔŋ ko, ne wotsɔ wo sɔ ɖe agbe kemɛ tɔwo ŋu.
9 Priecājies, jaunekli, savā jaunībā, un lai tava sirds tur labu prātu savas jaunības dienās, un staigā kā tava sirds kāro un kā tavām acīm patīk; bet zini, ka Dievs par visu šo tevi vedīs priekš tiesas.
Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, eye nàna wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpuime. Zɔ ɖe wò dzi ƒe didi kple wò ŋku ƒe nukpɔkpɔ nu, ke nyae be Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wò le nu siawo katã ta,
10 Tad izmet nu skumību no savas sirds un aizdzen ļaunumu no savām miesām; jo jaunība un rīta blāzma(bērnība) ir niecība.
eya ta ɖe nuxaxa ɖa le wò dzime, eye nàte nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa xaa tso wò ŋutilã gbɔ, elabena ɖekapuimenɔnɔ kple ŋutsumeɖoɖo hã nye tofloko ko.