< Apocalypsis 21 >
1 et vidi caelum novum et terram novam primum enim caelum et prima terra abiit et mare iam non est
Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, elabena dziƒo gbãtɔ kple anyigba gbãtɔ nu va yi, eye atsiaƒu aɖeke hã megali o.
2 et civitatem sanctam Hierusalem novam vidi descendentem de caelo a Deo paratam sicut sponsam ornatam viro suo
Mekpɔ Du Kɔkɔe la si nye Yerusalem yeye la le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye woɖo atsyɔ̃ nɛ abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene.
3 et audivi vocem magnam de throno dicentem ecce tabernaculum Dei cum hominibus et habitabit cum eis et ipsi populus eius erunt et ipse Deus cum eis erit eorum Deus
Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ, eye wòanye woƒe Mawu.
4 et absterget Deus omnem lacrimam ab oculis eorum et mors ultra non erit neque luctus neque clamor neque dolor erit ultra quae prima abierunt
Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo dzi; ku alo konyifafa alo avifafa alo vevesese maganɔ anyi o, elabena nuɖoanyi xoxoawo nu va yi.”
5 et dixit qui sedebat in throno ecce nova facio omnia et dicit scribe quia haec verba fidelissima sunt et vera
Ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la gblɔ be, “Mele nuwo katã wɔm yeyee!” Tete wògblɔ be, “Ŋlɔ nu sia da ɖi, elabena nya siawo nye nya siwo dzi woaka ɖo, eye wonye nyateƒenyawo hã.”
6 et dixit mihi factum est ego sum Alpha et Omega initium et finis ego sitienti dabo de fonte aquae vivae gratis
Eyi edzi gblɔ nam be, “Wowɔe vɔ. Nyee nye Alfa kple Omega, Gɔmedzedze kple Nuwuwu. Ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsii wòano tso agbetsivudo la me femaxee.
7 qui vicerit possidebit haec et ero illi Deus et ille erit mihi filius
Ame si ɖu dzi la, anyi nu siawo katã ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye,
8 timidis autem et incredulis et execratis et homicidis et fornicatoribus et veneficis et idolatris et omnibus mendacibus pars illorum erit in stagno ardenti igne et sulphure quod est mors secunda (Limnē Pyr )
gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo, ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.” (Limnē Pyr )
9 et venit unus de septem angelis habentibus fialas plenas septem plagis novissimis et locutus est mecum dicens veni ostendam tibi sponsam uxorem agni
Mawudɔla adre siwo lé kplu adre siwo me dɔvɔ̃ adre mamlɛawo le la dometɔ ɖeka va gblɔ nam be, “Va, ne mafia ŋugbetɔ si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò.”
10 et sustulit me in spiritu in montem magnum et altum et ostendit mihi civitatem sanctam Hierusalem descendentem de caelo a Deo
Tete wòkɔm dzoe le Gbɔgbɔ la me heyi ɖe to gã kɔkɔ aɖe dzi, eye wòɖe Du Kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la fiam.
11 habentem claritatem Dei lumen eius simile lapidi pretioso tamquam lapidi iaspidis sicut cristallum
Ele keklẽm kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe, eye eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi aɖe ene, eye wòle abe yaspakpe ene, eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene.
12 et habebat murum magnum et altum habens portas duodecim et in portis angelos duodecim et nomina inscripta quae sunt nomina duodecim tribuum filiorum Israhel
Wotɔ kpɔ titri kɔkɔ aɖe ɖe eŋu, eye woɖe mɔnu wuieve siwo nu agbo le la ɖe gli la me, eye mawudɔla wuieve le agboawo nu. Woŋlɔ Israel ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo dzi.
13 ab oriente portae tres et ab aquilone portae tres et ab austro portae tres et ab occasu portae tres
Agbo etɔ̃ le ɣedzeƒe, etɔ̃ le anyiehe, etɔ̃ le dziehe, eye etɔ̃ le ɣetoɖoƒe.
14 et murus civitatis habens fundamenta duodecim et in ipsis duodecim nomina duodecim apostolorum agni
Woɖo gɔmeɖokpe wuieve na du la ƒe gliwo, eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.
15 et qui loquebatur mecum habebat mensuram harundinem auream ut metiretur civitatem et portas eius et murum
Mawudɔla si ƒo nu kplim la lé sikanudzidzenu ɖe asi be yeadzidze du la, eƒe agbowo kple eƒe gliwo.
16 et civitas in quadro posita est et longitudo eius tanta est quanta et latitudo et mensus est civitatem de harundine per stadia duodecim milia longitudo et latitudo et altitudo eius aequalia sunt
Wotso du la ale be eƒe kekeme kple didime siaa sɔ. Edzidze du la, eye wòkpɔ be eƒe didime, kekeme kple kɔkɔme katã nye dzidzeme ɖeka si nye kilomita akpe eve kple alafa eve.
17 et mensus est murus eius centum quadraginta quattuor cubitorum mensura hominis quae est angeli
Edzidze gli la ƒe titrime, eye le amegbetɔ ƒe dzidzeka si mawudɔla la lé la nu la, titrime la le mita blaade-vɔ-atɔ̃.
18 et erat structura muri eius ex lapide iaspide ipsa vero civitas auro mundo simile vitro mundo
Wotsɔ yaspakpe xɔasi ɖo gli lae, eye wotsɔ sika si me kɔ abe ahuhɔ̃e ene la tso du lae.
19 fundamenta muri civitatis omni lapide pretioso ornata fundamentum primum iaspis secundus sapphyrus tertius carcedonius quartus zmaragdus
Wotsɔ kpe xɔasi vovovowo ɖo atsyɔ̃ na dua ƒe gli ƒe gɔmeɖokpee. Yaspakpe nye fli gbãtɔ, wotsɔ safirkpe ɖo fli eveliae, fli etɔ̃lia nye kalkedonikpe, fli enelia nye emeraldkpe;
20 quintus sardonix sextus sardinus septimus chrysolitus octavus berillus nonus topazius decimus chrysoprassus undecimus hyacinthus duodecimus amethistus
woɖo fli atɔ̃lia kple sardonixkpe, fli adelia nye karneliakpe, adrelia nye krisolitekpe, enyilia nye berilkpe, asiekɛlia nye topazkpe, ewolia nye krisoprasekpe, wuiɖekɛlia nye yakintkpe, eye wuievelia nye ametistkpe.
21 et duodecim portae duodecim margaritae sunt per singulas et singulae portae erant ex singulis margaritis et platea civitatis aurum mundum tamquam vitrum perlucidum
Agbo wuieveawo nye kpe xɔasi wuieve, eye wowɔ agbo ɖe sia ɖe kple kpe xɔasi ɖeka. Wowɔ dumɔ gã la kple sika akuakua, eye eme dza abe ahuhɔ̃e ene.
22 et templum non vidi in ea Dominus enim Deus omnipotens templum illius est et agnus
Nyemekpɔ gbedoxɔ aɖeke le du la me o, elabena Aƒetɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ kple Alẽvi lae nye eƒe gbedoxɔ.
23 et civitas non eget sole neque luna ut luceant in ea nam claritas Dei inluminavit eam et lucerna eius est agnus
Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woaklẽ nɛ o, elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe naa kekelii, eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi.
24 et ambulabunt gentes per lumen eius et reges terrae adferent gloriam suam et honorem in illam
Dukɔwo azɔ le eƒe kekeli nu, eye anyigbadzifiawo atsɔ woƒe atsyɔ̃ age ɖe eme.
25 et portae eius non cludentur per diem nox enim non erit illic
Eƒe agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa, elabena zã mado le afi ma o.
26 et adferent gloriam et honorem gentium in illam
Woatsɔ dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe kple bubu ava eme.
27 nec intrabit in ea aliquid coinquinatum et faciens abominationem et mendacium nisi qui scripti sunt in libro vitae agni
Nu makɔmakɔ aɖeke mage ɖe eme gbeɖe o; nenema kee nye ŋunyɔnuwɔlawo kple ameblelawo hã, negbe ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽ la me koe age ɖe eme.