< Psalmorum 130 >

1 canticum graduum de profundis clamavi ad te Domine
Mɔzɔha. O! Yehowa, mele koko ƒom na wò tso nye dzi me ke.
2 Domine exaudi vocem meam fiant aures tuae intendentes in vocem deprecationis meae
O! Aƒetɔ, ɖo to nye gbe. Wò to nenɔ te nàse nye nublanuiɣli.
3 si iniquitates observabis Domine Domine quis sustinebit
O! Yehowa, ne àlé amewo ƒe nu vɔ̃wo ɖe agbalẽ me ada ɖi la, O! Aƒetɔ, ame ka ate ŋu anɔ te?
4 quia apud te propitiatio est propter legem tuam sustinui te Domine sustinuit anima mea in verbum eius
Ke wò la, tsɔtsɔke le gbɔwò, eya ta wovɔ̃a wò ɖo.
5 speravit anima mea in Domino
Mele Yehowa ƒe asinu kpɔm, nye luʋɔ le lalam, eye metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe nya dzi.
6 a custodia matutina usque ad noctem speret Israhel in Domino
Nye luʋɔ le lalam na Aƒetɔ la wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke; mebe wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke.
7 quia apud Dominum misericordia et copiosa apud eum redemptio
O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi, elabena lɔlɔ̃ matrɔ le Yehowa si, eye ɖeɖe blibo le eya amea gbɔ.
8 et ipse redimet Israhel ex omnibus iniquitatibus eius
Eya ŋutɔ aɖe Israel tso eƒe nu vɔ̃wo katã me.

< Psalmorum 130 >