< Psalmorum 113 >

1 alleluia laudate pueri Dominum laudate nomen Domini
Mikafu Yehowa. O! Mi Yehowa ƒe dɔlawo, mikafui, mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ.
2 sit nomen Domini benedictum ex hoc nunc et usque in saeculum
Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso fifia yi ɖe mavɔ me ke.
3 a solis ortu usque ad occasum laudabile nomen Domini
Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣeyiɣi si ɣe adze va se ɖe esi wòaɖo to ɖe afi si wòɖoa to ɖo.
4 excelsus super omnes gentes Dominus super caelos gloria eius
Yehowa nye gã ɖe dukɔwo katã dzi, eye eƒe ŋutikɔkɔe gbɔ dziƒowo ta.
5 quis sicut Dominus Deus noster qui in altis habitat
Ame kae le abe Yehowa, míaƒe Mawu la ene, ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi le dziƒo,
6 et humilia respicit in caelo et in terra
eye wòbɔbɔ be yeakpɔ dziƒowo kple anyigba ɖa?
7 suscitans a terra inopem et de stercore erigens pauperem
Efɔ ame dahe ɖe tsitre tso ke me, eye wòfɔ hiãtɔ ɖe dzi tso dzowɔ me;
8 ut conlocet eum cum principibus cum principibus populi sui
hetsɔ wo ɖo dumegãwo xa, ɛ̃, woƒe dumegãwo xa.
9 qui habitare facit sterilem in domo matrem filiorum laetantem
Ame si na konɔ nɔa eƒe aƒe me, hekpɔa dzidzɔ abe viwo dada ene. Mikafu Yehowa.

< Psalmorum 113 >