< Lucam 23 >
1 et surgens omnis multitudo eorum duxerunt illum ad Pilatum
Azɔ ha blibo la katã tso hekplɔ Yesu va Pilato gbɔ.
2 coeperunt autem accusare illum dicentes hunc invenimus subvertentem gentem nostram et prohibentem tributa dari Caesari et dicentem se Christum regem esse
Esi woɖo afi ma teti ko la, wode asi enutsotso me na Pilato be, “Ŋutsu sia le to gblẽm na dukɔa me viwo be womegadzɔ nu na Kaisaro o. Gawu la, etɔ asi akɔta be yee nye míaƒe Kristo si nye fia si gbɔna la.”
3 Pilatus autem interrogavit eum dicens tu es rex Iudaeorum at ille respondens ait tu dicis
Pilato bia Yesu be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?” Eɖo eŋu be, “Wòe le egblɔm.”
4 ait autem Pilatus ad principes sacerdotum et turbas nihil invenio causae in hoc homine
Pilato trɔ ɖe nunɔlagãwo kple ameha la ŋu gblɔ be, “Nyemekpɔ vodada aɖeke le ame sia ŋu o.”
5 at illi invalescebant dicentes commovet populum docens per universam Iudaeam et incipiens a Galilaea usque huc
Ke ameawo ganɔ nutsotso nam le eŋu vevie ŋutɔ. Wogblɔ na Pilato be, “Ne medze agɔ o hã la, ehe tɔtɔ geɖe vɛ. Ena be amewo le tsitre tsim ɖe dziɖuɖua ŋu le afi sia afi si wòde hefia nu la. Ewɔ esia ƒo xlã Yudea godoo kpe ɖo tso keke Galilea va se ɖe Yerusalem ke!”
6 Pilatus autem audiens Galilaeam interrogavit si homo Galilaeus esset
Esi Pilato se nya siawo la, ebia be ame la ɖe, “Galileatɔ wònyea?”
7 et ut cognovit quod de Herodis potestate esset remisit eum ad Herodem qui et ipse Hierosolymis erat illis diebus
Ke esi wòse be Yesu tso Herod ƒe ŋusẽ te la, eɖoe ɖe Herod, ame si hã nɔ Yerusalem le ŋkeke mawo me.
8 Herodes autem viso Iesu gavisus est valde erat enim cupiens ex multo tempore videre eum eo quod audiret multa de illo et sperabat signum aliquod videre ab eo fieri
Herod kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòkpɔ Yesu elabena ese eŋkɔ zi geɖe, eye wòse nukunu gã siwo katã wòwɔ la hã, ale wònɔ mɔ kpɔm be awɔ dzesi aɖe yeakpɔ.
9 interrogabat autem illum multis sermonibus at ipse nihil illi respondebat
Herod bia nya geɖewo Yesu, ke meɖo ɖeke ŋu nɛ o.
10 stabant etiam principes sacerdotum et scribae constanter accusantes eum
Le ɣeyiɣi siawo katã me la, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ tsitre ɖe afi ma nɔ nutsotso geɖewo nam le Yesu ŋu kabakaba ŋutɔ.
11 sprevit autem illum Herodes cum exercitu suo et inlusit indutum veste alba et remisit ad Pilatum
Herod kple eƒe asrafowo hã va de asi vlododoe me. Woɖu fewu geɖe hã le eŋu, wodo awu nɛ abe fia ene, eye wogagbugbɔe ɖo ɖe Pilato gbɔ.
12 et facti sunt amici Herodes et Pilatus in ipsa die nam antea inimici erant ad invicem
Tso gbe ma gbe la, Herod kple Pilato, ame siwo lé fu wo nɔewo vevie tsã la trɔ zu xɔlɔ̃ veviwo.
13 Pilatus autem convocatis principibus sacerdotum et magistratibus et plebe
Pilato yɔ Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, dumegãwo kple ameha la ƒo ƒui,
14 dixit ad illos obtulistis mihi hunc hominem quasi avertentem populum et ecce ego coram vobis interrogans nullam causam inveni in homine isto ex his in quibus eum accusatis
eye wògblɔ na wo be, “Togbɔ be miekplɔ ame sia vɛ be egblẽ to na ame geɖewo be woatsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu hã la, meku miaƒe nutsotsoa gɔme tsitotsito, ke mekpɔe dze sii kɔtɛe be ame sia medze agɔ aɖeke o.
15 sed neque Herodes nam remisi vos ad illum et ecce nihil dignum morte actum est ei
Herod hã kpɔe be medze agɔ o, eya ta wògatrɔe ɖo ɖe mí. Vavã ame sia mewɔ naneke si ta wòle be woatso kufia nɛ o.
16 emendatum ergo illum dimittam
Le esia ta la, mana woaƒoe sesĩe le dutoƒo, eye maɖe asi le eŋu.” [
17 necesse autem habebat dimittere eis per diem festum unum
Azɔ ele na Pilato be wòaɖe asi le gamenɔla ɖeka ŋu na wo le Ŋutitoto ŋkekenyuia dzi.]
18 exclamavit autem simul universa turba dicens tolle hunc et dimitte nobis Barabban
Ke wo katã do ɣli kple gbe ɖeka be, “Ɖe ame sia ɖa! Ɖe asi le Barabas ŋu na mí!”
19 qui erat propter seditionem quandam factam in civitate et homicidium missus in carcerem
(Barabas sia nye ame aɖe si wolé de gaxɔ me be ehe tɔtɔ gã aɖe va Yerusalem, be amewo natsi tsitre ɖe dziɖuɖua ŋu. Gawu la, ewu ame hã.)
20 iterum autem Pilatus locutus est ad illos volens dimittere Iesum
Eya ta Pilato gaɖe nya me na ameha la, elabena edi vevie be yeaɖe asi le Yesu ŋu.
21 at illi succlamabant dicentes crucifige crucifige illum
Gake ɖeko ameha la gado ɣli sesĩe wu be, “Klãe ɖe ati ŋu! Klãe ɖe ati ŋu!”
22 ille autem tertio dixit ad illos quid enim mali fecit iste nullam causam mortis invenio in eo corripiam ergo illum et dimittam
Pilato gabia wo zi etɔ̃lia be, “Nu ka ta wòle be maklãe ɖe ati ŋu ɖo? Vɔ̃ kae wòwɔ? Ɖeko maƒo ame sia, eye maɖe asi le eŋu, elabena nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le eŋu si ana be matso kufia nɛ o.”
23 at illi instabant vocibus magnis postulantes ut crucifigeretur et invalescebant voces eorum
Gake ɖeko ameawo ganɔ ɣli dom sesĩe atraɖii be woaklã Yesu ɖe ati ŋu.
24 et Pilatus adiudicavit fieri petitionem eorum
Mlɔeba la, Pilato wɔ ɖe woƒe didi dzi, eye wòtso kufia na Yesu.
25 dimisit autem illis eum qui propter homicidium et seditionem missus fuerat in carcerem quem petebant Iesum vero tradidit voluntati eorum
Ale wòtsɔ Yesu de asi na wo be woawɔ nu si wolɔ̃ la kplii. Ke eɖe asi le Baraba ame si wode mɔ ɖe ʋunyaʋunyawɔwɔ kple amewuwu ta la ŋu.
26 et cum ducerent eum adprehenderunt Simonem quendam Cyrenensem venientem de villa et inposuerunt illi crucem portare post Iesum
Esi ameha la kplɔ Yesu yina wuwu ge la, wodo go ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn, ame si nye Kirenetɔ la wòtso agbleta gbɔna Yerusalem. Ale wozi edzi be wòatsɔ Yesu ƒe atitsoga la kplii.
27 sequebatur autem illum multa turba populi et mulierum quae plangebant et lamentabant eum
Ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo, eye nyɔnu geɖewo nɔ avi fam ɖe eŋu le wo dome.
28 conversus autem ad illas Iesus dixit filiae Hierusalem nolite flere super me sed super vos ipsas flete et super filios vestros
Yesu trɔ ɖe konyifala siawo ŋu gblɔ na wo be, “Yerusalem nyɔnuwo, migafa avi ɖe ŋunye o, ke boŋ mifa avi na mia ɖokuiwo kple mia viwo.
29 quoniam ecce venient dies in quibus dicent beatae steriles et ventres qui non genuerunt et ubera quae non lactaverunt
Elabena ŋkeke aɖewo gbɔna esime woagblɔ be, ‘Woayra konɔwo kple dɔ siwo medzi vi o kpakple no siwo mena notsi kpɔ o la!’
30 tunc incipient dicere montibus cadite super nos et collibus operite nos
Ekema “‘amegbetɔwo agblɔ na towo be, “Mitsyɔ mía dzi!” eye wogblɔ na togbɛwo be, “Mitsyɔ mía dzi!”’
31 quia si in viridi ligno haec faciunt in arido quid fiet
Megblɔ esia, elabena ne wole nu siawo ƒomevi wɔm ɖe ati mumu ŋu ɖe, nu ka woawɔ ɖe ati ƒuƒu ŋu?”
32 ducebantur autem et alii duo nequam cum eo ut interficerentur
Wokplɔ ŋutsu bubu eve siwo nye hlɔ̃dolawo kpe ɖe eŋu be woaklã woawo hã ɖe ati ŋu kplii.
33 et postquam venerunt in locum qui vocatur Calvariae ibi crucifixerunt eum et latrones unum a dextris et alterum a sinistris
Esi woɖo teƒe si woyɔna be “Ametakoliƒe” la, woklãe ɖe ati ŋu le afi ma, hlɔ̃dola ɖeka le eƒe nuɖusime, eye ɖeka le eƒe miame.
34 Iesus autem dicebat Pater dimitte illis non enim sciunt quid faciunt dividentes vero vestimenta eius miserunt sortes
Sẽe la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Fofo tsɔ ame siawo ƒe nu vɔ̃wo ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole la o.” Asrafowo ɖe eƒe awuwo le eŋu, eye woda akɔ ɖe ɖe sia ɖe dzi hemae.
35 et stabat populus expectans et deridebant illum principes cum eis dicentes alios salvos fecit se salvum faciat si hic est Christus Dei electus
Ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ Yesu kpɔm. Ke Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ wo dome la nɔ fewu ɖum le eŋu. Wogblɔ be, “Ame sia ɖe ame geɖewo, ke mina miakpɔe ɖa be ate ŋu aɖe eya ŋutɔ ɖokui le atia ŋu nenye eyae nye Kristo si nye Mawu ƒe Ame tiatia la vavã.”
36 inludebant autem ei et milites accedentes et acetum offerentes illi
Asrafo siwo nɔ eŋu dzɔm hã ɖu fewu le eŋu. Wotsɔ aha tsitsi nɛ be wòano,
37 dicentes si tu es rex Iudaeorum salvum te fac
eye wogblɔ be, “Nenye wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la, ekema ɖe wò ŋutɔ ɖokuiwò.”
38 erat autem et superscriptio inscripta super illum litteris graecis et latinis et hebraicis hic est rex Iudaeorum
Woŋlɔ klã ɖe eƒe atitsoga tame be, ame siae nye Yudatɔwo ƒe Fia.
39 unus autem de his qui pendebant latronibus blasphemabat eum dicens si tu es Christus salvum fac temet ipsum et nos
Adzodala siwo woklã ɖe ati ŋu le egbɔ la dometɔ ɖeka gblɔ busunya sia ɖe eŋu be, “Ke wò boŋue nye Kristo la? Nenye wòe la, ekema ɖe ɖokuiwò, eye nàɖe míawo hã le atitsoga la ŋue.”
40 respondens autem alter increpabat illum dicens neque tu times Deum quod in eadem damnatione es
Ke adzodala evelia blu ɖe nɔvia ta be, “Ɖe mevɔ̃a Mawu oa, esi mí katã míele fɔbubu ma ke tea?
41 et nos quidem iuste nam digna factis recipimus hic vero nihil mali gessit
Míawo ya tohehe sia dze mí, elabena nu si dze míaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo la, eya kpɔm míele. Ke ame sia ya mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.”
42 et dicebat ad Iesum Domine memento mei cum veneris in regnum tuum
Eyi edzi be, “Yesu ɖo ŋku dzinye le wò fiaɖuƒe la me.”
43 et dixit illi Iesus amen dico tibi hodie mecum eris in paradiso
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm na wò be, egbea ke nànɔ Paradiso la me kplim.”
44 erat autem fere hora sexta et tenebrae factae sunt in universa terra usque in nonam horam
Le ɣeyiɣi sia me la, eƒo ga wuieve lɔƒo, ke viviti do ɖe anyigba blibo la katã dzi enumake va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me.
45 et obscuratus est sol et velum templi scissum est medium
Ɣe ƒe keklẽ bu, eye enumake xɔmetsovɔ titri si wotsɔ tso gbedoxɔ la mee la ma ɖe akpa eve.
46 et clamans voce magna Iesus ait Pater in manus tuas commendo spiritum meum et haec dicens exspiravit
Yesu do ɣli sesĩe le gaƒoƒo sia me gblɔ be, “Fofo, metsɔ nye gbɔgbɔ de asiwò me.” Esi wògblɔ nya siawo vɔ ko la, emia nu kpoo.
47 videns autem centurio quod factum fuerat glorificavit Deum dicens vere hic homo iustus erat
Esi Romasrafo siwo klã Yesu ɖe ati ŋu la ƒe amegã kpɔ nu si dzɔ la, vɔvɔ̃ ɖoe, ale wòkafu Mawu gblɔ be, “Le nyateƒe me, ame sia medze agɔ aɖeke o.”
48 et omnis turba eorum qui simul aderant ad spectaculum istud et videbant quae fiebant percutientes pectora sua revertebantur
Esi ame siwo katã va ƒo ƒu be yewoakpɔ nu siwo ava dzɔ teƒe la kpɔ nu siwo va dzɔ la, wotrɔ dzo nɔ woƒe akɔta ƒom.
49 stabant autem omnes noti eius a longe et mulieres quae secutae erant eum a Galilaea haec videntes
Ke eƒe ame nyanyɛwo katã kple nyɔnu siwo dze eyome tso Galilea la tsi tsitre ɖe adzɔge ke le nu siawo kpɔm.
50 et ecce vir nomine Ioseph qui erat decurio vir bonus et iustus
Azɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yosef, Yudatɔwo ƒe Takpekpegã me nɔla, ame si nye ame nyui kple ame dzɔdzɔe,
51 hic non consenserat consilio et actibus eorum ab Arimathia civitate Iudaeae qui expectabat et ipse regnum Dei
ame si melɔ̃ ɖe woƒe aɖaŋudede kple woƒe nuwɔwɔ dzi o la nɔ anyi, etso Yuda du si woyɔna be Arimatia la me, eye wònye ame si le mɔ kpɔm na mawufiaɖuƒe la ƒe vava.
52 hic accessit ad Pilatum et petiit corpus Iesu
Ŋutsu sia yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua.
53 et depositum involvit sindone et posuit eum in monumento exciso in quo nondum quisquam positus fuerat
Wona mɔe, eye wòɖe Yesu ƒe kukua le atitsoga la ŋu. Exatsa aklala ɖe eŋu, eye wòtsɔe yi ɖamlɔ yɔdo yeye aɖe si woɖe ɖe agakpe aɖe si le togbɛ aɖe xa la me. Womeɖi ame aɖeke ɖe yɔdo sia me kpɔ o.
54 et dies erat parasceves et sabbatum inlucescebat
Ewɔ esia le Fiɖagbe ɣetrɔ le esime amewo nɔ dzadzraɖo wɔm na Dzudzɔgbe ŋkekea ɖuɖu.
55 subsecutae autem mulieres quae cum ipso venerant de Galilaea viderunt monumentum et quemadmodum positum erat corpus eius
Esi Yosef kɔ ame kukua yina ɖiɖi ge la, nyɔnu siwo tso Galilea va la kplɔe ɖo, eye woyi ɖakpɔ afi si wòɖii ɖo.
56 et revertentes paraverunt aromata et unguenta et sabbato quidem siluerunt secundum mandatum
Ale woyi aƒe me ɖawɔ atikewo kple ami ʋeʋĩwo be yewoava si na Yesu ƒe kukua. Gake esi wowu ami ʋeʋĩwo kple atikeawo wɔwɔ nu la, Dzudzɔgbe ŋkekea ɖo edzi, eye le Yudatɔwo ƒe kɔa nu la, wodzudzɔ le ŋkeke sia dzi.