< Deuteronomii 23 >

1 non intrabit eunuchus adtritis vel amputatis testiculis et absciso veretro ecclesiam Domini
“Ŋutsu si ƒe voku gbã alo ŋutsu si ƒe ŋutsu wolã la mekpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒe la o.
2 non ingredietur mamzer hoc est de scorto natus in ecclesiam Domini usque ad decimam generationem
Ahasivi aɖeke ŋutɔ alo eƒe dzidzimevi siwo anɔ dzidzime gbãtɔ va se ɖe ewolia dzi me la mekpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒe la o.
3 Ammanites et Moabites etiam post decimam generationem non intrabunt ecclesiam Domini in aeternum
“Amonitɔ alo Moabtɔ aɖeke, le dzidzime ewolia megbe gɔ̃ hã mekpɔ mɔ age ɖe kɔkɔeƒe la o.
4 quia noluerunt vobis occurrere cum pane et aqua in via quando egressi estis de Aegypto et quia conduxerunt contra te Balaam filium Beor de Mesopotamiam Syriae ut malediceret tibi
Nu si ta mede se sia ɖoe nye be, dukɔ siawo mena nuɖuɖu kple tsi mí esi mietso Egipte va ɖo wo gbɔ o. Gawu la, woxe fe na Balaam, Beor ƒe viŋutsu, tso Petor le Aram Naharaim be wòaƒo fi ade mí.
5 et noluit Dominus Deus tuus audire Balaam vertitque maledictionem eius in benedictionem tuam eo quod diligeret te
Yehowa wò Mawu meɖo to Balaam o, ke boŋ etrɔ fi si wòdi be yeaƒo ade mí la wòzu yayra na mí, elabena Yehowa lɔ̃ mí.
6 non facies cum eis pacem nec quaeres eis bona cunctis diebus vitae tuae in sempiternum
Ŋkeke ale si miele agbe la, mele be miana kpekpeɖeŋu aɖeke Amoritɔwo kple Moabtɔwo akpɔ o.
7 non abominaberis Idumeum quia frater tuus est nec Aegyptium quia advena fuisti in terra eius
Ke migado vlo Edomtɔwo kple Egiptetɔwo ya o. Mia nɔviwoe nye Edomtɔwo, eye mienɔ Egiptetɔwo dome kpɔ.
8 qui nati fuerint ex eis tertia generatione intrabunt ecclesiam Domini
Egiptetɔwo ƒe dzidzimevi siwo va kpli mi la kpɔ mɔ age ɖe Yehowa ƒe Kɔkɔeƒe la.”
9 quando egressus fueris adversus hostes tuos in pugnam custodies te ab omni re mala
“Ne mieyi aʋa la, ŋutsu siwo le asaɖa la me la mekpɔ mɔ awɔ nu vɔ̃ aɖeke o.
10 si fuerit inter vos homo qui nocturno pollutus sit somnio egredietur extra castra
Ele be ŋutsu ɖe sia ɖe si gblẽ kɔ ɖo na eɖokui to ŋutsutsinyenye me le zã me la nado le asaɖa la me,
11 et non revertetur priusquam ad vesperam lavetur aqua et post solis occasum regredietur in castra
anɔ asaɖa la godo va se ɖe fiẽ, ekema ale tsi, eye wòatrɔ ava asaɖa la me ne ɣe ɖo to.
12 habebis locum extra castra ad quem egrediaris ad requisita naturae
Woawɔ afɔdzideƒe ɖe asaɖa la godo.
13 gerens paxillum in balteo cumque sederis fodies per circuitum et egesta humo operies
Ele be sofi nanɔ ŋutsu ɖe sia ɖe si. Ne ede afɔdzi la, ele be wòatsɔ sofi la, eye wòaku ke atsyɔ afɔdzi la dzi.
14 quo relevatus es Dominus enim Deus tuus ambulat in medio castrorum ut eruat te et tradat tibi inimicos tuos ut sint castra tua sancta et nihil in eis appareat foeditatis nec derelinquat te
Ele be asaɖa la me nanɔ kɔkɔe, elabena Yehowa miaƒe Mawu zɔna le mia dome be yeadzɔ mia ŋu, eye yeana miaƒe futɔwo nade ta agu na mi. Yehowa medi be yeakpɔ nu nyɔŋu aɖeke ne yeatrɔ adzo le mia gbɔ o.”
15 non trades servum domino suo qui ad te confugerit
“Ne kluvi aɖe si dzo le eƒe aƒetɔ gbɔ la, mègazi edzi be wòatrɔ ayi eƒe aƒetɔ gbɔ o.
16 habitabit tecum in loco qui ei placuerit et in una urbium tuarum requiescet nec contristes eum
Na wòatsi mia dome le du si me wòadi be yeanɔ eye mègatee ɖe anyi o.
17 non erit meretrix de filiabus Israhel neque scortator de filiis Israhel
“Ŋutsu alo nyɔnu si nye gbolo la mekpɔ mɔ anɔ Israelnyigba dzi o.
18 non offeres mercedem prostibuli nec pretium canis in domum Domini Dei tui quicquid illud est quod voverint quia abominatio est utrumque apud Dominum Deum tuum
Mègaxɔ nunana aɖeke tso gbolo aɖeke ƒe gboloho me alo tso ŋutsu siwo dɔa ŋutsuwo gbɔ la ƒe ahasiho me atsɔ na Yehowa o, elabena ame ƒomevi eve siawo nye ŋunyɔ na Yehowa, wò Mawu la.
19 non fenerabis fratri tuo ad usuram pecuniam nec fruges nec quamlibet aliam rem
“Mègaxɔ deme ɖe nu si nèdo na nɔviwò, Israelvi la ta o, eɖanye ga, nuɖuɖu alo nu bubu ɖe sia ɖe o.
20 sed alieno fratri autem tuo absque usura id quod indiget commodabis ut benedicat tibi Dominus Deus tuus in omni opere tuo in terra ad quam ingredieris possidendam
Ele be nàxɔ deme le amedzro si, gake menye le Israelvi aɖeke si o, elabena ne èxɔ deme le nɔviwò Israelvi si la, Yehowa, wò Mawu la mayra wò ne èɖo Ŋugbedodonyigba la dzi o.
21 cum voveris votum Domino Deo tuo non tardabis reddere quia requiret illud Dominus Deus tuus et si moratus fueris reputabit tibi in peccatum
“Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, ele be nàtso ɖe nu si ŋugbe nèdo nɛ la wɔwɔ ŋu kaba, elabena Yehowa bia be nàxe wò adzɔgbeɖefewo kaba. Ne mèwɔ se sia dzi o la, èwɔ nu vɔ̃.
22 si nolueris polliceri absque peccato eris
Ke ne mèɖe adzɔgbe kura o la, mèwɔ nu vɔ̃ o.
23 quod autem semel egressum est de labiis tuis observabis et facies sicut promisisti Domino Deo tuo et propria voluntate et ore tuo locutus es
Ne ènya ɖe adzɔgbe ko la, ele be nàkpɔ egbɔ be yewɔ nu si ŋugbe nèdo be yeawɔ la kokoko, elabena wò ŋutɔe tia nu si nàwɔ, eye Yehowa, wò Mawu lae nèɖe adzɔgbe na.
24 ingressus vineam proximi tui comede uvas quantum tibi placuerit foras autem ne efferas tecum
“Ne èyi ame bubu aɖe ƒe waingble me la, àte ŋu aɖu eƒe waintsetse aɖi ƒo, gake mèkpɔ mɔ atsɔ ɖeke ade naneke me adzoe o.
25 si intraveris in segetem amici tui franges spicas et manu conteres falce autem non metes
Se ma kee le bli hã ŋuti; àte ŋu atsɔ asi aŋe bli ʋɛ aɖewo, gake mègatsɔ nuŋehɛ aŋe hawòvi ƒe bli o.”

< Deuteronomii 23 >