< I Samuelis 17 >

1 congregantes vero Philisthim agmina sua in proelium convenerunt in Soccho Iudae et castrametati sunt inter Soccho et Azeca in finibus Dommim
Azɔ la, Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔ nu ƒu hena aʋawɔwɔ eye wova ƒo ƒu ɖe Soko le Yuda. Woƒu asaɖa anyi ɖe Efes Damim le Soko kple Azeka dome.
2 porro Saul et viri Israhel congregati venerunt in valle Terebinthi et direxerunt aciem ad pugnandum contra Philisthim
Saul kple Israelviwo hã ƒo ƒu, woƒu asaɖa anyi ɖe Ela balime eye wodze aʋalɔgowo ɖe Filistitɔwo ŋu.
3 et Philisthim stabant super montem ex hac parte et Israhel stabat super montem ex altera parte vallisque erat inter eos
Ale Filistitɔwo kple Israelviwo nɔ to eve dzi dze ŋgɔ wo nɔewo eye balime la tso wo dome.
4 et egressus est vir spurius de castris Philisthinorum nomine Goliath de Geth altitudinis sex cubitorum et palmo
Aʋakalẽtɔ aɖe si ŋkɔe nye Goliat, ame si tso Gat do go tso Filistitɔwo ƒe asaɖa me. Ŋutsu sia ƒe kɔkɔme anɔ mita etɔ̃.
5 et cassis aerea super caput eius et lorica hamata induebatur porro pondus loricae eius quinque milia siclorum aeris
Eɖɔ akɔbligakuku eye wòkpla akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli si ƒe kpekpeme nye kilogram blaatɔ̃-vɔ-adre.
6 et ocreas aereas habebat in cruribus et clypeus aereus tegebat umeros eius
Edo akpoxɔnu si wowɔ kple akɔbli la ɖe afɔ eye wòlé akɔbli ƒe akplɔ didi aɖe ɖe abɔta.
7 hastile autem hastae eius erat quasi liciatorium texentium ipsum autem ferrum hastae eius sescentos siclos habebat ferri et armiger eius antecedebat eum
Eƒe akplɔti le abe abaladoti ene eye wowɔ akplɔ si le enu la kple gayibɔ si ƒe kpekpeme anye kilogram adre. Eƒe akpoxɔnutsɔla nɔ eŋgɔ.
8 stansque clamabat adversum falangas Israhel et dicebat eis quare venitis parati ad proelium numquid ego non sum Philistheus et vos servi Saul eligite ex vobis virum et descendat ad singulare certamen
Goliat tsi tsitre eye wòdo ɣli ɖo ɖe Israelviwo ƒe aʋalɔgowo be, “Nu ka ŋutie miedo go va ɖo fli hena aʋawɔwɔ? Ɖe menye Filistitɔe menye eye miawo hã míenye Saul ƒe dɔlawo oa? Mitia ŋutsu ɖeka eye miana wòava do gom le balia me
9 si quiverit pugnare mecum et percusserit me erimus vobis servi si autem ego praevaluero et percussero eum vos servi eritis et servietis nobis
Ne ete ŋu wɔ aʋa kplim eye wòwum la, míanye miaƒe subɔlawo, gake ne meɖu edzi eye mewui la, ekema miawo hã miazu míaƒe subɔlawo.”
10 et aiebat Philistheus ego exprobravi agminibus Israhelis hodie date mihi virum et ineat mecum singulare certamen
Tete Filistitɔ la yi edzi be, “Egbe meɖe alɔme le Israel ƒe aʋalɔgoawo ŋu! Miɖe ŋutsu ɖeka nam ne nye kplii míawɔ aʋa.”
11 audiens autem Saul et omnes viri israhelitae sermones Philisthei huiuscemodi stupebant et metuebant nimis
Esi Saul kple Israel blibo la se nya siwo Filistitɔ la gblɔ la, dzi ɖe le wo ƒo eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ.
12 David autem erat filius viri ephrathei de quo supra dictum est de Bethleem Iuda cui erat nomen Isai qui habebat octo filios et erat vir in diebus Saul senex et grandevus inter viros
Azɔ la, David nye Efraimtɔ, Yese ƒe viŋutsu, ame si tso Betlehem le Yuda. Viŋutsu enyi nɔ Yese si eye Saul ƒe fiaɖuɣi me la, enye ametsitsi si xɔ ƒe geɖe.
13 abierunt autem tres filii eius maiores post Saul in proelium et nomina trium filiorum eius qui perrexerant ad bellum Heliab primogenitus et secundus Abinadab tertiusque Samma
Yese viŋutsu tsitsitɔ etɔ̃ kplɔ Saul ɖo yi aʋa. Gbãtɔ ŋkɔe nye Eliab, evelia ŋkɔe nye Abinadab eye etɔ̃lia ŋkɔe nye Sama.
14 David autem erat minimus tribus ergo maioribus secutis Saulem
David nye viŋutsuvi suetɔ. Esime nɔvia tsitsitɔ etɔ̃awo nɔ Saul ƒe aʋakɔ la me la,
15 abiit David et reversus est a Saul ut pasceret gregem patris sui in Bethleem
David dzona le Saul gbɔ enuenu heyina Betlehem ɖakpɔa fofoa ƒe alẽwo dzi.
16 procedebat vero Philistheus mane et vespere et stabat quadraginta diebus
Goliat, Filistitɔwo ƒe ame dzɔatsu la tsia tsitre ɖe Israelʋakɔ la ŋkume geditɔe ŋdi kple fiẽ ŋkeke blaene sɔŋ.
17 dixit autem Isai ad David filium suum accipe fratribus tuis oephi pulentae et decem panes istos et curre in castra ad fratres tuos
Azɔ la, Yese gblɔ na Via ŋutsu David be, “Tsɔ bli tɔtɔe agba ɖeka sia, si de kilogram wuiade kple abolo ewo siawo eye nàɖe abla atsɔ wo ayi na nɔviwòwo le woƒe asaɖa la me.
18 et decem formellas casei has deferes ad tribunum et fratres tuos visitabis si recte agant et cum quibus ordinati sint disce
Tsɔ notsi babla lalã ewo yi na woƒe aʋalɔgoa ƒe amegã, bia nɔviwòwo ƒe agbe ta se eye nàxɔ gbe tso wo gbɔ vɛ nam.
19 Saul autem et illi et omnes filii Israhel in valle Terebinthi pugnabant adversum Philisthim
Wole Saul kple Israel ŋutsuwo dome le Ela balime me le aʋa wɔm kple Filistitɔwo.”
20 surrexit itaque David mane et commendavit gregem custodi et onustus abiit sicut praeceperat ei Isai et venit ad locum Magala et ad exercitum qui egressus ad pugnam vociferatus erat in certamine
David fɔ ŋdi kanya, tsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔvi ɖeka. Edo agba eye wòdze mɔ abe ale si Yese ɖo nɛ ene. Eɖo asaɖa la me esi asrafoawo bɔ asaɖa le aʋaɣli dom yina ɖe woƒe nɔƒewo.
21 direxerat enim aciem Israhel sed et Philisthim ex adverso fuerant praeparati
Israelviwo kple Filistitɔwo nɔ woƒe aʋalɔgowo me hedze ŋgɔ wo nɔewo.
22 derelinquens ergo David vasa quae adtulerat sub manu custodis ad sarcinas cucurrit ad locum certaminis et interrogabat si omnia recte agerentur erga fratres suos
David gblẽ eƒe nuwo ɖe aʋawɔnuwo dzikpɔla gbɔ heƒu du yi ɖe aʋaŋgɔ eye wòdo gbe na nɔviawo.
23 cumque adhuc ille loqueretur eis apparuit vir ille spurius ascendens Goliath nomine Philistheus de Geth ex castris Philisthinorum et loquente eo haec eadem verba audivit David
Esi wònɔ nu ƒom kple nɔviawo la, Goliat, Filistitɔwo ƒe aʋakalẽ si tso Gat la do go ɖe ŋgɔgbe le eƒe aʋakɔwo ŋgɔ eye wòdo ɣli gblɔ alɔmeɖenya ma ke. David see.
24 omnes autem Israhelitae cum vidissent virum fugerunt a facie eius timentes eum valde
Esi Israelviwo kpɔe ko la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi sisi me.
25 et dixit unus quispiam de Israhel num vidisti virum hunc qui ascendit ad exprobrandum enim Israheli ascendit virum ergo qui percusserit eum ditabit rex divitiis magnis et filiam suam dabit ei et domum patris eius faciet absque tributo in Israhel
Azɔ la, Israelviwo nɔ gbɔgblɔm be, “Miekpɔ ale si ŋutsu sia le dodom ɖe ŋgɔ edziedzia? Edona be yeaɖe alɔme le Israel ŋu. Fia la ana kesinɔnu gã aɖe ame si awui, woatsɔ via nyɔnuvi hã nɛ wòaɖe eye woana be fofoa ƒe ƒometɔwo magaxe duga le Israel o.”
26 et ait David ad viros qui stabant secum dicens quid dabitur viro qui percusserit Philistheum hunc et tulerit obprobrium de Israhel quis est enim hic Philistheus incircumcisus qui exprobravit acies Dei viventis
David bia ŋutsu siwo nɔ tsitre ɖe egbɔ la be, “Nu kae woawɔ na ŋutsu si awu Filistitɔ sia ahaɖe ŋukpe sia ɖa le Israel ŋu? Ame kae nye Filistitɔ, bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu?”
27 referebat autem ei populus eundem sermonem dicens haec dabuntur viro qui percusserit eum
Woawo hã gagblɔ nya siwo wogblɔ tsã va yi. Wogblɔ nɛ be, “Nu siae woawɔ na ame si awui.”
28 quod cum audisset Heliab frater eius maior loquente eo cum aliis iratus est contra David et ait quare venisti et quare dereliquisti pauculas oves illas in deserto ego novi superbiam tuam et nequitiam cordis tui quia ut videres proelium descendisti
Esi Eliab, David nɔviŋutsu tsitsitɔ see wònɔ nu ƒom kple ŋutsuawo la, etrɔ ɖe eŋu kple dziku hebiae be, “Nu ka tae nèva afi sia ɖo? Eye ame ka gbɔe nègblẽ alẽ ʋɛawo ɖo le gbea dzi? Menya dada si le mewò kple dzi vɔ̃ɖi si le mewò. Ɖe ko nèva afi sia be yeava kpɔ aʋa la teƒe.”
29 et dixit David quid feci numquid non verbum est
David biae be, “Azɔ la agɔ kae medze? Nyemekpɔ mɔ aƒo nu tete oa?”
30 et declinavit paululum ab eo ad alium dixitque eundem sermonem et respondit ei populus verbum sicut et prius
David zɔ yi ame bubu gbɔ, bia nya ma kee eye wòna ŋuɖoɖo ma kee abe tsãtɔ ene.
31 audita sunt autem verba quae locutus est David et adnuntiata in conspectu Saul
Wose nya si David gblɔ eye woyi ɖagblɔe na Saul. Tete Saul dɔ ame ɖa woɖayɔe va egbɔe.
32 ad quem cum fuisset adductus locutus est ei non concidat cor cuiusquam in eo ego servus tuus vadam et pugnabo adversus Philistheum
David gblɔ na Saul be, “Dzi megaɖe le ame aɖeke ƒo le Filistitɔ sia ta o. Wò dɔla ayi aɖawɔ aʋa kplii.”
33 et ait Saul ad David non vales resistere Philistheo isti nec pugnare adversum eum quia puer es hic autem vir bellator ab adulescentia sua
Saul ɖo eŋu nɛ be, “Màte ŋu ayi ado go kple Filistitɔ sia, awɔ aʋa kplii o. Wò la ɖevi ko nènye ke eya le aʋa wɔm tso eƒe ɖekakpuime ke.”
34 dixitque David ad Saul pascebat servus tuus patris sui gregem et veniebat leo vel ursus tollebatque arietem de medio gregis
Gake David gblɔ na Saul be, “Wò dɔla nɔ fofoa ƒe alẽwo kplɔm. Ne dzata alo sisiblisi va eye wòlé alẽ le alẽha la me la,
35 et sequebar eos et percutiebam eruebamque de ore eorum et illi consurgebant adversum me et adprehendebam mentum eorum et suffocabam interficiebamque eos
metia eyome ƒonɛ ƒua anyi heɖea alẽ la le eƒe nu me. Ke ne etrɔ ɖe ŋutinye la, meléa eƒe kɔdza ƒonɛ kple kpo hewunɛ.
36 nam et leonem et ursum interfeci ego servus tuus erit igitur et Philistheus hic incircumcisus quasi unus ex eis quia ausus est maledicere exercitum Dei viventis
Wò dɔla wu dzata kple sisiblisi eya ta anɔ na Filistitɔ bolotɔ sia hã abe woawo ke ene elabena eɖe alɔme le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo ŋu.
37 et ait David Dominus qui eruit me de manu leonis et de manu ursi ipse liberabit me de manu Philisthei huius dixit autem Saul ad David vade et Dominus tecum sit
Yehowa, ame si ɖeam tso dzata kple sisiblisi ƒe fewo kple aɖuwo me la, kee aɖem tso Filistitɔ sia hã si me!”
38 et induit Saul David vestimentis suis et inposuit galeam aeream super caput eius et vestivit eum lorica
Ale Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe aʋawɔwu si ŋu akpoxɔnuwo le la do nɛ eye wòtsɔ kuku si wowɔ kple akɔbli la ɖɔ ɖe ta nɛ.
39 accinctus ergo David gladio eius super veste sua coepit temptare si armatus posset incedere non enim habebat consuetudinem dixitque David ad Saul non possum sic incedere quia nec usum habeo et deposuit ea
David do gawu la, ɖɔ akɔblikuku la eye wòta yi ɖe gawu la dzi. Eɖe afɔ ɖeka, eve be yeate zɔzɔ le awuawo me kpɔ elabena medo wo kpɔ o. Egblɔ na Saul be, “Nyemate ŋu ayi kple nu siawo o elabena wo dodo memam o.” Ale David ɖe nuawo da ɖi eye wòdze mɔ.
40 et tulit baculum suum quem semper habebat in manibus et elegit sibi quinque limpidissimos lapides de torrente et misit eos in peram pastoralem quam habebat secum et fundam manu tulit et processit adversum Philistheum
Tete wòtsɔ eƒe atizɔti ɖe asi eye wotia kpe zɔzrɔ̃e atɔ̃ tso tɔʋu la me hetsɔ wo de alẽkplɔlawo ƒe akplo me eye wòtsɔ eƒe aŋetu ɖe asi hezɔ ɖe Filistitɔ la dzi.
41 ibat autem Philistheus incedens et adpropinquans adversum David et armiger eius ante eum
Goliat, Filistitɔ la zɔ ɖo ta David gbɔ, eƒe akpoxɔnutsɔla nɔ ŋgɔ nɛ.
42 cumque inspexisset Philistheus et vidisset David despexit eum erat enim adulescens rufus et pulcher aspectu
Ekpɔ David ɖa eye wòkpɔ be ɖevi dzaa aɖe ko wònye, ele kpokploe eye wòdze ɖeka, eya ta wòdo vloe.
43 et dixit Philistheus ad David numquid ego canis sum quod tu venis ad me cum baculo et maledixit Philistheus David in diis suis
Goliat do ɣli bia David be, “Avue menye hafi nètsɔ kpo ɖe ŋunyea?” Eyɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo tsɔ ƒo fi de David.
44 dixitque ad David veni ad me et dabo carnes tuas volatilibus caeli et bestiis terrae
Eyi edzi gblɔ be. “Te va afi sia eye matsɔ wò lã ana dziƒoxeviwo kple gbemelãwo!”
45 dixit autem David ad Philistheum tu venis ad me cum gladio et hasta et clypeo ego autem venio ad te in nomine Domini exercituum Dei agminum Israhel quibus exprobrasti
David do ɣli gblɔ na Filistitɔ la be, “Wò la, ègbɔna gbɔnye kple yi, akplɔ nuevee kple akplɔ nuɖekɛ, gake nye la, megbɔna gbɔwò le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Aʋakɔwo ƒe Mawu la ame si ŋu nèɖe alɔme le la ƒe ŋkɔ me.
46 hodie et dabit te Dominus in manu mea et percutiam te et auferam caput tuum a te et dabo cadaver castrorum Philisthim hodie volatilibus caeli et bestiis terrae ut sciat omnis terra quia est Deus in Israhel
Egbe la, Yehowa atsɔ wò ade asi nam, maƒo wò aƒu anyi, atso ta le nuwò. Egbe la, matsɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo ƒe kukua ana dziƒoxeviwo kple anyigbadzilãwo, ekema xexea me katã anyae be Mawu aɖe le Israel.
47 et noverit universa ecclesia haec quia non in gladio nec in hasta salvat Dominus ipsius est enim bellum et tradet vos in manus nostras
Ale ame siwo katã ƒo ƒu ɖe afi sia la woanyae be menye yi alo akplɔ Yehowa tsɔna ɖea ame o, elabena aʋa la nye Yehowa tɔ eye wòatsɔ mi katã ade mía si me.”
48 cum ergo surrexisset Philistheus et veniret et adpropinquaret contra David festinavit David et cucurrit ad pugnam ex adverso Philisthei
Esi Filistitɔ la gbɔna be yeadze David dzi la, David zɔ kaba yi be yeakpe aʋa kplii.
49 et misit manum suam in peram tulitque unum lapidem et funda iecit et percussit Philistheum in fronte et infixus est lapis in fronte eius et cecidit in faciem suam super terram
Eƒo asi ɖe eƒe alẽkplɔgolo la me, tsɔ kpe ɖeka de eƒe aŋetu la me eye wòdae. Kpe la dze Goliat, Filistitɔ la ƒe ŋgonu sesĩe eye wòŋɔe ge ɖe eme. Goliat mu dze anyi gbloo hetsyɔ mo anyi.
50 praevaluitque David adversus Philistheum in funda et in lapide percussumque Philistheum interfecit cumque gladium non haberet in manu David
Ale David ɖu Filistitɔ la dzi kple aŋetu kple kpe ɖeka, yi menɔ esi o gake ekpe le Filistitɔ la dzi eye wòwui.
51 cucurrit et stetit super Philistheum et tulit gladium eius et eduxit de vagina sua et interfecit eum praeciditque caput eius videntes autem Philisthim quod mortuus esset fortissimus eorum fugerunt
David ƒu du yi ɖe Filistitɔ la gbɔ, eɖe Goliat ŋutɔ ƒe yi le aku me eye wòwui hetso ta le enu. Esi Filistitɔwo kpɔ be yewoƒe kalẽtɔ la ku la, wotrɔ megbe eye wosi dzo.
52 et consurgentes viri Israhel et Iuda vociferati sunt et persecuti Philistheos usque dum venirent in vallem et usque ad portas Accaron cecideruntque vulnerati de Philisthim in via Sarim usque ad Geth et usque Accaron
Tete Israel kple Yuda ŋutsuwo lũ ɖe eme kple ɣli eye woti Filistitɔwo yome va se ɖe Gat kple Ekron ƒe agbowo nu. Filistitɔwo ƒe kukuawo kaka ɖe Saaraim kple Gat mɔ dzi va se ɖe Ekron ke.
53 et revertentes filii Israhel postquam persecuti fuerant Philistheos invaserunt castra eorum
Israelviwo trɔ le Filistitɔwo yome eye wova ha nuwo le woƒe asaɖa me.
54 adsumens autem David caput Philisthei adtulit illud in Hierusalem arma vero eius posuit in tabernaculo suo
David tsɔ Filistitɔ la ƒe ta eye wòtsɔe yi Yerusalem ke etsɔ Filistitɔ la ƒe aʋawɔnuwo da ɖe eya ŋutɔ ƒe agbadɔ me.
55 eo autem tempore quo viderat Saul David egredientem contra Philistheum ait ad Abner principem militiae de qua stirpe descendit hic adulescens Abner dixitque Abner vivit anima tua rex si novi
Esi Saul kpɔ David wòyina aʋa wɔ ge kple Goliat la, ebia Abner, eƒe aʋafia be, “Abner, ame kae nye ɖekakpui sia fofo?” Abner ɖo eŋu be, “O fia, meta wò agbe. Nyemenya o.”
56 et ait rex interroga tu cuius filius sit iste puer
Fia Saul gblɔ nɛ be, “Bia ame si ɖekakpui sia fofo nye la ta nam.”
57 cumque regressus esset David percusso Philistheo tulit eum Abner et introduxit coram Saul caput Philisthei habentem in manu
Esi David trɔ tso Filistitɔ la wuƒe gbɔ teti ko la Abner kplɔe va Fia Saul gbɔe le esime Filistitɔ la ƒe ta ganɔ David si ko.
58 et ait ad eum Saul de qua progenie es o adulescens dixitque David filius servi tui Isai Bethleemitae ego sum
Saul bia David be, “Ɖekakpui, ame ka vie nenye?” David ɖo eŋu be, “Wò dɔla, Yese, si tso Betlehem la vie menye.”

< I Samuelis 17 >