< I Paralipomenon 3 >

1 David vero hos habuit filios qui ei nati sunt in Hebron primogenitum Amnon ex Achinaam Iezrahelitide secundum Danihel de Abigail Carmelitide
Esiawoe nye David ƒe viŋutsu siwo wodzi nɛ le Hebron: Tsitsitɔe nye Amnon, ame si dadae nye Ahinoam tso Yezreel. David ƒe vi eveliae nye Daniel eye dadae nye Abigail tso Karmel.
2 tertium Absalom filium Maacha filiae Tholmei regis Gessur quartum Adoniam filium Aggith
Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ. Eneliae nye Adoniya, ame si dadae nye Hagit.
3 quintum Saphatiam ex Abital sextum Iethraam de Egla uxore sua
Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital Adeliae nye Itream eye dadae nye Egla.
4 sex ergo nati sunt ei in Hebron ubi regnavit septem annis et sex mensibus triginta autem et tribus annis regnavit in Hierusalem
Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron, afi si wòɖu fia le ƒe adre kple afã. Ena Yerusalem zu fiadu eye wòɖu fia le afi ma ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.
5 porro in Hierusalem nati sunt ei filii Samaa et Sobab et Nathan et Salomon quattuor de Bethsabee filia Amihel
Esi David nɔ Yerusalem la, srɔ̃a Batseba, Amiel ƒe vinyɔnu dzi vi ene siwoe nye: Simea, Sobab, Natan kple Solomo.
6 Iebaar quoque et Elisama
Vi asieke bubuwo ganɔ David si; woawoe nye: Ibhar, Elisama, Elifelet,
7 et Eliphalet et Noge et Napheg et Iaphie
Noga, Nefeg, Yafia,
8 necnon Elisama et Heliade et Eliphalet novem
Elisama, Eliada kple Elifelet.
9 omnes hii filii David absque filiis concubinarum habuerunt sororem Thamar
Vi siwo nyɔnu bubuwo dzi nɛ la mele ame siawo dome o. Vinyɔnu aɖe hã nɔ David si; eŋkɔe nye Tamar.
10 filius autem Salomonis Roboam cuius Abia filius genuit Asa de hoc quoque natus est Iosaphat
Fia Solomo ƒe dzidzimeviwoe nye Rehoboam, Abiya, Asa, Yehosafat,
11 pater Ioram qui Ioram genuit Ohoziam ex quo ortus est Ioas
Yoram alo Yehoram, Ahazia, Yoas,
12 et huius Amasias filius genuit Azariam porro Azariae filius Ioatham
Amazia, Azaria alo Uzia, Yotam,
13 procreavit Achaz patrem Ezechiae de quo natus est Manasses
Ahaz, Hezekia, Manase,
14 sed et Manasses genuit Amon patrem Iosiae
Amon kple Yosia.
15 filii autem Iosiae fuerunt primogenitus Iohanan secundus Ioacim tertius Sedecias quartus Sellum
Yosia ƒe viwoe nye, Yohanan alo Yehoahaz, Yehoyakim, Zedekia kple Salum.
16 de Ioacim natus est Iechonias et Sedecias
Ame siwo ɖu fia ɖe Yehoyakim yome la woe nye, Yehoyatsin si nye Yehoyakim vi kple Zedekia.
17 filii Iechoniae fuerunt Asir Salathihel
Yehoyatsin, ame si wolé la ƒe dzidzimeviwoe nye, Via ŋutsu Sealtiel,
18 Melchiram Phadaia Sennaser et Iecemia Sama et Nadabia
Malkiram, Pedaya, Senazar, Yekamia, Hosama kple Nedadia.
19 de Phadaia orti sunt Zorobabel et Semei Zorobabel genuit Mosollam Ananiam et Salomith sororem eorum
Pedaya ƒe viŋutsuwoe nye, Zerubabel kple Simei. Zerubabel ƒe viŋutsuwoe nye, Mesulam kple Hananiya. Wo nɔvinyɔnu nye Selomit
20 Asabamque et Ohol et Barachiam et Asadiam Iosabesed quinque
Via ŋutsu atɔ̃ bubuwoe nye Hasuba, Ohel, Berekia, Hasadia kple Yusab Hesed.
21 filius autem Ananiae Phaltias pater Ieseiae cuius filius Raphaia huius quoque filius Arnam de quo natus est Obdia cuius filius fuit Sechenia
Hananiya ƒe dzidzimeviwoe nye, Pelatia kple Yesaya kple Refaya, Arnan, Obadia kple Sekania ƒe viŋutsuwo.
22 filius Secheniae Semeia cuius filii Attus et Iegal et Baria et Naaria et Saphat sex numero
Sekania ƒe dzidzimeviwoe nye, Semaya kple via ŋutsuwo: Hatus, Igal, Baria, Nearia kple Safat; wole ame ade.
23 filius Naariae Helioenai et Ezechias et Ezricam tres
Viŋutsu etɔ̃ nɔ Nearia si; woawoe nye, Elioenai, Hezekia kple Azrikam.
24 filii Helioenai Oduia et Heliasub et Pheleia et Accub et Iohanan et Dalaia et Anani septem
Vi adre nɔ Elioenai si: Woawoe nye Hodavia, Eliasib, Pelaya, Akub, Yohanan, Delaya kple Anani.

< I Paralipomenon 3 >