< I Paralipomenon 25 >

1 igitur David et magistratus exercitus secreverunt in ministerium filios Asaph et Heman et Idithun qui prophetarent in citharis et psalteriis et cymbalis secundum numerum suum dedicato sibi officio servientes
David kple eƒe aʋafiawo ɖe Asaf ƒe viŋutsu aɖewo ɖe aga, Heman kple Yedutun na nyagbɔgblɔɖi ƒe dɔ eye kasaŋku, gakasaŋku kple asiʋuiwo ƒoƒo kplɔa wo ɖo. Ŋutsu siwo wɔa dɔ sia la ƒe ŋkɔwoe nye:
2 de filiis Asaph Zacchur et Ioseph et Nathania et Asarela filii Asaph sub manu Asaph prophetantis iuxta regem
Tso Asaf ƒe viŋutsuwo dome: Zakur, Yosef, Netania kple Asarela. Asaf ƒe viwo nɔ Asaf ƒe kpɔkplɔ te, ame siwo gblɔa nya ɖi nɔ fia la ŋutɔ ƒe kpɔkplɔ te.
3 porro Idithun filii Idithun Godolias Sori Iesaias et Sabias et Matthathias sex sub manu patris sui Idithun qui in cithara prophetabat super confitentes et laudantes Dominum
Ame siwo tso Yedutun ƒe viŋutsuwo dome la woe nye: Gedalia, Zeri, Yesaya, Simei, Hasabia kple Matitia. Wo katã le ame ade eye wonɔ wo fofo, Yedutun ƒe kpɔkplɔ te. Woawoe nye ame siwo gblɔa nya ɖi eye woƒoa kasaŋku, daa akpe eye wokafua Yehowa.
4 Heman quoque filii Heman Bocciau Matthaniau Ozihel Subuhel et Ierimoth Ananias Anani Elietha Geddelthi et Romemthiezer et Iesbacasa Mellothi Othir Mazioth
Ame siwo tso Heman ƒe viŋutsuwo domee nye: Bukia, Matania, Uziel, Subael kple Yerimot, Hananiya, Hanani, Eliata, Gidalti kple Romamti, Ezer, Yosbekasa, Maloti, Hotir kple Mahaziot.
5 omnes isti filii Heman videntis regis in sermonibus Dei ut exaltaret cornu deditque Deus Heman filios quattuordecim et filias tres
(Ame siawo katã nye Heman, fia la ƒe nukpɔla ƒe viŋutsuwo. Wotsɔ wo nɛ to Mawu ƒe ŋugbedodo me be woadoe ɖe dzi. Mawu na ƒe viŋutsu wuiene kple vinyɔnu etɔ̃ Heman.)
6 universi sub manu patris sui ad cantandum in templo Domini distributi erant in cymbalis et psalteriis et citharis in ministeria domus Domini iuxta regem Asaph videlicet et Idithun et Heman
Ŋutsu siawo katã nɔ wo fofo ƒe kpɔkplɔ te be woatsɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo aƒo hawo le subɔsubɔ me le Mawu ƒe aƒe me. Asaf, Yedutun kple Heman nɔ fia la ƒe kpɔkplɔ te.
7 fuit autem numerus eorum cum fratribus suis qui erudiebant canticum Domini cuncti doctores ducenti octoginta octo
Woawo kple woƒe ƒometɔwo, ame siwo srɔ̃ hadzidzi henya hadzidzi na Yehowa nyuie la ƒe xexlẽmee nye alafa eve blaenyi-vɔ-enyi.
8 miseruntque sortes per vices suas ex aequo tam maior quam minor doctus pariter et indoctus
Wotia hadzilawo to nudzidze me eye womebu nufiala alo nusrɔ̃vi ŋu o.
9 egressaque est sors prima Ioseph qui erat de Asaph secunda Godoliae ipsi et filiis eius et fratribus duodecim
Nudzidze gbãtɔ dze Yosef si tso Asaf ƒe ƒome me kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve. Nudzidze evelia dze Gedalia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
10 tertia Zacchur filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze etɔ̃lia dze Zakur kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
11 quarta Isari filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze enelia dze Izri kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
12 quinta Nathaniae filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze atɔ̃lia dze Netania kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
13 sexta Bocciau filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze adelia dze Bukia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
14 septima Israhela filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze adrelia dze Yesarela kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
15 octava Isaiae filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze enyilia dze Yesaya kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
16 nona Matthaniae filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze asiekelia dze Matania kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
17 decima Semeiae filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze ewolia dze Simei kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
18 undecima Ezrahel filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze wuiɖekɛlia dze Azarel kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
19 duodecima Asabiae filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze wuievelia dze Hasabia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
20 tertiadecima Subahel filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze wuietɔ̃lia dze Sebuel kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
21 quartadecima Matthathiae filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze wuienelia dze Matitia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
22 quintadecima Ierimoth filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze wuiatɔ̃lia dze Yeremot kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
23 sextadecima Ananiae filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze wuiadelia dze Hananiya kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
24 septimadecima Iesbocasae filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze wuiadrelia dze Yosbekasa kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
25 octavadecima Anani filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze wuienyilia dze Hanani kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
26 nonadecima Mellothi filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze wuiasiekelia dze Maloti kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
27 vicesima Eliatha filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze blaevelia dze Eliata kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
28 vicesima prima Othir filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze blaeve-vɔ-ɖekɛlia dze Hotir kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
29 vicesima secunda Godollathi filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze blaeve-vɔ-evelia dze Gidalti kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
30 vicesima tertia Maziuth filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze blaeve-vɔ-etɔ̃lia dze Mahaziot kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
31 vicesima quarta Romamthiezer filiis et fratribus eius duodecim
Nudzidze blaeve-vɔ-enelia dze Romamti Ezer kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.

< I Paralipomenon 25 >