< Liber Numeri 36 >
1 Accesserunt autem et principes familiarum Galaad filii Machir, filii Manasse de stirpe filiorum Ioseph: locutique sunt Moysi coram principibus Israel, atque dixerunt:
Gilead, Makir ƒe viŋutsu, ame si nye Manase ƒe viŋutsu, tso Yosef ƒe ƒome la me ƒe amegãwo tso hlɔ̃ la me va ƒo nu le Mose kple kplɔlawo, Israelviwo ƒe ƒometatɔwo ŋkume.
2 Tibi domino nostro praecepit Dominus ut Terram sorte divideres filiis Israel, et ut filiabus Salphaad fratris nostri dares possessionem debitam patri:
Wogblɔ be, “Esime Yehowa ɖe gbe na nye aƒetɔ be wòadzidze nu, ama anyigba la na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene la, egblɔ na wò be, nàtsɔ mía nɔvi Zelofehad ƒe domenyinu ana via nyɔnuwo.
3 quas si alterius tribus homines uxores acceperint, sequetur possessio sua, et translata ad aliam tribum de nostra hereditate minuetur.
Ke ne woɖe srɔ̃ tso to bubu aɖe me la, woatsɔ woƒe anyigba la ayi wo srɔ̃ŋutsuwo ƒe towo me. Le mɔ sia nu la, anyigba si woama na mí la dzi aɖe,
4 atque ita fiet, ut cum iubilaeus, id est quinquagesimus annus remissionis advenerit, confundatur sortium distributio, et aliorum possessio ad alios transeat.
eye womatrɔe na mí le Aseyetsoƒe la me o.”
5 Respondit Moyses filiis Israel, et Domino praecipiente, ait: Recte tribus filiorum Ioseph locuta est.
Tete Mose ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ɖoɖo siawo le Israelviwo ƒe ŋkume be, “Yosef ƒe viwo ƒe nya la le eteƒe.
6 et haec lex super filiabus Salphaad a Domino promulgata est: Nubant quibus volunt, tantum ut suae tribus hominibus:
Nu si Yehowa gagblɔ tso Zelofehad ƒe vinyɔnuwo ŋue nye, ‘Mina woaɖe ŋutsu ɖe sia ɖe si dze wo ŋu, ne ŋutsu la nya tso woawo ŋutɔ ƒe to la me ko.
7 ne commisceatur possessio filiorum Israel de tribu in tribum. Omnes enim viri ducent uxores de tribu et cognatione sua:
Le mɔ sia nu la, to la ƒe Israelnyigba ƒe akpa aɖeke mage ɖe to bubu me tɔwo ƒe asi me o, elabena ele be to sia to ƒe domenyinu nanɔ anyi tegbetegbe, abe ale si wònɔ esi womae gbã na wo la ene.
8 et cunctae feminae de eadem tribu maritos accipient: ut hereditas permaneat in familiis,
Israelviwo ƒe toawo ƒe nyɔnuwo naɖe srɔ̃ le woawo ŋutɔ ƒe towo me, ale be woƒe anyigba madzo le to la me o.
9 nec sibi misceantur tribus, sed ita maneant
Ale domenyinu aɖeke madzo le to aɖeke me ayi to bubu me o.’”
10 ut a Domino separatae sunt. Feceruntque filiae Salphaad ut fuerat imperatum:
Zelofehad ƒe vinyɔnuwo wɔ ɖe nu si Yehowa ɖo na Mose la dzi.
11 et nupserunt Maala, et Thersa, et Hegla, et Melcha, et Noa filiis patrui sui
Zelofehad ƒe vinyɔnu siawo, Mahla, Tirza, Hogla, Milka kple Noa ɖe wo fofo nɔviŋutsuwo ƒe viŋutsuwo.
12 de familia Manasse, qui fuit filius Ioseph: et possessio, quae illis fuerat attributa, mansit in tribu et familia patris earum.
Woɖe srɔ̃ le Manase, Yosef ƒe viŋutsu ƒe dzidzimeviwo dome, ale woƒe domenyinu la tsi wo fofo ƒe ƒome kple hlɔ̃ la me.
13 Haec sunt mandata atque iudicia, quae mandavit Dominus per manum Moysi ad filios Israel, in campestribus Moab supra Iordanem contra Iericho.
Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Israelviwo to Mose dzi, le esime woƒu asaɖa anyi ɖe Moab gbedzi le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa.