< Joël Propheta 2 >

1 Canite tuba in Sion, ululate in monte sancto meo, conturbentur omnes habitatores terræ: Quia venit dies Domini, quia prope est:
Miku kpẽ le Zion! Miku aʋadzedze ƒe kpẽ la be woasee le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya kple vɔvɔ̃, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe vɔ.
2 dies tenebrarum, et caliginis, dies nubis, et turbinis: quasi mane expansum super montes populus multus et fortis: similis ei non fuit a principio, et post eum non erit usque in annos generationis et generationis.
Anye viviti kple blukɔ ƒe ŋkeke, eye lilikpo kple viviti tsiɖitsiɖi ado. Abe ale si ŋdikekeli klẽna ɖe towo tame ene la, nenema ke aʋakɔ gã sẽŋu aɖe avae. Ame siawo la, womekpɔ wo tɔgbi kpɔ o, eye womagakpɔ wo tɔgbi kpɔ le xexea me ƒe dzidzimewo dome o!
3 Ante faciem eius ignis vorans, et post eum exurens flamma: quasi hortus voluptatis terra coram eo, et post eum solitudo deserti, neque est qui effugiat eum.
Dzo bibi le nu fiam le wo ŋgɔ eye dzo ƒe aɖewo le wo megbe. Anyigba la le ŋgɔ abe Edenbɔ ene gake ezua gbegbe le wo megbe. Naneke mate ŋu asi le enu o.
4 Quasi aspectus equorum, aspectus eorum: et quasi equites sic current.
Wodzena abe sɔwo ene eye woƒua du abe sɔdolawo ene.
5 Sicut sonitus quadrigarum super capita montium exilient, sicut sonitus flammæ ignis devorantis stipulam, velut populus fortis præparatus ad prælium.
Wole kpo tim le towo tame, woƒe afɔziwo le ɖiɖim abe tasiaɖamwo tɔ ene eye abe dzoe le gbe ƒuƒu bim ene. Wole du ƒum abe asrafo kalẽtɔwoe le du dzi yina ɖe aʋa ene.
6 A facie eius cruciabuntur populi: omnes vultus redigentur in ollam.
Dukɔwo kpɔe hedzo nyanyanya eye woƒe mowo fu tititi le vɔvɔ̃ ta.
7 Sicut fortes current: quasi viri bellatores ascendent murum: viri in viis suis gradientur, et non declinabunt a semitis suis.
Wozɔ yi ŋgɔ kple kalẽ abe aʋawɔlawo ene eye woflɔ gliawo abe asrafowo ene. Wo katã yi ŋgɔgbe eye ɖeke meto miame alo ɖusime o.
8 Unusquisque fratrem suum non coarctabit, singuli in calle suo ambulabunt: sed et per fenestras cadent, et non demolientur.
Ɖeke mebe ɖe nɔvia xa o. Ame sia ame le enɔƒe pɛpɛpɛ Aʋawɔnu aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe wo ŋu o.
9 Urbem ingredientur, in muro current: domos conscendent, per fenestras intrabunt quasi fur.
Wo katã lũ ɖe du la dzi; woflɔ gli la zɔ etame hege ɖe aƒewo kple xɔwo me abe ale si fiafitɔ toa fesre nue ene.
10 A facie eius contremuit terra, moti sunt cæli: sol et luna obtenebrati sunt et stellæ retraxerunt splendorem suum.
Anyigba ʋuʋu kpekpekpe eye dziƒo dzo nyanyanya le wo ŋgɔ. Ɣe kple ɣleti do viviti eye ɣletiviwo megaklẽ o.
11 Et Dominus dedit vocem suam ante faciem exercitus sui: quia multa sunt nimis castra eius, quia fortia et facientia verbum eius: magnus enim dies Domini, et terribilis valde: et quis sustinebit eum?
Yehowa ŋutɔ le eƒe aʋakɔ la ŋgɔ le gbe ɖem. Esiae nye eƒe aʋakɔ gã la eye ame siwo le eƒe gbeɖeɖe dzi wɔm la nye ame sesẽwo. Yehowa ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ anɔ eŋu. Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe enu?
12 Nunc ergo dicit Dominus: Convertimini ad me in toto corde vestro in ieiunio, et in fletu, et in planctu.
“Eya ta Yehowa be, ‘Mitrɔ ɖe ŋunye azɔ, kple miaƒe dzi blibo. Miva kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa.’”
13 Et scindite corda vestra, et non vestimenta vestra, et convertimini ad Dominum Deum vestrum: quia benignus et misericors est, patiens et multæ misericordiæ, et præstabilis super malitia.
Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o. Mitrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋu, elabena amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ bɔ ɖe esi. Medoa dziku kabakaba o, eƒe dɔ me nyo, eye metsia dzi be yeahe to na ame o.
14 Quis scit si convertatur, et ignoscat, et relinquat post se benedictionem, sacrificium, et libamen Domino Deo vestro?
Ame kae nya be ɖewohĩ atrɔ ave mía nu eye wòagblẽ yayra ɖi na mí? Ekema míagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa vɛ na Yehowa, mia Mawu la.
15 Canite tuba in Sion, sanctificate ieiunium, vocate cœtum.
Miku kpẽ le Zion! Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe eye miyɔ takpekpe tɔxɛ.
16 congregate populum, sanctificate ecclesiam, coadunate senes, congregate parvulos, et sugentes ubera: egrediatur sponsus de cubili suo, et sponsa de thalamo suo.
Miƒo ameawo nu ƒu; mikɔ ameha la ŋuti, ame tsitsiwo, ɖeviwo kple vi nonowo siaa. Ŋugbetɔsrɔ̃ nedo tso eƒe xɔ me eye ŋugbetɔ nedo go tso xɔ gã me.
17 Inter vestibulum et altare plorabunt sacerdotes ministri Domini: et dicent: Parce Domine, parce populo tuo: et ne des hereditatem tuam in opprobrium ut dominentur eis nationes. quare dicunt in populis: Ubi est Deus eorum?
Nunɔla siwo subɔna le Yehowa ŋkume la netsi tsitre ɖe ameawo kple vɔsamlekpui la dome, afa avi ado gbe ɖa be, “Yehowa, kpɔ nublanui na wò dukɔ; mègana wò domenyinu nazu fewuɖunu kple ŋukpenanu le dukɔwo dome o. Nu ka ta dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be, ‘Afi ka woƒe Mawu la le?’”
18 Zelatus est Dominus terram suam, et pepercit populo suo:
Ekema Yehowa aʋã ŋu ɖe dukɔ la nu, eye wòakpɔ nublanui na eƒe amewo.
19 Et respondit Dominus, et dixit populo suo: Ecce ego mittam vobis frumentum, et vinum, et oleum, et replebimini eis: et non dabo vos ultra opprobrium in Gentibus.
Yehowa aɖo eŋu be, “Kpɔ ɖa, mele bli, wain yeye kple ami ɖom ɖe mi be miaɖi ƒo. Nyemagawɔ mi mianye fewuɖunu na dukɔwo azɔ o.
20 Et eum, qui ab Aquilone est, procul faciam a vobis: et expellam eum in terram inviam, et desertam: faciem eius contra mare Orientale, et extremum eius ad mare novissimum: et ascendet fœtor eius, et ascendet putredo eius, quia superbe egit.
“Maɖe asrafo siwo tso dzigbeme la ɖa le mia gbɔ, matrɔ wo aɖo ɖe kuɖiɖinyigba kple gbegbe. Matsɔ ŋgɔgbenɔlawo ade ɣedzeƒeƒu la me eye matsɔ megbenɔlawo ade ɣetoɖoƒeƒu la me. Ale woƒe ʋeʋẽ kũu la axɔ anyigba la dzi.” Vavã, Yehowa wɔ nukunu triakɔ aɖe.
21 Noli timere terra, exulta et lætare: quoniam magnificavit Dominus ut faceret.
Nye dukɔ, mègavɔ̃ o; kpɔ dzidzɔ eye nàtso aseye azɔ elabena Yehowa wɔ nukunu gãwo na wò.
22 Nolite timere animalia regionis: quia germinaverunt speciosa deserti, quia lignum attulit fructum suum, ficus, et vinea dederunt virtutem suam.
Mi gbemelãwo katã, migavɔ̃ o, elabena lãnyiƒewo agada ama abe tsã ene. Atiwo agatse ku eye gbotiwo kple wainkawo agatse kplanyaa abe tsã ene.
23 Et filii Sion exultate, et lætamini in Domino Deo vestro: quia dedit vobis doctorem iustitiæ, et descendere faciet ad vos imbrem matutinum et serotinum sicut in principio.
O, mi Ziontɔwo, dzi nedzɔ mi le Yehowa, miaƒe Mawu la me! Elabena tsidzadza si wòɖo ɖa la nye eƒe tsɔtsɔke ƒe dzesi. Adame kple kelemetsiwo adza ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ.
24 Et implebuntur areæ frumento, et redundabunt torcularia vino, et oleo.
Lu ayɔ lugbɔƒe fũu, eye wain kple ami asɔ gbɔ ɖe nudzraɖoƒewo.
25 Et reddam vobis annos, quos comedit locusta, bruchus, et rubigo, et eruca: fortitudo mea magna, quam misi in vos.
“Magaɖo ƒe siwo ʋetsuviwo, ʋetrawo, abɔwo kple ŋɔwo ɖu nu la teƒe na mi. Woawoe nye nye aʋakɔ gã si medɔ ɖe mia ŋu.
26 Et comedetis vescentes, et saturabimini: et laudabitis nomen Domini Dei vestri, qui fecit mirabilia vobiscum: et non confundetur populus meus in sempiternum.
Miaɖu nu aɖi ƒo abe tsã ene eye miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la. Miakafu Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋkɔ, ame si wɔ nukunu siawo katã na mi. Ŋu magakpe nye dukɔ azɔ o.
27 Et scietis quia in medio Israel ego sum: et ego Dominus Deus vester, et non est amplius: et non confundetur populus meus in æternum.
Mianyae be mele afii le nye dukɔ Israel dome, eye mianyae hã be nye Yehowa, ɖeka hɔ̃ɔ koe nye miaƒe Mawu. Ŋu magakpe nye dukɔ la azɔ o.
28 Et erit post hæc: effundam spiritum meum super omnem carnem: et prophetabunt filii vestri, et filiæ vestræ: senes vestri somnia somniabunt, et iuvenes vestri visiones videbunt.
“Le nu siawo megbe la, matrɔ nye Gbɔgbɔ akɔ ɖe amewo katã dzi! Mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo agblɔ nya ɖi, miaƒe ame tsitsiwo aku drɔ̃ewo eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.
29 Sed et super servos meos, et ancillas in diebus illis effundam spiritum meum.
Matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye subɔlawo katã dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dzi le ŋkeke mawo me
30 Et dabo prodigia in cælo, et in terra: sanguinem, et ignem, et vaporem fumi.
eye mana dzesi wɔnukuwo nado ɖe dziƒo kple anyigba dzi, siwo anye ʋu, dzo kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ.
31 Sol convertetur in tenebras, et luna in sanguinem: antequam veniat dies Domini magnus, et horribilis.
Ɣe ado viviti eye ɣleti atrɔ zu ʋu hafi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke gã, dziŋɔ la nava ɖo.
32 Et erit: omnis qui invocaverit nomen Domini, salvus erit: quia in monte Sion, et in Ierusalem erit salvatio, sicut dixit Dominus, et in residuis, quos Dominus vocaverit.
Ame sia ame si yɔa Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, akpɔ ɖeɖe eye xɔname anɔ Zion towo dzi kple Yerusalem kple ame siwo Aƒetɔ yɔ la dome abe ale si Aƒetɔ la do ŋugbee la ene.

< Joël Propheta 2 >