< Isaiæ 20 >
1 In anno quo ingressus est Thathan in Azotum, cum misisset eum Sargon, rex Assyriorum, et pugnasset contra Azotum, et cepisset eam:
Le ƒe si me Asiria fia Sargon dɔ eƒe aʋafiagã ɖe Filistitɔwo ƒe du, Asdod me, eye wòwɔ aʋa kplii hexɔe la,
2 in tempore illo locutus est Dominus in manu Isaiæ, filii Amos, dicens: Vade, et solve saccum de lumbis tuis, et calceamenta tua tolle de pedibus tuis. Et fecit sic, vadens nudus et discalceatus.
ɣe ma ɣi Yehowa gblɔ na Amoz ƒe vi, Yesaya, be, “Ɖe wò akpanya si nèta la da ɖi, eye nàɖe afɔkpawo le wò afɔ.” Ale Yesaya wɔ nenema; eɖe amama, eye wònɔ afɔ ƒuƒlu zɔm nɔ yiyim.
3 Et dixit Dominus: [Sicut ambulavit servus meus Isaias nudus et discalceatus, trium annorum signum et portentum erit super Ægyptum et super Æthiopiam;
Yehowa gblɔ be, “Abe ale si nye dɔla Yesaya si le afɔ ƒuƒlu zɔm ƒe etɔ̃ sɔŋ ene, nu si nye dzesi kple kpɔɖeŋu na Egipte kple Kus la,
4 sic minabit rex Assyriorum captivitatem Ægypti, et transmigrationem Æthiopiæ, juvenum et senum, nudam et discalceatam, discoopertis natibus, ad ignominiam Ægypti.
nenema ke Asiria fia aɖe aboyo Egipte kple Kus, aɖe amewo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa be woatsɔ ado ŋukpe Egipte,
5 Et timebunt, et confundentur ab Æthiopia spe sua, et ab Ægypto gloria sua.
Ame siwo ɖo ŋu ɖe Kus ŋu, eye wotsɔa Egipte ƒoa adegbee la, woavɔ, eye ŋu akpe wo.
6 Et dicet habitator insulæ hujus in die illa: Ecce hæc erat spes nostra, ad quos confugimus in auxilium, ut liberarent nos a facie regis Assyriorum: et quomodo effugere poterimus nos?]
Le ɣe ma ɣi la, ame siwo le ƒuta afi sia la agblɔ be, mikpɔ nu si va dzɔ ɖe ame siwo miesina tsona be woaxɔ na mi le Asiria ƒe asi me la dzi ɖa. Ke azɔ la, aleke miawɔ asi?”