< عەزرا 8 >

ئەمانەش گەورەی بنەماڵەکان و ئەوانەن کە لەگەڵیاندا تۆمارکراون، ئەوانەی لە سەردەمی ئەرتەحشەستەی پاشادا لەگەڵ من لە بابلەوە گەڕانەوە: 1
Esiawoe nye ƒometatɔ siwo trɔ gbɔ kplim tso Babilonia le fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu me la ƒe ŋkɔwo kple ƒometɔ siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe wo gbɔ la ƒe ŋkɔwo:
لە نەوەی فینەحاس، گێرشۆم؛ لە نەوەی ئیتامار، دانیال؛ لە نەوەی داود، حەتوش 2
Ame siwo tso Finehas ƒe dzidzime me: Gersom; Ame siwo tso Itamar ƒe dzidzime me: Daniel; Ame siwo tso David ƒe dzidzime me: Hatus
لە نەوەی شەخەنەیا؛ لە نەوەی پەرعۆش، زەکەریا و سەد و پەنجا نێرینەش لەگەڵیدا تۆمار کران؛ 3
si tso Sekania ƒe dzidzime me; Ame siwo tso Paros ƒe dzidzime me: Zekaria kple ŋutsu alafa ɖeka blaatɔ̃ siwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe egbɔ;
لە نەوەی پەحەت‌مۆئاب، ئەلیهۆعێینەی کوڕی زەرەحیا، دوو سەد نێرینەش لەگەڵی؛ 4
Ame siwo tso Pahat Moab ƒe dzidzime me: Zerahia ƒe vi, Eliehoenai kple ŋutsu alafa eve siwo kpe ɖe eŋu la;
لە نەوەی زەتو، شەخەنەیا کوڕی یەحەزیێل و سێ سەد نێرێنەش لەگەڵی؛ 5
Ame siwo tso Zatu ƒe dzidzimeviwo dome: Sekania, Yahaziel ƒe vi kple ŋutsu alafa etɔ̃ siwo le eŋu la;
لە نەوەی عادین، عەبەدی کوڕی یۆناتان، پەنجا نێرینەش لەگەڵی؛ 6
Ame siwo tso Adin ƒe dzidzime me: Yonatan ƒe vi, Ebed kple ŋutsu blaatɔ̃ siwo nɔ eŋu la;
لە نەوەی ئیلام، یەشەعیای کوڕی عەتەلیا، حەفتا نێرینەش لەگەڵی؛ 7
Ame siwo tso Elam ƒe dzidzime me: Atalia ƒe vi, Yesaya kple ŋutsu blaadre siwo le eŋu la;
لە نەوەی شەفەتیا، زەڤەدیای کوڕی میکائیل، هەشتا نێرینەش لەگەڵی؛ 8
Ame siwo tso Sefatia ƒe dzidzime me: Mikael ƒe vi, Zebadia kple ŋutsu blaenyi siwo dze eyome la;
لە نەوەی یۆئاب عۆبەدیای کوڕی یەحیێل، دوو سەد و هەژدە نێرینەش لەگەڵی؛ 9
Ame siwo tso Yoab ƒe dzidzime me: Yehiel ƒe vi, Obadia kple ŋutsu alafa eve kple wuienyi siwo nɔ eŋu la;
لە نەوەی بانی، شەلۆمیت کوڕی یۆسیفیا، سەد و شەست نێرینەش لەگەڵی؛ 10
Ame siwo tso Bani ƒe dzidzime me: Yosifia ƒe vi, Selomit kple ŋutsu alafa ɖeka kple blaade siwo nɔ eŋu la;
لە نەوەی بێڤەی، زەکەریای کوڕی بێڤەی، بیست و هەشت نێرینەش لەگەڵی؛ 11
Ame siwo tso Bebai ƒe dzidzime me: Bebai ƒe vi, Zekaria kple ŋutsu blaeve-vɔ-enyi siwo nɔ eŋu la;
لە نەوەی عەزگاد، یۆحانانی کوڕی هەقاتان سەد و دە نێرینەش لەگەڵی؛ 12
Ame siwo tso Azgad ƒe dzidzime me: Hakatan ƒe vi, Yohanan kple ŋutsu alafa ɖeka kple ewo siwo nɔ eŋu la;
لە نەوەی ئەدۆنیقام، ئەوانەی کۆتایی ئەمە ناوەکانیانە، ئەلیفەلەت و یەعوئێل و شەمەعیا، شەست نێرینەش لەگەڵیان؛ 13
Ame siwo tso Adonikam ƒe dzidzime me: Ame mamlɛ siwo ƒe ŋkɔwoe nye Elifelet, Yeuel kple Semaya kple ŋutsu blaade siwo nɔ wo ŋu la;
لە نەوەی بیگڤەی، عوتەی و زەکور، حەفتا نێرینەش لەگەڵیان. 14
Ame siwo tso Bigvai ƒe dzidzime me: Utai kple Zakur kple ŋutsu blaadre siwo nɔ wo ŋu la.
جا بۆ لای ئەو نۆکەندەی بەرەو ئەهەڤا دەڕوات کۆمکردنەوە و سێ ڕۆژ لەوێ ماینەوە، لە گەل و کاهینەکان ورد بوومەوە، بەڵام کەسم لە لێڤییەکان لەوێ بەدی نەکرد. 15
Tete meƒo wo nu ƒu ɖe tɔsisi si si ɖo ta Ahava la to eye míeƒu asaɖa anyi ɖe afi ma ŋkeke etɔ̃. Esi metsa le ameawo kple nunɔlaawo dome la, nyemekpɔ Levitɔ aɖeke o.
لەبەر ئەوە بانگی هەر یەک لە ئەلیعەزەر، ئەریێل، شەمەعیا، ئەلناتان، یاریڤ، ئەلناتان، ناتان، زەکەریا و مەشولام کرد، کە لە ڕابەرەکان بوون، هەروەها یۆیاریڤ و ئەلناتان کە تێگەیشتوو بوون. 16
Ale meyɔ Eliezer, Ariel, Semaya, Elnatan, Yarib, Elnatan, Natan, Zekaria kple Mesulam, ame siwo nye kplɔlawo, kpe ɖe Yoyarib kple Elnatan ŋu, ame siwo nye agbalẽnyala gãwo,
هەموویانم نارد بۆ لای ئیدۆی ڕابەر لەو شوێنەی ناوی کاسیفیا بوو، پێم گوتن لە کاسیفیا چی بە ئیدۆ و برا خزمەتکارەکانی پەرستگا بڵێن، تاوەکو خزمەتکارانمان بۆ بهێنن بۆ ماڵی خودامان. 17
eye medɔ wo ɖo ɖe dudzikpɔla Ido gbɔ le Kasifia. Megblɔ nya si wòle be woagblɔ na Ido kple nɔvia siwo nye dɔlawo le gbedoxɔ me le Kasifia, ale be woaɖo dɔwɔlawo ɖe mí hena dɔwo wɔwɔ le míaƒe Mawu la ƒe aƒe me.
ئینجا بەپێی ئەوەی دەستی چاکی خودا لەسەرمان بوو، پیاوێکی وریایان بۆمان هێنا کە ناوی شێرێڤیا بوو، لە نەوەی مەحلی کوڕی لێڤی کوڕی ئیسرائیل، لەگەڵ کوڕەکانی شێرێڤیا و براکانی کە هەموویان هەژدە پیاو بوون؛ 18
Esi wònye be míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesie nɔ mía dzi ta la, wokplɔ Serebia, ŋutsu si ŋu ŋutete geɖe nɔ la vɛ na mí, ame si nye Mahli, Levi ƒe dzidzimevi. Ke Mahli nye Levi ƒe vi, eye Levi nye Israel ƒe vi, kpe ɖe Serebia ƒe viŋutsuwo kple nɔvia ŋutsuwo ŋu, eye wo katã wole ame wuienyi.
هەروەها حەشەڤیا لەگەڵ یەشەعیا لە نەوەی مەراری و براکانی و کوڕەکانیان بیست کەس بوون. 19
Woawo kple Hasabia, kpe ɖe Yesaya si tso Merari ƒe dzidzimeviwo dome la ŋuti kple nɔvia ŋutsuwo kple woƒe ƒometɔ bubuwo, ale wo katã wole ŋutsu blaeve.
لە خزمەتکارانی پەرستگاش، لەو کۆمەڵەی کە داود و کاربەدەستەکان بۆ یارمەتیدانی لێڤییەکان دایانمەزراندبوون، دوو سەد و بیست پیاویان هێنا. هەموویان بە ناوی خۆیانەوە دیاری کران. 20
Woawo hã kplɔ gbedoxɔmedɔwɔla alafa eve kple blaeve ɖe asi, ame siwo David kple eƒe dɔnunɔlawo ɖo be woakpe ɖe Levitɔwo ŋu. Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖi.
لەوێدا لەسەر نۆکەندی ئەهەڤا بانگەوازی ڕۆژووگرتنم ڕاگەیاند، بۆ ئەوەی لەبەردەم خوداکەماندا ملکەچ بین و داوای ڕێگایەکی ڕاستی لێ بکەین بۆ خۆمان و منداڵەکانمان و هەموو ئەوەی هەمانە. 21
Le Ahava tɔsisi la to, le afi ma meɖe gbeƒã nutsitsidɔ, ale be míabɔbɔ mía ɖokuiwo le míaƒe Mawu la ŋkume be míabia dedinɔnɔ na míawo ŋutɔ kple mía viwo kple míaƒe nunɔamesiwo ƒe dedinɔnɔ.
پێم شەرم بوو داوای سەرباز و سوار لە پاشا بکەم، بۆ ئەوەی لە ڕێگاکەدا لە دوژمن بمانپارێزن، چونکە ئێمە بە پاشامان گوتبوو کە خودای ئێمە چاکە لەگەڵ ئەوانە دەکات کە پشتی پێ دەبەستن، زۆریش لەوە تووڕە دەبێت کە وازی لێ بهێنێت. 22
Ŋu le kpeyem be mabia fia la be wòana asrafowo kple sɔdolawo mí, woadzɔ mía ŋu le mɔa dzi le míaƒe futɔwo ta, elabena megblɔ na fia la be, “Míaƒe Mawu la ƒe amenuvevesi nɔa ame sia ame si ɖoa dzi ɖe eŋu la dzi, ke eƒe dziku gã la nɔa ame siwo katã gbee la dzi.”
جا بە ڕۆژوو بووین و ئەوەمان لە خودامان داوا کرد، ئەویش وەڵامی داینەوە. 23
Ale míetsi nu dɔ, ƒo koko na míaƒe Mawu la tso nu sia ŋuti, eye wòɖo míaƒe gbedodoɖa ŋu.
پاشان لە کاهینانی باڵا دوازدە کەسم جیا کردەوە: شێرێڤیا و حەشەڤیا، لەگەڵ ئەوانیش دە لە براکانیان، 24
Tete meɖe nunɔla siwo bi ɖe dɔa me nyuie la dometɔ wuieve ɖe aga kpe ɖe Serebia, Hasabia kple wo nɔviŋutsu ewo bubuwo ŋu.
زێڕ و زیو و قاپوقاچاغەکەشم بۆیان پێوا، کە بەخشینەکەی ماڵی خودامان ئەوەی پاشا و ڕاوێژکارەکانی و کاربەدەستەکانی و هەموو ئەو ئیسرائیلییانەی کە لەوێ بوون بەخشییان. 25
Meda sika, klosalo kple nu bubu siwo fia la, eƒe aɖaŋuɖolawo, eƒe dɔnunɔlawo kple Israel blibo si nɔ afi ma la na hena míaƒe Mawu ƒe aƒe la.
شەش سەد و پەنجا تالنت زیوم کێشا و خستمە ناو دەستیان، سەد تالنتیش لە قاپوقاچاغی زیو لەگەڵ سەد تالنت زێڕ و 26
Meda klosalo tɔn blaeve-vɔ-eve na wo kple klosalonu bubu siwo ƒe kpekpeme nɔ tɔn etɔ̃ kple afã la na wo, kpe ɖe sika tɔn etɔ̃ kple afã
بیست پەرداخی زێڕ بە هەزار درهەم، دوو قاپی بڕۆنزیش زۆر باش مشتوماڵکراو، کە وەک زێڕ بە نرخ بوون. 27
kple sikagba blaeve siwo ƒe home anɔ sikaga kilogram enyi kple afã, kpe ɖe akɔblinu vevi eve siwo ŋu wozrɔ̃ wole dzo dam abe sika adodea ene la ŋu.
بەوانم گوت: «ئێوە تەرخانکراون بۆ یەزدان و قاپوقاچاغەکانیش تەرخانکراون و زێڕ و زیوەکەش بەخشینێکی ئازادن بۆ یەزدانی پەروەردگاری باوباپیرانتان. 28
Eye megblɔ na wo be, “Wokɔ miawo ŋutɔ kple nu siawo katã ŋuti na Yehowa. Klosalo kple sika nye lɔlɔ̃nununanawo na Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la.
ئیتر پاسەوانیی بکەن و بیپارێزن هەتا لەبەردەم کاهینانی باڵا و لێڤییەکان و گەورەی بنەماڵەکانی ئیسرائیل لە ئۆرشەلیم بیکێشن، لە ژوورەکانی ماڵی یەزدان.» 29
Midzɔ wo ŋu nyuie eye midzra wo ɖo va se ɖe esime miada wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe xɔwo me le Yerusalem le nunɔla tsitsiawo, Levitɔwo kple Israel ƒe ƒometatɔwo ŋkume.”
ئینجا کاهین و لێڤییەکان کێشی زێڕ و زیو و قاپوقاچاغەکەیان وەرگرت تاوەکو بۆ ئۆرشەلیمی بهێنن، بۆ ماڵی خوداکەمان. 30
Ale nunɔlaawo kple Levitɔwo xɔ klosalo, sika kple nu kɔkɔe bubu siwo woda be woatsɔ ayi ɖe míaƒe Mawu ƒe aƒe la mee le Yerusalem.
لە دوازدەی مانگی یەک لە نۆکەندی ئەهەڤاوە بەڕێکەوتین تاکو بچینە ئۆرشەلیم، خوداشمان پشتگیری دەکردین، جا لە دەستی دوژمن و چەتەکانی سەر ڕێگا فریامان کەوت. 31
Le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuievelia dzi la, míedze mɔ tso Ahava tɔsisi la to ɖo ta Yerusalem. Míaƒe Mawu la ƒe asi nɔ mía dzi, eye wòɖe mí tso futɔwo kple adzohawo ƒe asime le mɔa dzi.
ئینجا گەیشتینە ئۆرشەلیم و سێ ڕۆژ لەوێ ماینەوە. 32
Ale míeva ɖo Yerusalem, eye míedzudzɔ ŋkeke etɔ̃.
لە ڕۆژی چوارەمدا زێڕ و زیو و قاپوقاچاغەکەی ناو ماڵی خودامان لەسەر دەستی مەرێمۆتی کوڕی ئوریای کاهین کێشرا. ئەلعازاری کوڕی فینەحاسیش لەگەڵی بوو، لەگەڵ یۆزاڤادی کوڕی یێشوع و نۆعەدیای کوڕی بەنوی کە هەردووکیان لێڤی بوون. 33
Le ŋkeke enelia dzi, le míaƒe Mawu la ƒe aƒe me, míeda sika, klosalo kple nu kɔkɔe bubuawo de asi na Uria ƒe vi, nunɔla Meremot. Eleazar, Finehas ƒe vi, nɔ egbɔ hekpe ɖe Levitɔwo, Yozabad, Yesua ƒe vi kple Noadia, Binui ƒe vi ŋuti.
بە ژمارە و کێش بۆ هەموویان، هەموو کێشەکەش لەو کاتەدا نووسران. 34
Míena akɔnta tso nu sia nu ŋuti, le woƒe xexlẽme kple kpekpeme nu, eye woŋlɔ kpekpeme ɖe sia ɖe da ɖi le ɣe ma ɣi me.
نەوەی ڕاپێچکراوەکانیش ئەوانەی لە ڕاپێچکراوی گەڕابوونەوە، قوربانی سووتاندنیان پێشکەشی خودای ئیسرائیل کرد، دوازدە گا لەبری هەموو ئیسرائیل، لەگەڵ نەوەد و شەش بەران، حەفتا و حەوت بەرخی نێر، هەروەها دوازدە گیسکی نێری بۆ قوربانی گوناه، هەموو کرانە قوربانی سووتاندن بۆ یەزدان. 35
Tete ame siwo gbɔ tso aboyo me la sa numevɔ na Israel ƒe Mawu la kple nu siawo: Nyitsu wuieve, ɖe Israel ƒe toawo nu, agbo blaasiekɛ-vɔ-ade, alẽvi blaadre-vɔ-adre kple gbɔ̃tsu wuieve abe nu vɔ̃ vɔsa ene. Wotsɔ esiawo katã wɔ numevɔsae na Yehowa.
هەروەها یاساکانی پاشایان دایە دەست میر و پارێزگارەکانی هەرێمی ئەوبەری فورات، ئەوانیش یارمەتی گەل و ماڵی خودایان دا. 36
Wotsɔ fia la ƒe sededewo hã na fiateƒenɔlawo kple mɔmefia siwo le Frat tɔsisi la godo, ame siwo na kpekpeɖeŋu dukɔ la kple Mawu ƒe aƒe la.

< عەزرا 8 >