< Ezekiel 3 >

1 God El fahk, “Mwet sukawil moul la, kangla book limlim se inge, na kom som kaskas nu sin mwet Israel.”
Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu nu si le wò ŋkume, ɖu agbalẽ sia, eye nàɖaƒo nu na Israel ƒe aƒe la.”
2 Ouinge nga mangelik, ac El ase book limlim sac ngan kangla.
Ale meke nye nu me, eye wòtsɔ agbalẽ la nam be maɖu.
3 El fahk, “Mwet sukawil, kangla book limlim se nga sot nu sum uh, ac nwakla insiom kac.” Na nga kangla, ac emwem kac uh oana honey.
Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖu agbalẽ si mele tsɔtsɔm na wò, eye nàtsɔe ayɔ wò dɔgbo.” Ale meɖui, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene.
4 Na God El fahk, “Mwet sukawil, fahla nu yurin mwet Israel ac fahk nu selos ma nukewa nga supwekom in fahk nu selos uh.
Emegbe la, egblɔ nam be, “Ame vi, azɔ la, yi Israel ƒe aƒe la me, eye nàgblɔ nye nya na wo.
5 Nga tia supwekom nu ke sie mutunfacl su kom tia kalem ke kas lalos, a nu yurin mwet na Israel.
Nyemele ɖowòm ɖe ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ o, eye woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ la gbɔ o, ke boŋ mele ɖowòm ɖe Israel ƒe aƒe me,
6 Nga funu supwekom nu in kutu mutunfacl lulap su orekmakin kas upa ma kom tia kalem kac, elos lukun lohng kom.
menye ɖe ame geɖewo, ame siwo ƒe nuƒoƒo me mekɔ, woƒe gbegbɔgblɔ sesẽ, eye màte ŋu ase woƒe nyawo gɔme la gbɔ o. Eme kɔ ƒãa be nenye woawo gbɔe meɖo wò ɖo la, woaɖo to wò.
7 A funu mwet Israel, wangin sie selos ac lungse in lohng kom. Finne nga, elos tia pac lohngyu. Elos nukewa mwet likkeke ac lungse alein.
Ke Israel ƒe aƒe la mele lɔlɔ̃m be yeaɖo to wò o, elabena womele lɔlɔ̃m be woaɖo tom o, elabena Israel ƒe aƒemetɔwo katã nye tosẽlawo kple kɔlialiatɔwo.
8 Inge nga ac oru kom in likkeke ac ku oana elos.
Ke mawɔ wò màna ta o, wò ŋkume asẽ, eye màna ta o abe woawo ke ene.
9 Nga ac oru kom in ku oana sie eot, ac keke oana sie diamond. Nimet sangeng sin mwet orek alein ingo.”
Mawɔ wò ŋgonu wòasẽ wu agakpe, eye wòasẽ wu gayibɔ. Mègavɔ̃ wo alo nàna woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wotso ƒome dzeaglã me hã.”
10 God El sifilpa fahk, “Mwet sukawil, sang insiom in porongo ac esam ma nukewa nga fahk nu sum uh.
Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖo to nyuie, eye nàlé nya siwo katã megblɔ na wò la me ɖe dzi me.
11 Na kom som nu yurin mwet srahm su muta in sruoh, ac fahk nu selos ma nga, LEUM GOD Fulatlana, fahk nu selos, lah elos ac lohng kom ku tia.”
Yi mia detɔ siwo le aboyo me la gbɔ, eye nàƒo nu na wo. Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi,’ ne wosee loo alo wogbe esese.”
12 Na ngun lun God srukyuyak, ac nga lohng sie pusra tukuk su fahk, “Kaksakin wolana lun LEUM GOD inkusrao lucng.”
Mese hoowɔwɔ sesẽ aɖe ƒe ɖiɖi le megbenye be, “Woakafu Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.”
13 Nga lohng pusren posohksok lun ma orekla moul uh tukeni pikpik yen engyeng uh, ac kusen wheel uh su yohk pusra oana pusren kusrusr lulap.
Nu gbagbeawo ƒe aʋalawo ƒe lili ɖe wo nɔewo ŋu ƒe ɖiɖi kple tasiaɖam ƒe afɔwo ƒe ɖiɖi sesĩe le wo xa.
14 Ac ku lulap lun LEUM GOD tuku nu fuk, ac ke ngun lal usyula nga pulakin inse toasr ac kasrkusrak.
Gbɔgbɔ la kɔm do ɖe dzi, eye wòkɔm dzoe. Meyi le vevesese kple dzikudodo ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti me, eye Yehowa ƒe asi sesẽ la nɔ dzinye
15 Na nga tuku nu Tel Abib sisken Infacl Chebar, yen ma mwet sruoh elos muta we. Nga muta we len itkosr, ac wela ke ma nga tuh liye ac lohng.
Meva ɖo aboyome siwo nɔ Tel Aviv, afi si te ɖe Kebar Tɔsisi la ŋu la gbɔ. Le afi ma, afi si wonɔ la, menɔ anyi ɖe wo dome ŋkeke adre, eye gbɔgblɔ bu ɖem.
16 Tukun len itkosr, LEUM GOD El kaskas nu sik
Le ŋkeke adreawo ƒe nuwuwu la, Yehowa ƒe nya va nam be,
17 ac fahk, “Mwet sukawil, nga orekomla in sie mwet san nu sin mutanfahl Israel, ac kom fah fahkang nu selos kas in sensenkakunulos ke kas ma nga ac sot nu sum.
“Ame vi, mewɔ wò gbetakpɔla na Israel ƒe aƒe la, eya ta se nya si magblɔ la, eye nàna nuxɔxlɔ̃ wo tso gbɔnye.
18 Nga fin akkalemye lah mwet koluk uh ac misa, ac kom tia fahkang nu selos in aolla moul lalos tuh elos in moul, na elos ac misa ke ma koluk lalos, tusruk nga ac filiya mwatan misa lalos fom.
Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi aɖe be, ‘Èle kuku ge godoo,’ eye mèxlɔ̃ nui alo ƒo nu kplii hena wòɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃ɖi ŋu, ale be wòaɖe eƒe agbe o la, ame vɔ̃ɖi ma aku le eƒe nu vɔ̃ ta, eye mabia eƒe ʋu ƒe akɔnta tso asiwò me.
19 A kom fin sang kas in kai nu sin mwet koluk, ac elos tiana forla liki, na elos ac misa ke orekma koluk lalos, na kom ac moul.
Ke ne èxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la, gake meɖe asi le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ŋu alo trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi o la, ekema aku le eƒe nu vɔ̃ ta, ke wò la, èɖe ɖokuiwò.
20 “Ac fin mwet suwoswos uh mutawauk in oru ma koluk, na nga fuhlelosi in muta ke moul fosrnga, elos ac misa ke ma koluk lalos ke sripen kom tia sensenkakunulos. Nga fah tia esam ma wo elos oru meet ah, ac kom ac fah eis mwatan misa lalos.
“Nenema ke, ne ame dzɔdzɔe aɖe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔ nu vɔ̃, eye meda nu si wòakli ɖe mɔ me nɛ la, aku. Esi mèxlɔ̃ nui o ta la, aku le eƒe nu vɔ̃ ta. Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo wòwɔ la dzi o, eye mabia eƒe ʋu tso asiwò me.
21 A kom fin sensenkakin mwet wo in tia oru ma koluk, ac elos lohng kom ac tia oru ma koluk, elos ac moul, ac kom ac oayapa moul.”
Ke ne èxlɔ̃ nu ame dzɔdzɔe la be, megawɔ nu vɔ̃ o, eye mewɔ nu vɔ̃ o la, ekema anɔ agbe, elabena ese nuxɔxlɔ̃ eye àɖe ɖokuiwò.”
22 Nga pulakin ku lun LEUM GOD oan fuk, ac nga lohng ke El fahk nu sik, “Tukakek ac tufokla nu infahlfal uh. Nga fah sramsram nu sum we.”
Yehowa ƒe asi nɔ dzinye le afi ma, eye wògblɔ nam be, “Tsi tsitre, nàyi bali la me, eye maƒo nu na wò le afi ma.”
23 Ouinge nga som nu infahlfal uh, ac nga liye wolana lun LEUM GOD oana ke nga tuh liye sisken Infacl Chebar. Na nga faksufi nu infohk uh.
Ale metsi tsitre, eye meyi bali la me. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe nɔ tsitre ɖe afi ma abe ŋutikɔkɔe si mekpɔ le Kebar Tɔsisi la to ene, eye metsyɔ mo anyi.
24 Ngun lun God ilyak nu in nga ac tulokinyuyak. Ac LEUM GOD El fahk nu sik, “Fahla, utyak nu in lohm sum an, ac kaliya.
Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, eye wòna metso ɖe tsitrenu. Eƒo nu nam gblɔ be, “Yi, nàtu ɖokuiwo ɖe wò aƒe me.
25 Mwet sukwil, kom ac fah kapriyuki ke sucl, ac kom ac tia ku in illa nu in wulil uh.
Ame vi, woabla wò kple ka, woabla wò ale be màte ŋu ado, age ɖe ameawo dome o.
26 Nga fah oru tuh loum in ulla, kom in tia ku in fahk kas in sensenkakin nu sin mwet alein inge.
Mana wò aɖe nalé ɖe wò aŋɔ ŋu le wò nu me ale be nàzu aɖetututɔ, eye màte ŋu aka mo na wo o, togbɔ be wonye ame dzeaglãwo hã.
27 Na ke nga ac sifilpa kaskas nu sum ac sifil oru kom in ku in kaskas, kom fah fahkang nu selos ma nga, LEUM GOD Fulatlana, fahk uh. Kutu selos ac porongekom, ac kutu ac pilesrekom, mweyen elos sie mutanfahl alein.”
Ke ne meƒo nu na wò la, maʋu nu na wò, eye nàgblɔ na ameawo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’ Ame sia ame si aɖo toe la, neɖo toe, eye ame sia ame si agbe toɖoɖoe la, negbe, elabena ƒome dzeaglãwo wonye.”

< Ezekiel 3 >