< 시편 78 >
1 아삽의 마스길 내 백성이여, 내 교훈을 들으며 내 입의 말에 귀를 기울일지어다
Asaf ƒe nufiameha. O! Nye dukɔ, mise nye nufiame, eye miɖo to nye numenyawo.
2 내가 입을 열고 비유를 베풀어서 옛 비밀한 말을 발표하리니
Make nye nu, aƒo nu le lododowo me. Magblɔ nu siwo le ɣaɣla, nu siwo li tso blema ke.
3 이는 우리가 들은 바요 아는 바요 우리 열조가 우리에게 전한 바라
Nu siwo míese, eye míenya, nu siwo mía fofowo tsɔ tu xoe na mí.
4 우리가 이를 그 자손에게 숨기지 아니하고 여호와의 영예와 그 능력과 기이한 사적을 후대에 전하리로다
Míawo míaɣlae ɖe mía viwo o, ke boŋ míagblɔ Yehowa ƒe dɔwɔwɔ siwo dze na kafukafu, eƒe ŋusẽ kple nukudɔ siwo wòwɔ la na megbeviwo.
5 여호와께서 증거를 야곱에게 세우시며 법도를 이스라엘에게 정하시고 우리 열조에게 명하사 저희 자손에게 알게 하라 하셨으니
Ewɔ ɖoɖowo na Yakob, eye wòɖo se anyi ɖe Israel, se siwo ŋu wòde se na mía fofowo be woafia wo viwo,
6 이는 저희로 후대 곧 후생 자손에게 이를 알게 하고 그들은 일어나 그 자손에게 일러서
ale be dzidzime megbetɔwo hã nanya wo, eye vi siwo womedzi haɖe o hã nanya wo, ne woawo hã nafia wo viwo.
7 저희로 그 소망을 하나님께 두며 하나님의 행사를 잊지 아니하고 오직 그 계명을 지켜서
Ekema woatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe Mawu dzi, eye womaŋlɔ eƒe nuwɔwɔwo be o, ke boŋ woalé eƒe sewo me ɖe asi.
8 그 열조 곧 완고하고 패역하여 그 마음이 정직하지 못하며 그 심령은 하나님께 충성치 아니한 세대와 같지 않게 하려 하심이로다
Ke womanɔ abe wo fofo kɔlialiatɔwo, dzidzime dzeaglã, ame siwo ƒe dzi meku ɖe Mawu ŋu o, eye woƒe gbɔgbɔ meto nyateƒe nɛ o la ene o.
9 에브라임 자손은 병기를 갖추며 활을 가졌으나 전쟁의 날에 물러갔도다
Togbɔ be aŋutrɔwo le Efraimtɔwo si hã la, wotrɔ megbe si dzo le aʋakpegbe.
10 저희가 하나님의 언약을 지키지 아니하고 그 율법 준행하기를 거절하며
Womelé Mawu ƒe nubabla me ɖe asi o, eye wogbe be yewomanɔ agbe ɖe eƒe se la nu o.
11 여호와의 행하신 것과 저희에게 보이신 기사를 잊었도다
Woŋlɔ nu si wòwɔ la be, esiwo nye nukunu siwo wòɖe fia wo.
12 옛적에 하나님이 애굽 땅 소안 들에서 기이한 일을 저희 열조의 목전에서 행하셨으되
Ewɔ nukunu le wo fofowo ŋkume le Egiptenyigba dzi, le Zoan nuto me.
13 저가 바다를 갈라 물을 무더기 같이 서게 하시고 저희로 지나게 하셨으며
Ema atsiaƒu, hekplɔ wo to emee, eye wòna tsi la tɔ dzɔ kã abe glikpɔ ene.
14 낮에는 구름으로, 온 밤에는 화광으로 인도하셨으며
Etsɔ lilikpo kplɔ woe le ŋkeke me, eye wòtsɔ dzo keklẽ kplɔ woe le zã me.
15 광야에서 반석을 쪼개시고 깊은 수원에서 나는 것 같이 저희에게 물을 흡족히 마시우셨으며
Efe agakpe me le gbegbe, eye wòna tsi wo wòsɔ gbɔ abe atsiaƒumetsiwo ene.
16 또 반석에서 시내를 내사 물이 강 같이 흐르게 하셨으나
Ena tsi do tso agakpe me eye tsi la si bababa abe tɔsisiwo ene.
17 저희는 계속하여 하나님께 범죄하여 황야에서 지존자를 배반하였도다
Ke woyi edzi gawɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu, eye wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu le gbedzi.
18 저희가 저희 탐욕대로 식물을 구하여 그 심중에 하나님을 시험하였으며
Wotsɔ woƒe lɔlɔ̃nu te Mawu kpɔ, esi wobia nuɖuɖu si le wo dzrom vevie.
19 그뿐 아니라 하나님을 대적하여 말하기를 하나님이 광야에서 능히 식탁을 준비하시랴
Woƒo nu tsi tsitre ɖe Mawu ŋu be, “Ɖe Mawu ate ŋu aɖo kplɔ̃ na mí le gbedzia?
20 저가 반석을 쳐서 물을 내시매 시내가 넘쳤거니와 또 능히 떡을 주시며 그 백성을 위하여 고기를 예비하시랴 하였도다
Esi wòtsɔ nu ƒo agakpe la, tsi do bababa, eye tɔʋuwo si kplakplakpla. Gake ɖe wòate ŋu ana nuɖuɖu mía? Ate ŋu ana lã eƒe dukɔa?”
21 그러므로 여호와께서 듣고 노하심이여 야곱을 향하여 노가 맹렬하며 이스라엘을 향하여 노가 올랐으니
Esi Yehowa se wo ŋkɔ la, dzi kui vevie; eƒe dzo bi ɖe Yakob ŋu, eye eƒe dɔmedzoe de dzi ɖe Israel ŋu,
22 이는 하나님을 믿지 아니하며 그 구원을 의지하지 아니한 연고로다
elabena womexɔ Mawu dzi se, alo ka ɖe eƒe xɔname dzi o.
23 그러나 저가 오히려 위의 궁창을 명하시며 하늘 문을 여시고
Ke hã la, eɖe gbe na lilikpowo le dzi, eye wòʋu dziƒo ƒe ʋɔtruwo,
24 저희에게 만나를 비 같이 내려 먹이시며 하늘 양식으로 주셨나니
ena mana dza tso dziƒo na dukɔ la be woaɖu, eye wòna bli wo tso dziƒo.
25 사람이 권세 있는 자의 떡을 먹음이여 하나님이 식물을 충족히 주셨도다
Amegbetɔ ɖu mawudɔlawo ƒe nuɖuɖu, eye wòɖo nuɖuɖu si sinu wohiã la ɖe wo.
26 저가 동풍으로 하늘에서 일게 하시며 그 권능으로 남풍을 인도하시고
Etu ka ɣedzeƒeya tso dziƒo, eye wòkplɔ dzigbeya kple eƒe ŋusẽ.
27 저희에게 고기를 티끌 같이 내리시니 곧 바다 모래 같은 나는 새라
Ena lã dza ɖe wo dzi abe ʋuʋudedi ene, eye xe dzodzoewo abe ƒutake ene.
28 그 진 중에 떨어지게 하사 그 거처에 둘리셨도다
Ena woge dze woƒe asaɖa me, eye woƒo xlã woƒe agbadɔwo.
29 저희가 먹고 배불렀나니 하나님이 저희 소욕대로 주셨도다
Ale woɖui ʋuu heɖi ƒo taŋ, elabena ewɔ nu si dzrom wole la dzi na wo.
30 저희가 그 욕심에서 떠나지 아니하고 저희 식물이 아직 그 입에 있을 때에
Ke hafi nuɖuɖu si wodzro la navɔ, eye esi wògale nu me na wo ko la,
31 하나님이 저희를 대하여 노를 발하사 저희 중 살찐 자를 죽이시며 이스라엘의 청년을 쳐 엎드러뜨리셨도다
Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu; ewu ame sesẽwo le wo dome, eye wòlã Israel ɖekakpuiwo ƒu anyi.
32 그럴지라도 저희가 오히려 범죄하여 그의 기사를 믿지 아니하였으므로
To nu siawo katã gbɔ hã la, wogayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi, eye togbɔ be ewɔ nukunuwo hã la, womexɔe se o.
33 하나님이 저희 날을 헛되이 보내게 하시며 저희 해를 두렵게 지내게 하셨도다
Ale wòna woƒe ŋkekewo wu nu nanekemakpɔkpɔe, eye woƒe ƒewo wu nu le ŋɔdzi me.
34 하나님이 저희를 죽이실 때에 저희가 그에게 구하며 돌이켜 하나님을 간절히 찾았고
Ɣe sia ɣi si ke Mawu wu wo ko la, wodinɛ, eye wogatrɔna ɖe eŋu kple vevidodo.
35 하나님이 저희의 반석이시요 지존하신 하나님이 저희 구속자이심을 기억하였도다
Woɖoa ŋku edzi be Mawue nye woƒe Agakpe, eye Mawu Dziƒoʋĩtɔ lae nye woƒe Ɖela.
36 그러나 저희가 입으로 그에게 아첨하며 자기 혀로 그에게 거짓을 말하였으니
Ke emegbe la, wotsɔa woƒe nu flunɛ, eye wotsɔa woƒe aɖe daa alakpa nɛ.
37 이는 하나님께 향하는 저희 마음이 정함이 없으며 그의 언약에 성실치 아니하였음이로다
Woƒe dziwo meku ɖe eŋu vavã o, eye womewɔ eƒe nubabla dzi le nyateƒe me o.
38 오직 하나님은 자비하심으로 죄악을 사하사 멸하지 아니하시고 그 진노를 여러번 돌이키시며 그 분을 다 발하지 아니하셨으니
Gake ekpɔ nublanui na wo; etsɔ woƒe vodadawo ke wo, eye metsrɔ̃ wo o. Zi geɖe la, eɖoa asi eƒe dziku dzi, eye menaa eƒe dɔmedzoe katã bina o.
39 저희는 육체뿐이라 가고 다시 오지 못하는 바람임을 기억하셨음이로다
Eɖo ŋku edzi be ŋutilã ko wonye, eye wonye ya si ƒona yina gake megatrɔna gbɔna o.
40 저희가 광야에서 그를 반항하며 사막에서 그를 슬프시게 함이 몇 번인고
Zi nenie womedze aglã ɖe eŋu le gbedzi, eye womedo vevesese nɛ le kuɖiɖinyigba dzi o!
41 저희가 돌이켜 하나님을 재삼 시험하며 이스라엘의 거룩한 자를 격동하였도다
Enuenu wotea Mawu kpɔna, eye wodoa dziku na Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.
42 저희가 그의 권능을 기억지 아니하며 대적에게서 구속하신 날도 생각지 아니하였도다
Womeɖo ŋku eƒe ŋusẽ dzi, gbe si gbe wòɖe wo tso ŋutasẽla ƒe asi me,
43 그 때에 하나님이 애굽에서 그 징조를, 소안 들에서 그 기사를 나타내사
gbe si gbe wòɖe eƒe nukudzesiwo fia le Egipte kple eƒe nukudɔwo fia le Zoan nuto me o.
44 저희의 강과 시내를 피로 변하여 저희로 마실 수 없게 하시며
Etrɔ woƒe tɔsisiwo wozu ʋu, eye womete ŋu no woƒe tɔʋumetsi o.
45 파리 떼를 저희 중에 보내어 물게 하시고 개구리를 보내어 해하게 하셨으며
Eɖo togbato ƒe ha gã aɖe ɖe wo dome, woɖu wo kple akpɔkplɔwo wogblẽ woƒe nuwo.
46 저희의 토산물을 황충에게 주시며 저희의 수고한 것을 메뚜기에게 주셨으며
Etsɔ woƒe nukuwo na ʋetrawo kple woƒe kutsetsewo na ʋetsuviwo.
47 저희 포도나무를 우박으로, 저희 뽕나무를 서리로 죽이셨으며
Egblẽ woƒe waingblewo kple kpetsi, eye woƒe gbotiwo kple tsidzadza sesẽ.
48 저희 가축을 우박에, 저희 양떼를 번갯불에 붙이셨으며
Etsɔ woƒe nyihawo na kpetsi, eye wòtsɔ woƒe lãhawo na dzikedzo.
49 그 맹렬한 노와 분과 분노와 고난 곧 벌하는 사자들을 저희에게 내려 보내셨으며
Eɖo eƒe dɔmedzoe nyanyra, dziku helĩhelĩ, xaxa kple fuwɔame, siwo nye mawudɔla siwo gblẽa nu la ɖe wo.
50 그 노를 위하여 치도하사 저희 혼의 사망을 면케 아니하시고 저희 생명을 염병에 붙이셨으며
Eɖe mɔ ɖi na eƒe dɔmedzoe; meɖe woƒe agbe tso ku me o, ke boŋ etsɔ wo de asi na dɔvɔ̃.
51 애굽에서 모든 장자 곧 함의 장막에 있는 그 기력의 시작을 치셨으나
Ewu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbevi siwo nye woƒe ŋutsunyenye ƒe kutsetse gbãtɔwo le Ham gbadɔwo te.
52 자기 백성을 양 같이 인도하여 내시고 광야에서 양떼 같이 지도하셨도다
Gake ekplɔ eƒe dukɔ la abe lãhawo ene, eye wòkplɔ wo abe alẽwo ene to gbedzi.
53 저희를 안전히 인도하시니 저희는 두려움이 없었으나 저희 원수는 바다에 엄몰되었도다
Ekplɔ wo le dedinɔnɔ me, ale be womevɔ̃ o, gake ƒu la tsyɔ woƒe futɔwo dzi.
54 저희를 그 성소의 지경 곧 그의 오른손이 취하신 산으로 인도하시고
Ale wòkplɔ wo va eƒe anyigba kɔkɔe la ƒe liƒo dzi, va tonyigba si eƒe nuɖusi xɔ la gbɔ.
55 또 열방을 저희 앞에서 쫓아내시며 줄로 저희 기업을 분배하시고 이스라엘 지파로 그 장막에 거하게 하셨도다
Enya dukɔwo le wo ŋgɔ, eye wòma woƒe anyigba na wo be wòanye woƒe domenyinu, eye wòna Israel ƒe toawo nɔ woƒe aƒewo me.
56 그럴지라도 저희가 지존하신 하나님을 시험하며 반항하여 그 증거를 지키지 아니하며
Ke wote Mawu kpɔ, wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye womelé eƒe sewo me ɖe asi o.
57 저희 열조 같이 배반하고 궤사를 행하여 속이는 활 같이 빗가서
Abe wo fofowo ene la, womeɖo to o, wowɔ nu dzimaxɔsetɔe, eye wole abe dati doagblɔ ene, elabena womate ŋu aka ɖe wo dzi o.
58 자기 산당으로 그 노를 격동하며 저희 조각한 우상으로 그를 진노케 하였으매
Wotsɔ woƒe nuxeƒewo do dɔmedzoe nɛ, eye woƒe legbawo na ŋuʋaʋã tso le eya amea me.
59 하나님이 들으시고 분내어 이스라엘을 크게 미워하사
Esi Mawu se wo ŋkɔ la, dzi kui vevie ŋutɔ, eye wògbe Israel keŋkeŋ.
60 실로의 성막 곧 인간에 세우신 장막을 떠나시고
Ale wògblẽ agbadɔ si le Silo la ɖi, agbadɔ si wòtu ɖe amegbetɔwo dome.
61 그 능력된 자를 포로에 붙이시며 자기 영광을 대적의 손에 붙이시고
Eɖo nubablaɖaka si nye eƒe ŋusẽ la ɖe aboyome, eye wòtsɔ eƒe atsyɔ̃nu de asi na futɔ la.
62 그 백성을 또 칼에 붙이사 그의 기업에게 분내셨으니
Etsɔ eƒe dukɔ de asi na yi, eye wòdo dɔmedzoe vevie ɖe eƒe domenyinu la ŋu.
63 저희 청년은 불에 살라지고 저희 처녀에게는 혼인 노래가 없으며
Ena dzo fia eƒe ɖekakpuiwo, eye womedzi srɔ̃ɖeha na eƒe ɖetugbiwo o.
64 저희 제사장들은 칼에 엎드러지고 저희 과부들은 애곡하지 못하였도다
Wotsɔ woƒe nunɔlawo de asi na yi, eye avi bu ɖe woƒe ahosiwo.
65 때에 주께서 자다가 깬 자 같이, 포도주로 인하여 외치는 용사 같이 일어나사
Tete Aƒetɔ la nyɔ tso alɔ̃ me abe ale si aha kɔna le mo na ame si no wain mu la ene.
66 그 대적들을 쳐 물리쳐서 길이 욕되게 하시고
Enya eƒe futɔwo do ɖe megbe, eye wòdo ŋukpe mavɔ wo.
67 또 요셉의 장막을 싫어 버리시며 에브라임 지파를 택하지 아니하시고
Emegbe la, wògbe nu le Yosef ƒe agbadɔwo gbɔ, eye metia Efraim ƒe to la o.
68 오직 유다 지파와 그 사랑하시는 시온 산을 택하시고
Ke boŋ etia Yuda ƒe to la, esi nye Zion to si wòlɔ̃na vevie.
69 그 성소를 산의 높음 같이, 영원히 두신 땅 같이 지으셨으며
Etu eƒe kɔkɔeƒe la abe kɔkɔƒe ene, eye abe anyigba si wòli kee tegbetegbe ene.
70 또 그 종 다윗을 택하시되 양의 우리에서 취하시며
Etia David dɔla, eye wòɖee le alẽkpo me;
71 젖 양을 지키는 중에서 저희를 이끄사 그 백성인 야곱, 그 기업인 이스라엘을 기르게 하셨더니
tso alẽkplɔdɔ me, eye wòkplɔe vɛ be wòakplɔ eƒe dukɔ, Yakob kple eƒe domenyinu, Israel.
72 이에 저가 그 마음의 성실함으로 기르고 그 손의 공교함으로 지도하였도다
David kpɔ wo dzi le dzi dzɔdzɔe me, eye wòkplɔ wo le aɖaŋu me.