< 시편 77 >

1 아삽의 시, 영장으로 여두둔의 법칙에 의지하여 한 노래 내가 내 음성으로 하나님께 부르짖으리니 하나님께 내 음성으로 부르짖으면 내게 귀를 기울이시리로다
Asaf ƒe ha na Hɛnɔ Yedutun. Medo ɣli na Mawu be wòaxɔ nam; medo ɣli na Mawu be wòaɖo tom.
2 나의 환난날에 내가 주를 찾았으며 밤에는 내 손을 들고 거두지 아니하였으며 내 영혼이 위로 받기를 거절하였도다
Esi meɖo xaxa me la, medi Aƒetɔ la; le zã me la, meke nye abɔwo me, gake ɖeɖi mete wo ŋu o, eye nye luʋɔ gbe akɔfafaxɔxɔ.
3 내가 하나님을 생각하고 불안하여 근심하니 내 심령이 상하도다(셀라)
O! Mawu, meɖo ŋku dziwò, eye meɖe hũu. Mele ŋeŋem, eye nu te nye gbɔgbɔ ŋu. (Sela)
4 주께서 나로 눈을 붙이지 못하게 하시니 내가 괴로워 말할 수 없나이다
Èna nye ŋkuwo gbe miamia; fuɖeɖewo sɔ gbɔ ale gbegbe be nyemate ŋu aƒo nu o.
5 내가 옛날 곧 이전 해를 생각하였사오며
Mebu gbe aɖe gbe ŋkekewo kple blemaƒewo ŋu.
6 밤에 한 나의 노래를 기억하여 마음에 묵상하며 심령이 궁구하기를
Tete meɖo ŋku ha siwo medzina le zã me la dzi. Nye dzi gbã, eye nye gbɔgbɔ bia be:
7 주께서 영원히 버리실까, 다시는 은혜를 베풀지 아니하실까,
“Ɖe Aƒetɔ la agbe ame tegbetegbea? Ɖe magave ame nu akpɔ oa?
8 그 인자하심이 길이 다하였는가, 그 허락을 영구히 폐하셨는가,
Ɖe eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la vɔ tegbetegbea? Ɖe eƒe ŋugbedodo vɔ hena ɣeyiɣiawo katã?
9 하나님이 은혜 베푸심을 잊으셨는가, 노하심으로 그 긍휼을 막으셨는가 하였나이다(셀라)
Ɖe Mawu ŋlɔ nublanuikpɔkpɔ bea? Ɖe wòɖo asi eƒe dɔmenyonyo dzi le dɔmedzoe ta?” (Sela)
10 또 내가 말하기를 이는 나의 연약함이라 지존자의 오른손의 해
Tete megblɔ be, “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nuɖusi ƒe ƒewo ko maƒo koko na.”
11 곧 여호와의 옛적 기사를 기억하여 그 행하신 일을 진술하리이다
Maɖo ŋku Yehowa ƒe nuwɔwɔwo dzi, ɛ̃, maɖo ŋku nukunu siwo nèwɔ le blema la dzi.
12 또 주의 모든 일을 묵상하며 주의 행사를 깊이 생각하리이다
Made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo katã ŋu, eye mabu ta me le wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo ŋu.
13 하나님이여 주의 도는 극히 거룩하시오니 하나님과 같이 큰 신이 누구오니이까
O! Mawu, wò mɔwo le kɔkɔe mawu kae lolo abe míaƒe Mawu la ene?
14 주는 기사를 행하신 하나님이시라 민족들 중에 주의 능력을 알으시고
Wòe nye Mawu si wɔ nukunuwo, eye nèɖe wò ŋusẽ fia le dukɔwo dome.
15 주의 팔로 주의 백성 곧 야곱과 요셉의 자손을 구속하셨나이다(셀라)
Ètsɔ wò abɔ sesẽ la ɖe wò dukɔ la, ame siwo nye Yakob kple Yosef ƒe dzidzimeviwo. (Sela)
16 하나님이여 물들이 주를 보았나이다 물들이 주를 보고 두려워하며 깊음도 진동하였고
O! Mawu, tsiwo kpɔ wò, tsiwo kpɔ wò, eye woŋe, gogloƒewo ke hã dzo nyanyanya.
17 구름이 물을 쏟고 궁창이 소리를 발하며 주의 살도 날아 나갔나이다
Lilikpo ɖuɖu tsi bababa, dziŋgɔli ɖe gbe, eye wò aŋutrɔwo klẽ dzo bibibi, yi gagbɔ.
18 회리바람 중에 주의 우뢰의 소리가 있으며 번개가 세계를 비취며 땅이 흔들리고 움직였나이다
Wose wò gbeɖeɖe le yali me, wò dzikedzo klẽ ɖe xexea me, eye anyigba ʋuʋu hedzo nyanyanya.
19 주의 길이 바다에 있었고 주의 첩경이 큰 물에 있었으나 주의 종적을 알 수 없었나이다
Wò mɔ to atsiaƒu me, eye wò toƒe le tɔ gãwo me, gake womekpɔa wò afɔteƒe o.
20 주의 백성을 무리양 같이 모세와 아론의 손으로 인도하셨나이다
Èkplɔ wò dukɔ abe alẽha ene, to Mose kple Aron ƒe asiwo dzi.

< 시편 77 >