< 시편 6 >

1 다윗의 시, 영장으로 현악 스미닛에 맞춘 노래 여호와여 주의 분으로 나를 견책하지 마옵시며 주의 진노로 나를 징계하지 마옵소서
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku kple seminit ŋu. O! Yehowa, mègaka mo nam le wò dziku me alo ahe to nam le wò dɔmedzoe helĩhelĩ me o.
2 여호와여 내가 수척하였사오니 긍휼히 여기소서 여호와여 나의 뼈가 떨리오니 나를 고치소서
Yehowa, kpɔ nublanui nam, elabena nu te ŋunye. O! Yehowa, yɔ dɔm, elabena nye ƒuwo le veve sem.
3 나의 영혼도 심히 떨리나이다 여호와여 어느 때까지니이까
Nye luʋɔ le nuxaxa me. Va se ɖe ɣe ka ɣi, O! Yehowa, va se ɖe ɣe ka ɣi?
4 여호와여 돌아와 나의 영혼을 건지시며 주의 인자하심을 인하여 나을 구원하소서
O! Yehowa, trɔ ɖe ŋunye, eye nàɖem; ɖem, le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta.
5 사망 중에서는 주를 기억함이 없사오니 음부에서 주께 감사할 자 누구리이까 (Sheol h7585)
Ame aɖeke meɖoa ŋku dziwò ne eku o. Ame kae kafua wò tso eƒe yɔdo me? (Sheol h7585)
6 내가 탄식함으로 곤핍하여 밤마다 눈물로 내 침상을 띄우며 내 요를 적시나이다
Mevɔ le eme keŋkeŋ le ŋeŋe ta; metsɔ aɖatsi ƒo nye aba, elabena mefa avi zã blibo la, eye nye aɖatsi wɔe be nye dɔƒe ƒo tsi belebele.
7 내 눈이 근심을 인하여 쇠하며 내 모든 대적을 인하여 어두웠나이다
Nuxaxa na ɖeɖi te nye ŋkuwo ŋu; womegale nu kpɔm tututu o, le nye futɔwo ta.
8 행악하는 너희는 다 나를 떠나라 여호와께서 내 곡성을 들으셨도다
Mite ɖa le gbɔnye, mi nu vlo wɔlawo, elabena Yehowa se nye avifafa.
9 여호와께서 내 간구를 들으셨음이여 여호와께서 내 기도를 받으시리로다
Yehowa se ɣli si medo be wòakpɔ nye nublanui; Yehowa xɔ nye gbedodoɖa alɔ eve.
10 내 모든 원수가 부끄러움을 당하고 심히 떪이여 홀연히 부끄러워 물러가리로다
Nye futɔwo katã ŋu akpe mi, eye miaƒe mo atsi dãa; woagbugbɔ ɖe megbe enumake kple ŋukpe.

< 시편 6 >