< 잠언 6 >

1 내 아들아 네가 만일 이웃을 위하여 담보하며 타인을 위하여 보증하였으면
Vinye, ne ède megbe na wò aƒelika, eye nèsi akpe tsɔ do ŋugbee na ame tutɔ,
2 네 입의 말로 네가 얽혔으며 네 입의 말로 인하여 잡히게 되었느니라
ne ŋugbe si nèdo zu mɔ me nèɖo eye wò numenyawo bla wò la,
3 내 아들아 네가 네 이웃의 손에 빠졌은즉 이같이 하라 너는 곧 가서 겸손히 네 이웃에게 간구하여 스스로 구원하되
ekema vinye, wɔ esia ne nàtsɔ aɖe ɖokuiwòe, esi nège ɖe hawòvi ƒe asi me ta. Yi nàbɔbɔ ɖokuiwò, ɖe kuku na hawòvi la amenubletɔe!
4 네 눈으로 잠들게 하지 말며 눈꺼풀로 감기게 하지 말고
Wò ŋkuwo megadɔ alɔ̃ o eye wò aɖaba megadɔ akɔlɔ̃e o.
5 노루가 사냥꾼의 손에서 벗어나는 것 같이 새가 그물 치는 자의 손에서 벗어나는 것 같이 스스로 구원하라
Ɖe ɖokuiwò le eƒe asi me abe ale si sãde sina le adela ƒe asi me ene alo abe ale si xevi dona le xevimɔtrela ƒe kamɔ mee ene.
6 게으른 자여 개미에게로 가서 그 하는 것을 보고 지혜를 얻으라
Wò, kuviatɔ, yi anyidi gbɔ; kpɔ eƒe mɔwo ɖa, eye nàdze nunya!
7 개미는 두령도 없고 간역자도 없고 주권자도 없으되
Gbeɖela loo dzikpɔla alo dziɖula aɖeke mele esi o,
8 먹을 것을 여름 동안에 예비하며 추수 때에 양식을 모으느니라
gake le dzomeŋɔli la eƒoa eƒe nuhiahiãwo nu ƒu eye wòƒoa eƒe nuɖuɖu nu ƒu le nuŋeɣi.
9 게으른 자여 네가 어느 때까지 눕겠느냐 네가 어느 때에 잠이 깨어 일어나겠느나
Wò, kuviatɔ va se ɖe ɣe ka ɣi nàmlɔ afi ma? Ɣe ka ɣi nànyɔ tso alɔ̃ me?
10 좀더 자자, 좀더 졸자, 손을 모으고 좀더 눕자 하면
Dɔ alɔ̃ vie, dɔ akɔlɔ̃e sẽe, ŋlɔ wò abɔwo nàdzudzɔ vie,
11 네 빈궁이 강도 같이 오며 네 곤핍이 군사 같이 이르리라
tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene.
12 불량하고 악한 자는 그 행동에 궤휼한 입을 벌리며
Yakame kple ame baɖa si le yiyim kple alakpadada,
13 눈짓을 하며 발로 뜻을 보이며 손가락질로 알게 하며
le ŋku tem, tsɔ afɔ le dzesi fiam eye wòtsɔ eƒe asi le nya gblɔmii,
14 그 마음에 패역을 품으며 항상 악을 꾀하여 다툼을 일으키는 자라
ame si ɖoa nu vɔ̃ɖi, beble le eƒe dzi me, eye ɣe sia ɣi wòdea dzre aƒe la
15 그러므로 그 재앙이 갑자기 임한즉 도움을 얻지 못하고 당장에 패망하리라
eya ta gbegblẽ aƒo ɖe edzi kpoyi eye woatsrɔ̃ eya amea zi ɖeka, naneke maɖee le eme o.
16 여호와의 미워하시는 것 곧 그 마음에 싫어하시는 것이 육 칠 가지니
Nu adree Yehowa tsri, eye nu adree nye nu siwo wònyɔa ŋui:
17 곧 교만한 눈과 거짓된 혀와 무죄한 자의 피를 흘리는 손과
dadaŋkuwo, alakpaɖe, asi siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi,
18 악한 계교를 꾀하는 마음과 빨리 악으로 달려가는 발과
dzi si ɖoa nu vɔ̃ɖiwo, afɔ siwo ɖea abla ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋuti
19 거짓을 말하는 망령된 증인과 및 형제 사이를 이간하는 자니라
aʋatsoɖaseɖila si kɔa alakpa ɖi, kple ŋutsu si dea dzre nɔviwo dome.
20 내 아들아 네 아비의 명령을 지키며 네 어미의 법을 떠나지 말고
Vinye, lé fofowò ƒe sededewo me ɖe asi eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.
21 그것을 항상 네 마음에 새기며 네 목에 매라
Bla wo ɖe wò dzi ŋuti tegbee eye nàsae ɖe wò kɔ ŋuti.
22 그것이 너의 다닐 때에 너를 인도하며 너의 잘 때에 너를 보호하며 너의 깰 때에 너로 더불어 말하리니
Ne èle zɔzɔm la, woafia mɔ wò, ne èle alɔ̃ dɔm la, woadzɔ ŋuwò eye ne ènyɔ la, woaƒo nu na wò
23 대저 명령은 등불이요 법은 빛이요 훈계의 책망은 곧 생명의 길이라
elabena sedede siawo nye akaɖi, nufiafia sia nye kekeli eye ɖɔɖɔɖo si amehehe hena vɛ la nye agbe ƒe mɔ,
24 이것이 너를 지켜서 악한 계집에게, 이방 계집의 혀로 호리는 말에 빠지지 않게 하리라
esi aɖe wò tso nyɔnu ahasitɔ ƒe asi me kple srɔ̃nyɔnu dzego la ƒe aɖe ŋanɛ ƒe asi me.
25 네 마음에 그 아름다운 색을 탐하지 말며 그 눈꺼풀에 홀리지 말라
Eƒe tugbedzedze megana eƒe nu nadzro wò le wò dzi me alo nàna eƒe ŋku mawo nalé wò o,
26 음녀로 인하여 사람이 한조각 떡만 남게 됨이며 음란한 계집은 귀한 생명을 사냥함이니라
elabena gbolo aɖi gbɔ̃ wò, nànɔ abe abolo ko ene eye nyɔnu ahasitɔ aɖe agbe le mewò.
27 사람이 불을 품에 품고야 어찌 그 옷이 타지 아니하겠으며
Ɖe ŋutsu aɖe aɖe dzo ɖe atata eye eƒe awuwo nagbe fiafia?
28 사람이 숯불을 밟고야 어찌 그 발이 데지 아니하겠느냐
Ɖe ŋutsu aɖe azɔ le dzoka xɔxɔ dzi eye eƒe afɔwo nagbe fiafia?
29 남의 아내와 통간하는 자도 이와 같을 것이라 무릇 그를 만지기만 하는 자도 죄 없게 되지 아니하리라
Nenemae wòanɔ na ŋutsu si dɔna kple ŋutsu bubu srɔ̃, womagbe tohehe na ame si ka asi eŋuti o.
30 도적이 만일 주릴 때에 배를 채우려고 도적질하면 사람이 그를 멸시치는 아니하려니와
Womedoa vlo fiafitɔ ne efi fi be wòatsɔ atsi eƒe dɔwuame nu, ne dɔ la ewum o
31 들키면 칠 배를 갚아야 하리니 심지어 자기 집에 있는 것을 다 내어 주게 되리라
gake ne wolée la, ele nɛ be wòaɖo nua teƒe zi adre, esia ana eƒe kesinɔnu siwo katã le esi le eƒe aƒe me la navɔ le esi.
32 부녀와 간음하는 자는 무지한 자라 이것을 행하는 자는 자기의 영혼을 망하게 하며
Ke ame si wɔ ahasi kple srɔ̃tɔ la mebua ta me o eye ame si wɔnɛ la gblẽa eɖokui dome.
33 상함과 능욕을 받고 부끄러움을 씻을 수 없게 되나니
Ƒoƒo kple kɔ kple vlododo nye etɔ gome eye womaɖe eƒe ŋukpe ɖa akpɔ gbeɖe o
34 그 남편이 투기함으로 분노하여 원수를 갚는 날에 용서하지 아니하고
elabena ŋuʋaʋã ana srɔ̃ŋutsu ƒe dɔmedzoe nafla eye ne ele hlɔ̃ biam la, makpɔ nublanui o.
35 아무 벌금도 돌아 보지 아니하며 많은 선물을 줄지라도 듣지 아니하리라
Maxɔ avulénu aɖeke o, eye maxɔ zãnu aɖeke hã o, aleke gbegbee wòloloe hã.

< 잠언 6 >