< 잠언 23 >

1 네가 관원과 함께 앉아 음식을 먹게 되거든 삼가 네 앞에 있는 자가 누구인지 생각하며
Ne ènɔ kplɔ̃ ŋu be yeaɖu nu kple fia la, lé ŋku ɖe nu si wotsɔ ɖo akɔwò me la ŋu nyuie
2 네가 만일 탐식자여든 네 목에 칼을 둘 것이니라
eye tsɔ hɛ ɖo wò ve dzi ne ènye nutsuɖula.
3 그 진찬을 탐하지 말라 그것은 간사하게 베푼 식물이니라
Mègadzro eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo o elabena nuɖuɖu ma nye beble.
4 부자 되기에 애쓰지 말고 네 사사로운 지혜를 버릴지어다
Mègaku kutri vivivo, agbɔdzɔ ɖokuiwò be yeakpɔ hotsui o, dze nunya nàlé avu ɖokuiwò.
5 네가 어찌 허무한 것에 주목하겠느냐 정녕히 재물은 날개를 내어 하늘에 나는 독수리처럼 날아가리라
Kasia wò ŋku nabe yeato kesinɔnuwo dzi la, wo nu va yi xoxo elabena woato aʋala godoo eye woadzo adzo ayi ɖe dziƒo ʋĩi abe hɔ̃ ene.
6 악한 눈이 있는 자의 음식을 먹지 말며 그 진찬을 탐하지 말지어다
Mègaɖu ŋutsu nuvela ƒe nuɖuɖu o, eye eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo megadzro wò o,
7 대저 그 마음의 생각이 어떠하면 그 위인도 그러한즉 그가 너더러 먹고 마시라 할지라도 그 마음은 너와 함께 하지 아니함이라
elabena enye ame si le ga si wòagblẽ ɖe nua ɖaɖa ŋuti la ŋu bum. Egblɔ na wò be, “Ɖu nu, nàno nu” gake megblɔe tso eƒe dzi me o.
8 네가 조금 먹은 것도 토하겠고 네 아름다운 말도 헛된 데로 돌아가리라
Àdzɔ nu sue si nèɖu la hã eye àtsɔ wò kafukafunya siwo nègblɔ la hã ada ahee.
9 미련한 자의 귀에 말하지 말지니 이는 그가 네 지혜로운 말을 업신여길 것임이니라
Mègaƒo nu ɖe bometsila ƒe to me o, elabena ado vlo wò nunyanyawo.
10 옛 지계석을 옮기지 말며 외로운 자식의 밭을 침범하지 말지어다
Mègaɖe blemaliƒokpewo ɖa alo age ɖe tsyɔ̃eviwo ƒe agble me o
11 대저 그들의 구속자는 강하시니 너를 대적하사 그 원을 펴시리라
elabena ŋusẽtɔe nye wo ta ʋlila; eye awɔ avu kpli wò ɖe wo nu.
12 훈계에 착심하며 지식의 말씀에 귀를 기울이라
Tsɔ wò dzi ku ɖe nufiame ŋu eye wò towo natrɔ ɖe gɔmesese ŋu.
13 아이를 훈계하지 아니치 말라 채찍으로 그를 때릴지라도 죽지 아니하리라
Mègagbe tohehe na ɖevi o, ne èƒoe kple ati la, mele kuku ge o.
14 그를 채찍으로 때리면 그 영혼을 음부에서 구원하리라 (Sheol h7585)
Tsɔ ameƒoti he to nɛ eye àɖe eƒe luʋɔ tso ku me. (Sheol h7585)
15 내 아들아 만일 네 마음이 지혜로우면 나 곧 내 마음이 즐겁겠고
Vinye, ne wò dzi dze nunya la, ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ
16 만일 네 입술이 정직을 말하면 내 속이 유쾌하리라
eye nye ememe ke atso aseye ne wò nuyiwo gblɔ nu si le dzɔdzɔe.
17 네 마음으로 죄인의 형통을 부러워하지 말고 항상 여호와를 경외하라
Mègana wò dzi naʋã ŋu nu vɔ̃ wɔlawo o, ke boŋ tsɔ dzo ɖe Yehowavɔvɔ̃ ŋu.
18 정녕히 네 장래가 있겠고 네 소망이 끊어지지 아니하리라
Vavã, mɔkpɔkpɔ le asiwò hena etsɔ si gbɔna eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.
19 내 아들아 너는 듣고 지혜를 얻어 네 마음을 정로로 인도할지니라
Vinye, ɖo tom ne nàdze nunya eye na wò dzi nanɔ mɔ dzɔdzɔetɔ dzi.
20 술을 즐겨하는 자와 고기를 탐하는 자로 더불어 사귀지 말라
Mègade ha kple ame siwo nye waintsunolawo alo lã geɖe ɖulawo o.
21 술 취하고 탐식하는 자는 가난하여질 것이요 잠자기를 즐겨하는 자는 해어진 옷을 입을 것임이니라
Elabena ahatsunolawo kple nutsuɖulawo la, ahee wodana eye alɔ̃ tsu dɔdɔ nana wonɔa awu vuvuwo me.
22 너 낳은 아비에게 청종하고 네 늙은 어미를 경히 여기지 말지니라
Ɖo to fofowò, ame si dzi wò eye mègado vlo dawò ne eku nyagã o.
23 진리를 사고서 팔지 말며 지혜와 훈계와 명철도 그리할지니라
Ƒle nyateƒe la eye mègadzrae o; ƒle nunya, amehehe kple gɔmesese.
24 의인의 아비는 크게 즐거울 것이요 지혜로운 자식을 낳은 자는 그를 인하여 즐거울 것이니라
Ame dzɔdzɔe fofo atso aseye geɖe eye ame si si vi nyanu le la akpɔ dzidzɔ le eŋu.
25 네 부모를 즐겁게 하며 너 낳은 어미를 기쁘게 하라
Dawò kple fofowò nekpɔ dzidzɔ eye nyɔnu si dzi wò la netso aseye!
26 내 아들아 네 마음을 내게 주며 네 눈으로 내 길을 즐거워할지어다
Vinye, tsɔ wò dzi nam eye wò ŋkuwo nenɔ nye mɔwo ŋu
27 대저 음녀는 깊은 구렁이요 이방 여인은 좁은 함정이라
elabena gbolo la, ʋe globoe wònye eye srɔ̃nyɔnu ahasitɔ la, vudo xaxɛ wònye.
28 그는 강도 같이 매복하며 인간에 궤사한 자가 많아지게 하느니라
Ede xa ɖi abe adzodala ene eye wòdzia ŋutsu ahasitɔwo ƒe xexlẽme ɖe edzi.
29 재앙이 뉘게 있느뇨 근심이 뉘게 있느뇨 분쟁이 뉘게 있느뇨 원망이 뉘게 있느뇨 까닭 없는 창상이 뉘게 있느뇨 붉은 눈이 뉘게 있느뇨
Ame kae le hũu ɖem? Ame kae le veve sem? Ame kae le nu xam? Ame kae le eƒe nuteɖeamedziwo gblɔm? Ame kae xɔ abi yakatsyɔ? Ame ka ƒe ŋkue biã abe ʋu ene?
30 술에 잠긴 자에게 있고 혼합한 술을 구하러 다니는 자에게 있느니라
Ame siwo tsia wainze te la tɔe, ame siwo yina ɖaɖɔa wain si wotɔtɔ kpɔ la tɔe.
31 포도주는 붉고 잔에서 번쩍이며 순하게 내려가나니 너는 그것을 보지도 말지어다
Mègaɖɔ wain kpɔ ne ebiã dzẽe, ne ele fu tsɔm le kplu me, ne eto vetome heɖiɖi ɖe dɔ me o!
32 이것이 마침내 뱀 같이 물 것이요 독사 같이 쏠 것이며
Le nuwuwu la, eɖua ame abe da ene eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene.
33 또 네 눈에는 괴이한 것이 보일 것이요 네 마음은 망령된 것을 발할 것이며
Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔ manyatalenuwo eye wò susu anɔ nu baɖabaɖawo susum.
34 너는 바다 가운데 누운 자 같을 것이요 돛대 위에 누운 자 같을 것이며
Ànɔ abe ame si mlɔ atsiaƒu gbana dzi alo ame si mlɔ abala dzi ene.
35 네가 스스로 말하기를 사람이 나를 때려도 나는 아프지 아니하고 나를 상하게 하여도 내게 감각이 없도다 내가 언제나 깰까 다시 술을 찾겠다 하리라
Àgblɔ be, “Woxlã nu ɖem gake nyemexɔ abi o! Woƒom gake mevem o! Ɣe ka ɣi gɔ̃ manyɔ ne magadi ahayomemɔ?”

< 잠언 23 >