< 예레미야 10 >

1 이스라엘 집이여 여호와께서 너희에게 이르시는 말씀을 들을지어다
Mise nya si gblɔm Yehowa le na mi, O Israel ƒe aƒe
2 여호와께서 이같이 말씀하시되 열방의 길을 배우지 말라 열방인은 하늘의 징조를 두려워하거니와 너희는 그것을 두려워 말라
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Migasrɔ̃ dukɔwo ƒe mɔwo o. Togbɔ be ŋɔdzi léa dukɔwo le dzesi siwo dona ɖe dziŋgɔli ŋuti hã la, womegado ŋɔdzi na miawo ya o.
3 열방의 규례는 헛된 것이라 그 위하는 것은 삼림에서 벤 나무요 공장의 손이 도끼로 만든 것이라
Dukɔ siawo ƒe kɔnyinyiwo nye yaka. Wotsoa ati le ave me eye atikpala tsɔa hɛ kpanɛ kple aɖaŋu.
4 그들이 은과 금으로 그것에 꾸미고 못과 장도리로 그것을 든든히 하여 요동치 않게 하나니
Wotsɔa klosalo kple sika fana ɖe eŋuti.
5 그것이 갈린 기둥 같아서 말도 못하며 걸어 다니지도 못하므로 사람에게 메임을 입느니라 그것이 화를 주거나 복을 주지 못하나니 너희는 두려워 말라 하셨느니라
Wotsɔa gatagbadzɛ klãnɛ ɖe enɔƒe be magamu o. Woƒe aklamakpakpɛ siwo mate ŋu aƒo nu o la le abe xevi nyanu le adzamatregble me ene. Ele be woakɔ wo, elabena womate ŋu azɔ azɔli o. Migavɔ̃ na wo o; womate ŋu awɔ vɔ̃ aɖeke mi alo awɔ nyui aɖeke na mi o.”
6 여호와여 주와 같은 자 없나이다 주는 크시니 주의 이름이 그 권능으로 인하여 크시니이다
O Yehowa, ame aɖeke mele abe wò ene o; èlolo eye wò ŋkɔ nye ŋusẽ triakɔ.
7 열방의 왕이시여 주를 경외치 아니할 자가 누구리이까 이는 주께 당연한 일이라 열방의 지혜로운 자들과 왕족 중에 주와 같은 자 없음이니이다
Ame kae li si agbe wò bubu, O dukɔwo ƒe Fia? Elabena esiae nye tɔwò gome. Nunyala siwo le dukɔwo kple fiaɖuƒewo me la ƒe ɖeke mele abe wò ene o.
8 그들은 다 무지하고 어리석은 것이니 우상의 도는 나무뿐이라
Wo katã wonye susumanɔsitɔwo kple numanyalawo. Aklamakpakpɛ si mele ɖeke me o lae nye woƒe nufiala.
9 다시스에서 가져온 은박과 우바스에서 가져온 금으로 꾸미되 공장과 장색의 손으로 만들었고 청색 자색 감으로 그 옷을 삼았나니 이는 공교한 사람의 만든 것이어니와
Wotsɔa klosalo si woƒo gbabɛ la tsoa Tarsis eye wotsɔa sika tsoa Ufaz. Wotsɔa awu blɔtɔ kple dzĩtɔ dona na nu si atikpala kple sikanutula wɔ, nu siwo nye aɖaŋudɔwɔlawo ƒe asinudɔwɔwɔwo.
10 오직 여호와는 참 하나님이시요 사시는 하나님이시요 영원한 왕이시라 그 진노하심에 땅이 진동하며 그 분노하심을 열방이 능히 당치 못하느니라
Ke Yehowa koe nye nyateƒe ƒe Mawu, eyae nye Mawu gbagbe kple Fia mavɔ. Ne ebi dzi la, anyigba ʋuʋuna eye dukɔwo mate ŋu anɔ te ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la nu o.
11 너희는 이같이 그들에게 이르기를 천지를 짓지 아니한 신들은 땅 위에서, 이 하늘 아래서 망하리라 하라
“Gblɔ nya sia na wo, ‘mawu siawo, esiwo mewɔ dziƒo kple anyigba o la atsrɔ̃ le anyigba dzi kple dziƒoa te.’”
12 여호와께서 그 권능으로 땅을 지으셨고 그 지혜로 세계를 세우셨고 그 명철로 하늘들을 펴셨으며
Ke Mawue wɔ anyigba kple eƒe ŋusẽ; eyae na anyigba dzɔ to eƒe nunya me, eye wòtsɔ eƒe nugɔmesese keke dziƒowo mee.
13 그가 목소리를 발하신즉 하늘에 많은 물이 생기나니 그는 땅 끝에서 구름이 오르게 하시며 비를 위하여 번개하게 하시며 그 곳간에서 바람을 내시거늘
Ne eɖe gbe la, tsi siwo le dziƒowo tea gbe eye wònana lilikpowo hona tso anyigba ƒe mlɔenu ke. Eɖoa dzikedzo kple tsidzadza ɖa eye wòɖea yaƒoƒo doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.
14 사람마다 우준하고 무식하도다 금장색마다 자기의 조각한 신상으로 인하여 수치를 당하나니 이는 그 부어 만든 우상은 거짓 것이요 그 속에 생기가 없음이라
Amegbetɔwo katã nye movitɔwo eye nunya mele tagbɔ na wo o. Sikanutula ɖe sia ɖe ƒe legbawo akpe ŋu nɛ. Eƒe legbawo nye beble elabena agbe mele wo me o.
15 그것들은 헛 것이요 망령되이 만든 것인즉 징벌하실 때에 멸망할 것이나
Nu maɖinuwo kple alɔmeɖenuwo wonye, ne woƒe ʋɔnudrɔ̃gbe ɖo la, woatsrɔ̃.
16 야곱의 분깃은 이같지 아니하시니 그는 만물의 조성자요 이스라엘은 그 산업의 지파라 그 이름은 만군의 여호와시니라
Ke ame si nye Yakob ƒe gome la, mele abe esiawo ene o, elabena eyae nye nu sia nu wɔla kple Israel ƒe ƒome si nye eƒe domenyinu la hã. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
17 에워싸인 가운데 앉은 자여 네 꾸러미를 이 땅에서 수습하라
Miƒo miaƒe nunɔamesiwo nu ƒu ne miadzo le anyigba la dzi, mi ame siwo aʋa xa aƒe na.
18 여호와께서 이같이 말씀하시되 보라 내가 이 땅에 거하는 자를 이번에는 내어던질 것이라 그들을 괴롭게 하여 깨닫게 하리라 하셨느니라
Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le ɣeyiɣi sia me la, matsɔ ame siwo le anyigba sia dzi la aƒu gbe. Mana xaxa nava wo dzi ale be woate ŋu alé wo.”
19 슬프다 내 상처여 내가 중상을 당하였도다 그러나 내가 말하노라 이는 참으로 나의 고난이라 내가 참아야 하리로다
Baba nam le abi si mexɔ la ta. Nye abi la nye abi makumaku! Gake megblɔ na ɖokuinye be, “Esia nye nye dɔléle eya ta ele nam be manɔ te ɖe enu.”
20 내 장막이 훼파되고 나의 모든 줄이 끊어졌으며 내 자녀가 나를 떠나가고 있지 아니하니 내 장막을 세울 자와 내 장을 칠 자가 다시 없도다
Wogbã nye agbadɔ eye wolã eƒe kawo. Vinye ŋutsuwo dzo eye womegali o. Ame aɖeke mesusɔ si atu nye agbadɔ nam alo akpe ɖe ŋunye awɔ gbɔɖemeƒe nam o.
21 목자들은 우준하여 여호와를 찾지 아니하므로 형통치 못하며 그 모든 양떼는 흩어졌도다
Alẽkplɔlawo nye movitɔwo eye womebiaa Yehowa ta sena o, eya ta nu medzea edzi na wo o. Ale woƒe alẽhawo hã kaka.
22 들을지어다 북방에서부터 크게 떠드는 풍성이 오니 유다 성읍들로 황폐케 하여 시랑의 거처가 되게 하리로다
Ƒu to anyi, ɣli aɖe ɖi, ƒu to anyi, egbɔna, hoowɔwɔ gã aɖe tso anyiehenyigba dzi gbɔna! Awɔ Yuda duwo woazu aƒedo kple nɔƒe na amegaxiwo.
23 여호와여 내가 알거니와 인생의 길이 자기에게 있지 아니하니 걸음을 지도함이 걷는 자에게 있지 아니하니이다
O Yehowa, menya be amegbetɔ ƒe agbe menye eya ŋutɔ tɔ o eye menye amegbetɔ ƒe dɔ wònye be wòalé eƒe mɔ atsɔ o.
24 여호와여 나를 징계하옵시되 너그러이 하시고 진노로 하지 마옵소서 주께서 나로 없어지게 하실까 두려워하나이다
Yehowa, ɖɔm ɖo, gake kple afiatsotso nyui, menye le wò dziku me o. Ne menye nenema o la, àwɔm mazu nu maɖinu.
25 주를 알지 못하는 열방과 주의 이름으로 기도하지 아니하는 족속들에게 주의 분노를 부으소서 그들은 야곱을 씹어 삼켜 멸하고 그 거처를 황폐케 하였나이다
Trɔ wò dɔmedzoe helĩhelĩ la kɔ ɖe dukɔ siwo menya wò o kple ame siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi. Elabena wovuvu Yakob, wovuvui keŋkeŋ, eye wogblẽ eƒe nɔƒe.

< 예레미야 10 >