< 창세기 7 >

1 여호와께서 노아에게 이르시되 너와 네 온 집은 방주로 들어가라 네가 이 세대에 내 앞에서 의로움을 내가 보았음이니라
Yehowa gblɔ na Noa be, “Yi aɖakaʋu la me kple wò ƒometɔwo katã, elabena le anyigbadzinɔlawo katã dome la, wò koe nye ame dzɔdzɔe le nye ŋkume.
2 너는 모든 정결한 짐승은 암수 일곱씩 부정한 것은 암수 둘씩을 네게로 취하며
“Kplɔ lãwo hã de eme, atsu kple asi, negbe esiwo metia da ɖi be woaɖu kple esiwo woatsɔ asa vɔe ko. Tsɔ wo dome adre, atsu kple asi,
3 공중의 새도 암수 일곱씩을 취하여 그 씨를 온 지면에 유전케 하라
eye nàgatsɔ xevi ɖe sia ɖe ƒe atsu kple asi adre. Ale nu gbagbe ɖe sia ɖe agate ŋu adzi le tsiɖɔɖɔ la megbe.
4 지금부터 칠 일이면 내가 사십 주야를 땅에 비를 내려 나의 지은 모든 생물을 지면에서 쓸어 버리리라
Le kɔsiɖa ɖeka megbe tso egbe sia dzi la, mana tsi nadza ŋkeke blaene kple zã blaene, eye matsrɔ̃ nu gbagbe siwo katã mewɔ ɖe anyigba dzi la.”
5 노아가 여호와께서 자기에게 명하신 대로 다 준행하였더라
Ale Noa wɔ nu sia nu si Yehowa di tso esi be wòawɔ la.
6 홍수가 땅에 있을 때에 노아가 육백 세라
Noa xɔ ƒe alafa ade esi tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba la.
7 노아가 아들들과 아내와 자부들과 함께 홍수를 피하여 방주에 들어갔고
Ege ɖe aɖakaʋu la me kple srɔ̃a, via ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo be woasi le tsiɖɔɖɔ la nu.
8 정결한 짐승과 부정한 짐승과 새와 땅에 기는 모든 것이
Lã ɖuɖua kple lã maɖumaɖua ɖe sia ɖe ƒomevi eveve, xeviwo eveve kple lã siwo katã tana la,
9 하나님이 노아에게 명하신 대로 암수 둘씩 노아에게 나아와 방주로 들어갔더니
atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me abe ale si Mawu ɖo na Noa ene.
10 칠 일 후에 홍수가 땅에 덮이니
Le ŋkeke adre megbe la, tsi dza ɖe anyigba la dzi.
11 노아 육백 세 되던 해 이월 곧 그 달 십칠일이라 그 날에 큰 깊음의 샘들이 터지며 하늘의 창들이 열려
Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe le Noa ƒe ƒe alafa ade xɔxɔ me la, anyigba ƒe tumetsi gãwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu gbe ma gbe.
12 사십 주야를 비가 땅에 쏟아졌더라
Tsi de asi dzadza me sesĩe, eye tsi dzidziwo ŋɔ tso tome va anyigba dzi ŋkeke blaene kple zã blaene.
13 곧 그 날에 노아와 그의 아들 셈, 함, 야벳과 노아의 처와 세 자부가 다 방주로 들어갔고
Ke Noa yi aɖakaʋu la me gbe ma gbe kple srɔ̃a kple viawo, Sem, Ham kple Yafet kple wo srɔ̃wo.
14 그들과 모든 들짐승이 그 종류대로, 모든 육축이 그 종류대로, 땅에 기는 모든 것이 그 종류대로, 모든 새 곧 각양의 새가 그 종류대로
Lã wɔadã ɖe sia ɖe ƒomevi, aƒemelã ɖe sia ɖe ƒomevi, lã siwo tana ɖe sia ɖe ƒomevi kple xevi siwo dzona ɖe sia ɖe ƒomevi kple esiwo medzona o siaa yi kpli wo.
15 무릇 기식이 있는 육체가 둘씩 노아에게 나아와 방주로 들어갔으니
Nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ si me agbegbɔgbɔ le la ƒomevi ɖe sia ɖe, atsu kple asi va Noa gbɔ, eye woge ɖe aɖakaʋu la me.
16 들어간 것들은 모든 것의 암수라 하나님이 그에게 명하신 대로 들어가매 여호와께서 그를 닫아 넣으시니라
Woge ɖe aɖakaʋu la me eveve, atsu kple asi abe ale si Mawu ɖo na wo ene. Tete Yehowa tu ʋɔtru la ɖe wo nu.
17 홍수가 땅에 사십 일을 있었는지라 물이 많아져 방주가 땅에서 떠 올랐고
Tsiɖɔɖɔ la nɔ edzi ŋkeke blaene sɔŋ. Exɔ anyigba dzi, eye wòtsɔ aɖakaʋu la do ɖe dzi.
18 물이 더 많아져 땅에 창일하매 방주가 물 위에 떠 다녔으며
Esi tsi la nɔ ɖɔɖɔm ɖe edzi, eye wònɔ aɖakaʋu la dom ɖe dzi ɣe sia ɣi wu tsã la, aɖakaʋu la nɔ dedie le tsi la dzi.
19 물이 땅에 더욱 창일하매 천하에 높은 산이 다 덮였더니
Mlɔeba la, tsi la ɖɔ kɔkɔ gbɔ to kɔkɔwo katã ŋu le lilikpo la te,
20 물이 불어서 십오 규빗이 오르매 산들이 덮인지라
eye aɖakaʋu la ƒe nɔƒe kɔkɔ mita blaadre-vɔ-eve, alo wu nenema gɔ̃ hã.
21 땅위에 움직이는 생물이 다 죽었으니 곧 새와 육축과 들짐승과 땅에 기는 모든 것과 모든 사람이라
Nu gbagbe siwo katã nɔ anyigba dzi, xeviwo, aƒemelãwo, gbemelãwo, nu gbagbe siwo katã tana kple amegbetɔƒome blibo la katã tsrɔ̃.
22 육지에 있어 코로 생물의 기식을 호흡하는 것은 다 죽었더라
Nu sia nu si me agbe nɔ, eye wònɔ anyigba ƒuƒui dzi tsã la tsrɔ̃.
23 지면의 모든 생물을 쓸어버리시니 곧 사람과 짐승과 기는 것과 공중의 새까지라 이들은 땅에서 쓸어버림을 당하였으되 홀로 노아와 그와 함께 방주에 있던 자만 남았더라
Anyigbadzinu gbagbewo katã, amegbetɔwo kple lãwo siaa, nu gbagbe siwo tana kple xeviwo katã ƒe agbe nu tso. Mawu tsrɔ̃ wo katã, negbe Noa kple ame siwo nɔ egbɔ le aɖakaʋu la me kple nu bubu siwo nɔ wo gbɔ le aɖakaʋu la me ko tsi agbe.
24 물이 일백오십 일을 땅에 창일하였더라
Tsiɖɔɖɔ la nɔ anyigba dzi ŋkeke alafa ɖeka blaatɔ̃.

< 창세기 7 >

The Great Flood
The Great Flood