< 에스겔 2 >

1 그가 내게 이르시되 인자야 일어서라 내가 네게 말하리라 하시며
Egblɔ nam be, “Ame vi, tso, nànɔ tsitre, eye maƒo nu na wò.”
2 말씀하실 때에 그 신이 내게 임하사 나를 일으켜 세우시기로 내가 그 말씀하시는 자의 소리를 들으니
Esi wòƒo nu la, Gbɔgbɔ la ge ɖe menye, fɔm ɖe tsitre, eye mesee wònɔ nu ƒom nam.
3 내게 이르시되 인자야 내가 너를 이스라엘 자손 곧 패역한 백성, 나를 배반하는 자에게 보내노라 그들과 그 열조가 내게 범죄하여 오늘날까지 이르렀나니
Egblɔ be, “Ame vi, mele ɖowòm ɖe Israelviwo gbɔ, ɖe dukɔ dzeaglã aɖe si dze aglã ɖe ŋunye la gbɔ. Woawo kple wo fofowo dze aglã ɖe ŋunye va se ɖe egbeŋkeke sia dzi.
4 이 자손은 얼굴이 뻔뻔하고 마음이 강퍅한 자니라 내가 너를 그들에게 보내노니 너는 그들에게 이르기를 주 여호와의 말씀이 이러하시다 하라
Ame siwo gbɔ mele ɖowòm ɖo la nye kɔlialiatɔwo kple tosesẽtɔwo. Gblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ la nye esi.
5 그들은 패역한 족속이라 듣든지 아니 듣든지 그들 가운데 선지자 있은 줄은 알지니라
Ne woɖo to wò alo womeɖo to wò o hã la, ame dzeaglãwo wonye, ke woanya be nyagblɔɖila nɔ yewo dome.
6 인자야 너는 비록 가시와 찔레와 함께 처하며 전갈 가운데 거할지라도 그들을 두려워 말고 그 말을 두려워 말지어다 그들은 패역한 족속이라도 그 말을 두려워 말며 그 얼굴을 무서워 말지어다
Eye wò la, ame vi, mègavɔ̃ woawo ŋutɔ loo alo woƒe nyawo o, togbɔ be dza kple aŋɔkawo ƒo xlã wò kpe ɖo, eye nèle ahɔ̃wo dome hã. Mègavɔ̃ nya si woagblɔ, eye mègana woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wonye aglãdzelawo hã.
7 그들은 심히 패역한 자라 듣든지 아니 듣든지 너는 내 말로 고할지어다
Ele be nàgblɔ nye nyawo na wo ne woɖo to loo alo gbe toɖoɖo, elabena aglãdzelawo wonye.
8 인자야 내가 네게 이르는 말을 듣고 그 패역한 족속 같이 패역하지 말고 네 입을 벌리고 내가 네게 주는 것을 먹으라 하시기로
Ke wò la, ame vi, lé to ɖe nya si gblɔm mele na wò la ŋu. Mègadze aglã abe ame dzeaglã mawo ene o; ke nu me, eye nàɖu nu si matsɔ na wò.’”
9 내가 보니 한 손이 나를 향하여 펴지고 그 손에 두루마리 책이 있더라
Mekpɔ nu, eye mekpɔ wodo asi aɖe ɖe gbɔnye. Agbalẽ aɖe le asi la me.
10 그가 그것을 내 앞에 펴시니 그 안팎에 글이 있는데 애가와 애곡과 재앙의 말이 기록되었더라
Wokekee ɖe nye ŋkume. Woŋlɔ konyifanyawo, vevesenyawo kple nublanuinyawo ɖe agbalẽ la ƒe akpa eveawo.

< 에스겔 2 >