< 시편 146 >

1 할렐루야! 내 영혼아 여호와를 찬양하라!
Mikafu Yehowa. O! luʋɔnye, kafu Yehowa.
2 나의 생전에 여호와를 찬양하며 나의 평생에 내 하나님을 찬송하리로다!
Makafu Yehowa le nye agbemeŋkekewo katã me. Madzi kafukafuha na nye Mawu la, zi ale si mele agbe.
3 방백들을 의지하지 말며 도울 힘이 없는 인생도 의지하지 말지니
Migaɖo dzi ɖe dziɖulawo ŋu o, eye migaka ɖe amegbetɔ kodzogbea, si mate ŋu axɔ na ame o la dzi o.
4 그 호흡이 끊어지면 흙으로 돌아가서 당일에 그 도모가 소멸하리로다
Ne woƒe gbɔgbɔ do go le wo me la, wogatrɔna zua kewɔ, gbe ma gbe ke woƒe ɖoɖo siwo katã wowɔ la zua tofloko.
5 야곱의 하나님으로 자기 도움을 삼으며 여호와 자기 하나님에게 그 소망을 두는 자는 복이 있도다
Woayra ame si ƒe xɔnametɔ nye Yakob ƒe Mawu la, eye eƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la me.
6 여호와는 천지와 바다와 그 중의 만물을 지으시며 영원히 진실함을 지키시며
Eya ame si wɔ dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kple nu siwo katã le eme, Yehowa nye nuteƒewɔla tegbetegbe.
7 압박 당하는 자를 위하여 공의로 판단하시며 주린 자에게 식물을 주시는 자시로다 여호와께서 갇힌 자를 해방하시며
Etsoa afia na ame siwo wote ɖe anyi, eye wònaa nuɖuɖu dɔwuitɔwo. Yehowae naa ablɔɖe gamenɔlawo.
8 여호와께서 소경의 눈을 여시며 여호와께서 비굴한 자를 일으키시며 여호와께서 의인을 사랑하시며
Yehowa ʋua ŋku na ŋkuagbãtɔwo, Yehowa fɔa ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi, Yehowa lɔ̃a ame dzɔdzɔewo ƒe nya.
9 여호와께서 객을 보호하시며 고아와 과부를 붙드시고 악인의 길은 굽게 하시는도다
Yehowa kpɔa amedzrowo ta, eye wònye tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo hã ta kpɔla. Ke etɔtɔa ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔwo.
10 시온아 여호와 네 하나님은 영원히 대대에 통치하시리로다 할렐루야!
Yehowa le fia ɖum tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. O! Zion, wò Mawu la aɖu fia le dzidzimewo katã me. Mikafu Yehowa.

< 시편 146 >