< 시편 108 >

1 (다윗의 찬송 시) 하나님이여, 내 마음을 정하였사오니 내가 노래하며 내 심령으로 찬양하리로다
Hadzidzi. David ƒe ha. O! Mawu, nye dzi le te goŋgoŋgoŋ. Madzi ha, aƒo saŋku kple nye luʋɔ blibo.
2 비파야 수금아 깰지어다! 내가 새벽을 깨우리로다!
Saŋku kple kasaŋku, minyɔ! Manyɔ fɔŋli.
3 여호와여, 내가 만민 중에서 주께 감사하고 열방 중에서 주를 찬양하오리니
O! Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome, eye madzi ha le ŋuwò le anyigbadzitɔwo dome,
4 대저 주의 인자하심이 하늘 위에 광대하시며 주의 진실은 궁창에 미치나이다
elabena wò lɔlɔ̃ de blibo, hekɔ wu dziƒowo, eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ lilikpowo.
5 하나님이여, 주는 하늘 위에 높이 들리시며 주의 영광이 온 세계위에 높으시기를 원하나이다
O! Mawu, woado wò ɖe dzi agbɔ dziƒowo ŋu, eye na wò ŋutikɔkɔe naxɔ anyigba blibo la dzi.
6 주의 사랑하는 자를 건지시기 위하여 우리에게 응답하사 오른손으로 구원하소서
Ɖe mí, eye nàkpe ɖe mía ŋu kple wò nuɖusibɔ, be ame siwo nèlɔ̃ vevie la nakpɔ ɖeɖe.
7 하나님이 그 거룩하심으로 말씀하시되 내가 뛰놀리라 내가 세겜을 나누며 숙곳 골짜기를 척량하리라
Mawu ƒo nu tso eƒe kɔkɔeƒe la be, “Mama Sekem le dziɖuɖu me, eye madzidze Sukɔt Balime.
8 길르앗이 내 것이요, 므낫세도 내 것이며 에브라임은 내 머리의 보호자요 유다는 나의 홀이며
Gilead nye tɔnye, Manase hã tɔnyee; nye gakukue nye Efraim, eye Yuda nye nye fiatikplɔ.
9 모압은 내 목욕통이라 에돔에는 내 신을 던질지며 블레셋 위에서 내가 외치리라 하셨도다
Moab nye nye tsiletɔkpo, matsɔ nye atokota aƒu gbe ɖe Edom dzi, eye mado dziɖuɖuɣli ɖe Filistia ŋu.”
10 누가 나를 이끌어 견고한 성에 들이며 누가 나를 에돔에 인도할꼬
Ame ka akplɔm ayi du sesẽ la mee? Ame ka akplɔm ayi Edom?
11 하나님이여, 주께서 우리를 버리지 아니하셨나이까? 하나님이여, 주께서 우리 군대와 함께 나아가지 아니하시나이다
O! Mawu, ɖe menye wòe oa? Nu ka wɔ nègbe mí, eye mègadona kple míaƒe aʋakɔwo o?
12 우리를 도와 대적을 치게 하소서 사람의 구원은 헛됨이니이다
Kpe ɖe mía ŋu ɖe míaƒe futɔwo ŋuti, elabena èna amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele nemi hã me o.
13 우리가 하나님을 의지하고 용감히 행하리니 저는 우리의 대적을 밟으실 자이심이로다
Ne Mawu le mía dzi la, míaɖu dzi, eye wòafanya míaƒe futɔwo ɖe eƒe afɔ te.

< 시편 108 >