< 시편 104 >

1 내 영혼아 여호와를 송축하라 여호와 나의 하나님이여, 주는 심히 광대하시며 존귀와 권위를 입으셨나이다
O! Luʋɔnye, kafu Yehowa. O! Yehowa, nye Mawu, èlolo loo; èɖo atsyɔ̃, eye nèta gãnyenye.
2 주께서 옷을 입음 같이 빛을 입으시며 하늘을 휘장 같이 치시며
Etsyɔ kekeli abe avɔ ene, ehe dziƒo me abe avɔgbadɔ ene,
3 물에 자기 누각의 들보를 얹으시며 구름으로 자기 수레를 삼으시고 바람 날개로 다니시며
eye wòɖo eƒe dziƒoxɔwo ƒe sɔtiwo ƒe agunu anyi ɖe woƒe tsiwo dzi. Etsɔ lilikpowo wɔ eƒe tasiaɖam, eye wònɔ ya ƒe aʋalawo dzi.
4 바람으로 자기 사자를 삼으시며 화염으로 자기 사역자를 삼으시며
Yae nye eƒe dɔtsɔlawo, eye dzo ƒe aɖewo nye eƒe dɔlawo.
5 땅의 기초를 두사 영원히 요동치 않게 하셨나이다
Eɖo anyigba anyi ɖe eƒe gɔmeɖokpe dzi, eya ta maʋã akpɔ gbeɖe o.
6 옷으로 덮음같이 땅을 바다로 덮으시매 물이 산들 위에 섰더니
Ètsɔ gogloƒewo tsyɔ nɛ abe avɔ ene, eye tsiawo tɔ ɖe toawo tame.
7 주의 견책을 인하여 도망하여 주의 우뢰 소리를 인하여 빨리 가서
Ke esi nèblu la, tsiawo si, eye esi nèɖe gbe la, wolé du tsɔ.
8 주의 정하신 처소에 이르렀고 산은 오르고 골짜기는 내려 갔나이다
Wosi to towo tame, heva to balimewo, va ɖo teƒe si nètia na wo la.
9 주께서 물의 경계를 정하여 넘치지 못하게 하시며 다시 돌아와 땅을 덮지 못하게 하셨나이다
Èɖo liƒo si dzi womate ŋu adze to o la na wo, eye womagakaka axɔ anyigba dzi akpɔ gbeɖe o.
10 여호와께서 샘으로 골짜기에서 솟아나게 하시고 산 사이에 흐르게 하사
Ena tsitsetsewo kɔ ɖe agawo me, eye wosi to towo dome.
11 들의 각 짐승에게 마시우시니 들나귀들도 해갈하며
Wonaa tsi gbemelãwo, eye wotsia gbetedziwo ƒe tsikɔwuame nu.
12 공중의 새들이 그 가에서 깃들이며 나무가지 사이에서 소리를 발하는도다
Dziƒoxeviwo wɔa atɔ ɖe tsisisiawo to, eye wodzia ha le atilɔwo dzi.
13 저가 가축을 위한 풀과 사람의 소용을 위한 채소를 자라게 하시며 땅에서 식물이 나게 하시고
Edea tsi towo tso eƒe xɔ dzigbemetɔ me; eƒe dɔ ƒe kutsetse ɖia ƒo na anyigba.
14 사람의 마음을 기쁘게 하는 포도주와 사람의 얼굴을 윤택케 하는 기름과 사람의 마음을 힘있게 하는 양식을 주셨도다
Ena gbe mie na nyihawo, eye wòƒãa nuku na amegbetɔ be wòaxa, ale wòna nuɖuɖu do tso anyigba la me na wo;
15 여호와의 나무가 우택에 흡족함이여 곧 그의 심으신 레바논 백향목이로다
wain si doa dzidzɔ na ame ƒe dzi, ami si ana be eƒe mo nanɔ keklẽm kple abolo si alé eƒe dzi ɖe te.
16 새들이 그 속에 깃을 들임이여 학은 잣나무로 집을 삼는도다
Wode tsi Yehowa ƒe atiawo nyuie, Lebanon ƒe sedati siwo wòdo.
17 높은 산들은 산양을 위함이여 바위는 너구리의 피난처로다
Afi mae xeviwo wɔ woƒe atɔwo ɖo, eye aŋɔɣi wɔ eƒe nɔƒe ɖe gbotiwo me.
18 여호와께서 달로 절기를 정하심이여 해는 그 지는 것을 알도다
To kɔkɔwo nye gbemegbɔ̃wo tɔ, eye agakpewo tome zu bebeƒe na hlɔ̃madɛwo.
19 주께서 흑암을 지어 밤이 되게 하시니 삼림의 모든 짐승이 기어 나오나이다
Ɣleti dea vovototo ɣeyiɣiwo dome, eye ɣe nya ɣeyiɣi si wòaɖo to.
20 젊은 사자가 그 잡을 것을 쫓아 부르짖으며 그 식물을 하나님께 구하다가
Ètsɔ viviti vɛ, eye wòzu zã, ale lã siwo katã le ave me la doa go.
21 해가 돋으면 물러가서 그 굴혈에 눕고
Dzatawo ɖea gbe na nuléle, eye wodia woƒe nuɖuɖu tso Mawu gbɔ.
22 사람은 나와서 노동하며 저녁까지 수고하는도다
Ɣe dzena, eye wotrɔna dzona ɖamlɔa woƒe dowo me.
23 여호와여, 주의 하신 일이 어찌 그리 많은지요 주께서 지혜로 저희를 다 지으셨으니 주의 부요가 땅에 가득하니이다
Tete ame do go yi dɔ me, yi ɖe eƒe dɔ gbɔ va se ɖe fiẽ.
24 저기 크고 넓은 바다가 있고 그 속에 동물 곧 대소 생물이 무수하니이다
O! Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya deto me, anyigba dzi yɔ fũu kple wò nuwɔwɔwo.
25 선척이 거기 다니며 주의 지으신 악어가 그 속에서 노나이다
Atsiaƒue nye ekem, elolo hekeke, lã siwo mele xexlẽme o la yɔe, nenema kee nye nu gbagbe bubuwo hã, suewo kple gãwo siaa.
26 이것들이 다 주께서 때를 따라 식물 주시기를 바라나이다
Meliwo zɔa edzi yina, gagbɔna, eye afii mae boso si nèwɔ la hã le.
27 주께서 주신즉 저희가 취하며 주께서 손을 펴신즉 저희가 좋은 것으로 만족하다가
Esiawo katã le asiwò nu kpɔm be nàna nuɖuɖu yewo le wo naɣi.
28 주께서 낯을 숨기신즉 저희가 떨고 주께서 저희 호흡을 취하신즉 저희가 죽어 본 흙으로 돌아가나이다
Ne èna wo la, woƒonɛ ƒu; eye ne èʋu wò asi la, ètsɔa nu nyui ɖia ƒo na wo.
29 주의 영을 보내어 저희를 창조하사 지면을 새롭게 하시나이다
Ke ne èɣla wò mo la, ŋɔdzi léa wo, eye ne èxɔ woƒe gbɔgbɔ le wo si la, wokuna, trɔna zua kewɔ.
30 여호와의 영광이 영원히 계속할지며 여호와는 자기 행사로 인하여 즐거워하실지로다
Ne èdɔ wò Gbɔgbɔ ɖa la, wodzɔna, eye nèwɔa anyigba ƒe ŋkume yeyee.
31 저가 땅을 보신즉 땅이 진동하며 산들에 접촉하신즉 연기가 발하도다
Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe nenɔ anyi tegbee. Yehowa nekpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu,
32 나의 평생에 여호와께 노래하며 나의 생존한 동안 내 하나님을 찬양하리로다
eya ame si do mo ɖe anyigba dzi, eye anyigba dzo nyanyanya; eya ame si ka asi towo ŋu, eye wotu dzudzɔ.
33 나의 묵상을 가상히 여기시기를 바라나니 나는 여호와로 인하여 즐거워하리로다
Madzi ha na Yehowa le nye agbemeŋkekewo katã me, eye zi ale si mele agbe la, madzi kafukafuha na nye Mawu la.
34 죄인을 땅에서 소멸하시며 악인을 다시 있지 못하게 하실지로다 내 영혼이 여호와를 송축하라 할렐루야
Nye ŋugbledede nedze eŋu, esi mele dzidzɔ kpɔm le Yehowa me.
Ke nu vɔ̃ wɔlawo netsrɔ̃ ɖa le anyigba dzi, eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o. O! Luʋɔnye, kafu Yehowa. Mikafu Yehowa.

< 시편 104 >