< 예레미야 32 >

1 유다 왕 시드기야의 제 십년 곧 느부갓네살의 제 십 팔년에 여호와의 말씀이 예레미야에게 임하니라
Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Yeremia le Yuda fia Zedekia ƒe ƒe ewolia me eye wòganye Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me.
2 때에 바벨론 군대는 예루살렘을 에워싸고 선지자 예레미야는 유다 왕의 궁중에 있는 시위대 뜰에 갇혔으니
Babilonia fia ƒe aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem eye wolé Nyagblɔɖila Yeremia de gae ɖe xɔxɔnu si dzɔlawo nɔna le Yuda fia ƒe fiasã me.
3 이는 그가 예언하기를 여호와의 말씀에 보라 내가 이 성을 바벨론 왕의 손에 붙이리니 그가 취할 것이며 유다 왕 시드기야는 갈대아인의 손에서 붙이운바 되리니 입이 입을 대하여 말하고 눈이 서로 볼 것이며 그가 시드기야를 바벨론으로 끌어가리니 시드기야가 나의 권고할 때까지 거기 있으리라 나 여호와가 말하노라
Azɔ Yuda fia Zedekia de gae ɖe afi ma hegblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle nya gblɔm ɖi alea ɖo? Egblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, eye wòaxɔe.
4 너희가 갈대아인과 싸울지라도 승리치 못하리라 하셨다 하였더니 유다 왕 시드기야가 가로되 네가 어찌 이같이 예언하였느뇨 하고 그를 가두었음이었더라 (3절에서 이어짐)
Yuda fia Zedekia mado le Babiloniatɔwo ƒe asi me o, ke boŋ woalée ade asi na Babilonia fia, aƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye wòakpɔe kple eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo.
5 (3절과 같음)
Akplɔ Zedekia ayi ɖe Babilonia, afi si wòanɔ va se ɖe esime matu nu kplii Yehowae gblɔe. Ne èwɔ aʋa kple Babiloniatɔwo la, màɖu wo dzi o.’”
6 예레미야가 가로되 여호와의 말씀이 내게 임하였느니라 이르시기를
Yeremia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya va gblɔe nam be,
7 보라 네 숙부의 살룸의 아들 하나멜이 네게 와서 말하기를 너는 아나돗에 있는 내 밭을 사라 이 기업을 무를 권리가 네게 있느니라 하리라 하시더니
‘Tɔwòɖia, Salum, ƒe vi Hanamel ava gbɔwò agblɔ na wò be, “Ƒle nye agble si le Anatɔt elabena, abe ƒonyemetɔ kpamkpam ene la, enye wò gome kple dɔdeasi be nàƒlee?”’
8 여호와의 말씀같이 나의 숙부의 아들 하나멜이 시위대 뜰 안 내게로 와서 이르되 청하노니 너는 베냐민 땅 아나돗에 있는 나의 밭을 사라 기업의 상속권이 네게 있고 무를 권리가 네게 있으니 너를 위하여 사라 하는지라 내가 이것이 여호와의 말씀인 줄 알았으므로
“Tete abe ale si Yehowa gblɔe ene la, tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wògblɔ nam be, ‘Ƒle nye agble si le Anatɔt le Benyaminyigba dzi. Esi wònye wò domenyinu wònye be nàxɔe eye wòanye tɔwò ta la, ƒlee na ɖokuiwò.’ “Menyae be esia nye gbe tso Yehowa gbɔ,
9 내 숙부의 아들 하나멜의 아나돗에 있는 밭을 사는데 은 십 칠 세겔을 달아 주되
eya ta meƒle agble si le Anatɔt la le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel si heda klosaloga gram alafa eve tsɔ nɛ.
10 증서를 써서 인봉하고 증인을 세우고 은을 저울에 달아 주고
Mede asi anyigbaƒlegblalẽ la te hetre enu, hena ɖasefowo hã de asi ete eye meda klosaloga la le nudanu me.
11 법과 규례대로 인봉하고 인봉치 아니한 매매 증서를 내가 취하여
Mexɔ anyigbaƒlegbalẽ la, esi nu wotre, eye ɖoɖo si dzi woƒle agblea ɖo la le eme, hekpe ɖe esi nu wometre o la ŋuti.
12 나의 숙부의 아들 하나멜과 매매 증서에 인 친 증인의 앞과 시위대 뜰에 앉은 유다 모든 사람 앞에서 그 매매 증서를 마세야의 손자 네리야의 아들 바룩에게 부치며
Metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Baruk, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel kple ɖasefo siwo de asi agbalẽ la te kple Yudatɔ siwo katã nɔ anyi ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la ŋkume.
13 그들의 앞에서 바룩에게 명하여 이르되
“Le woƒe ŋkume mede se siawo na Baruk.
14 만군의 여호와 이스라엘의 하나님이 이같이 말씀하시기를 너는 이 증서 곧 인봉하고 인봉치 않은 매매증서를 취하여 토기에 담아 많은 날 동안 보존케 하라
‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Tsɔ agbalẽ siawo, anyigbaƒlegbalẽ si nu wotre kple esi le ʋuʋu la siaa de ze me ne woanɔ anyi eteƒe nadidi.
15 만군의 여호와 이스라엘의 하나님 내가 이같이 말하노라 사람이 이 땅에서 집과 밭과 포도원을 다시 사게 되리라 하셨다 하니라
Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Woagaƒle aƒewo, agbledenyigbawo kple waingblewo le anyigba sia dzi.”’
16 내가 매매 증서를 네리야의 아들 바룩에게 부친 후에 여호와께 기도하여 가로되
“Esi metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Neria ƒe vi, Baruk vɔ la, medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be:
17 슬프도소이다 주 여호와여, 주께서 큰 능과 드신 팔로 천지를 지으셨사오니 주에게는 능치 못한 일이 없으시니이다!
“O, Aƒetɔ Yehowa, wòe tsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple wò abɔ si le dzi la wɔ dziƒo kple anyigbae. Naneke mesesẽ na wò akpa o.
18 주는 은혜를 천만 인에게 베푸시며 아비의 죄악을 그 후 자손의 품에 갚으시오니 크고 능하신 하나님이시요 이름은 만군의 여호와시니이다
Elɔ̃a ame akpe nanewo gake ètsɔa fofowo ƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe ɖoa akɔ na vi siwo wodzi. O Mawu gã kple ŋusẽtɔ, ame si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,
19 주는 모략에 크시며 행사에 능하시며 인류의 모든 길에 주목하시며 그 길과 그 행위의 열매대로 보응하시나이다
wò ɖoɖowo lolo eye wò nuwɔwɔwo tri akɔ. Wò ŋkuwo le te ɖe amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu eye nèwɔa nu sia nu si ame sia ame dze na la nɛ ɖe eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nuwɔnawo nu.
20 주께서 애굽 땅에서 징조와 기사로 행하셨고 오늘까지도 이스라엘과 외인 중에 그같이 행하사 주의 이름을 오늘과 같이 되게 하셨나이다
Èwɔ dzesi gãwo kple nukunu triakɔwo le Egiptenyigba dzi eye nègale wo wɔwɔ dzi va se ɖe egbe sia, le Israel kple amegbetɔwo katã dome eye nèxɔ ŋkɔ gã na ɖokuiwò esi nye tɔwò va se ɖe fifia.
21 주께서 징조와 기사와 강한 손과 드신 팔과 큰 두려움으로 주의 백성 이스라엘을 애굽 땅에서 인도하여 내시고
Èkplɔ wò dukɔ, Israel, do goe le Egipte kple dzesiwo, nukunuwo, alɔ sesẽ kple abɔ si le dzi kple ŋɔdzi gã.
22 그들에게 주시기로 그 열조에게 맹세하신바 젖과 꿀이 흐르는 이 땅을 그들에게 주셨으므로
Ètsɔ anyigba sia, si nèka atam be yeatsɔ ana wo fofowo la na wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo fũu.
23 그들이 들어가서 이를 차지하였거늘 주의 목소리를 청종치 아니하며 주의 도에 행치 아니하며 무릇 주께서 행하라 명하신 일을 행치 아니하였으므로 주께서 이 모든 재앙을 그들에게 내리셨나이다
Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo.
24 보옵소서 이 성을 취하려 하는 자가 와서 흉벽을 쌓았고 칼과 기근과 염병으로 인하여 이 성이 이를 치는 갈대아인의 손에 붙인 바 되었으니 주의 말씀대로 되었음을 주께서 보시나이다
“Kpɔ ale si woƒu kpo ɖe dua ŋutii be woaxɔe ɖa. Le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta la, woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖee. Nu si nègblɔ la va eme abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene.
25 주 여호와여 주께서 내게 은으로 밭을 사며 증인을 세우라 하셨으나 이 성은 갈대아인의 손에 붙인 바 되었나이다
Togbɔ be woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔwo hã la, O, wò Aƒetɔ Yehowa, ègblɔ nam be, ‘Tsɔ klosaloga nàƒle agbledenyigbae eye nàna ɖasefowo nakpɔ eƒleƒe.’”
26 때에 여호와의 말씀이 예레미야에게 임하여 이르시되
Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be,
27 나는 여호와요 모든 육체의 하나님이라 내게 능치 못한 일이 있겠느냐
“Nyee nye Yehowa, amegbetɔwo katã ƒe Mawu. Ɖe nane sesẽ nam akpa?
28 그러므로 나 여호와가 이같이 말하노라 보라, 내가 이 성을 갈대아인의 손과 바벨론 왕 느부갓네살의 손에 붙일 것인즉 그가 취할 것이라
Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo kple Babilonia fia, Nebukadnezar, be woaxɔe.
29 이 성을 치는 갈대아인이 와서 이 성읍에 불을 놓아 성과 집 곧 그 지붕에서 바알에게 분향하며 다른 신들에게 전제를 드려 나를 격노케 한 집들을 사르리니
Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe du sia la age ɖe eme atɔ dzoe. Woana wòabi azu afi, hekpe ɖe aƒe siwo tame wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal le eye woƒoa aha ɖi na mawu tutɔwo le, ne woatsɔ ado dziku nam la ŋuti.
30 이는 이스라엘 자손과 유다 자손이 예로부터 내 목전에 악만 행하였음이라 이스라엘 자손은 그 손으로 만든 것을 가지고 나를 격노케 한 것 뿐이니라 나 여호와가 말하노라
“Tso Israelviwo kple Yudatɔwo ƒe ɖekakpuime ke la, womewɔ naneke wu nu vɔ̃ɖi le ŋkunye me o. Le nyateƒe me la, Israelviwo mewɔ naneke wu be woado dziku nam kple nu si woƒe asi wɔ la, o.” Yehowae gblɔe.
31 이 성이 건설된 날부터 오늘까지 나의 노와 분을 격발하므로 내가 내 앞에서 그것을 옮기려 하노니
Tso gbe si gbe ke wotso du sia va se ɖe fifia la, du sia do dziku kple dɔmedzoe nam ale gbegbe be ele nam be maɖee ɖa le nye ŋkuta.
32 이는 이스라엘 자손과 유다 자손이 모든 악을 행하며 내 노를 격동하였음이라 그들과 그들의 왕들과 그 방백들과 그 제사장들과 그 선지자들과 유다 사람들과 예루살렘 거민들이 다 그러하였느니라
Israelviwo kple Yudatɔwo tsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ la do dziku nam, woawo ŋutɔwo ƒe fiawo, woƒe dumegãwo, woƒe nunɔlawo, woƒe nyagblɔɖilawo, Yuda ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa.
33 그들이 등을 내게로 향하고 얼굴을 내게로 향치 아니하며 내가 그들을 가르치되 부지런히 가르칠지라도 그들이 교훈을 듣지 아니하며 받지 아니하고
Wotrɔ woƒe ʋu me dem, menye woƒe ŋkume o. Togbɔ be mefia nu wo atraɖii hã la, womeɖo to alo trɔ ɖe amehehe ŋuti o.
34 내 이름으로 일컬음을 받는 집에 자기들의 가증한 물건들을 세워서 그 집을 더럽게 하며
Wotsɔ woƒe legba nyɔŋuawo ɖo aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me eye wodo gui.
35 힌놈의 아들의 골짜기에 바알의 산당을 건축하였으며 자기들의 자녀를 몰렉의 불에 지나가게 하였느니라 그들이 이런 가증한 일을 행하여 유다로 범죄케 한 것은 나의 명한 것도 아니요 내 마음에 둔 것도 아니니라
Wotu nuxeƒewo na Baal le Ben Hinom ƒe Balime, ne woatsɔ wo viŋutsuviwo kple wo vinyɔnuviwo asa vɔe na Molek, evɔ nyemeɖo nu sia na wo gbeɖegbeɖe alo wòayi nye ta me va ge, be woawɔ ŋunyɔnu sia eye woakplɔ Yuda ade nu vɔ̃ me o.
36 그러나 이스라엘의 하나님 나 여호와가 너희의 말하는 바 칼과 기근과 염병으로 인하여 바벨론 왕의 손에 붙인 바 되었다 하는 이 성에 대하여 이같이 말하노라
Miele gbɔgblɔm le du sia ŋuti be, “To yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ me, woatsɔ du la ade asi na Babilonia fia,” gake ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:
37 보라, 내가 노와 분과 큰 분노로 그들을 쫓아 보내었던 모든 지방에서 그들을 모아내어 이 곳으로 다시 인도하여 안전히 거하게 할 것이라
“Le nyateƒe me la, maƒo wo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ la me. Matrɔ wo agbɔe va teƒe sia eye mana woanɔ anyi le dedinɔnɔ me.
38 그들은 내 백성이 되겠고 나는 그들의 하나님이 될 것이며
Woanye nye dukɔ eye nye hã manye woƒe Mawu.
39 내가 그들에게 한 마음과 한 도를 주어 자기들과 자기 후손의 복을 위하여 항상 나를 경외하게 하고
Mana dzi ɖeka wo eye woƒe afɔɖeɖewo hã anɔ ɖeka ale be woavɔ̃m ɣe sia ɣi hena woawo ŋutɔwo kple wo vi siwo ava xɔ ɖe wo teƒe la ƒe nyui.
40 내가 그들에게 복을 주기 위하여 그들을 떠나지 아니하리라 하는 영영한 언약을 그들에게 세우고 나를 경외함을 그들의 마음에 두어 나를 떠나지 않게 하고
Mabla nu mavɔ kpli wo, nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o eye made dzi ƒo na wo be woavɔ̃m, ale be womagatrɔ le yonyeme akpɔ o.
41 내가 기쁨으로 그들에게 복을 주되 정녕히 나의 마음과 정신을 다하여 그들을 이 땅에 심으리라
Matsɔ dzidzɔ awɔ nyui na wo eye matsɔ nye dzi blibo kple luʋɔ blibo ali ke wo kple kakaɖedzi ɖe anyigba sia dzi.
42 나 여호와가 이같이 말하노라 내가 이 백성에게 이 큰 재앙을 내린 것같이 허락한 모든 복을 그들에게 내리리라
“Ale Yehowa gblɔe nye esi: Abe ale si mehe dzɔgbevɔ̃e gã sia va ame siawo dzii ene la, nenema kee matsɔ dzidzedzekpɔkpɔ si ŋugbe medo na wo la hã ana wo.
43 너희가 말하기를 황폐하여 사람이나 짐승이 없으며 갈대아인의 손에 붙인 바 되었다 하는 이 땅에서 사람들이 밭을 사되
Ava eme be, woagaƒle agblewo le anyigba si ŋuti miegblɔ le be, ‘Ezu gbegbe si menyo na naneke o, eye amegbetɔ alo gbemelãwo gɔ̃ hã megale edzi o, elabena wotsɔe de asi na Babiloniatɔwo’ la dzi.
44 베냐민 땅과 예루살렘 사방과 유다 성읍들과 산지의 성읍들과 평지의 성읍들과 남방의 성읍들에 있는 밭을 은으로 사고 증서를 기록하여 인봉하고 증인을 세우리니 이는 내가 그들의 포로로 돌아오게 함이니라 여호와의 말이니라
Woatsɔ klosaloga aƒle agblewo eye woawɔ agbalẽ ɖe wo dzi, ade asi ete kple ɖasefowo, eye woatre wo nu le Benyaminyigba dzi, kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem, le Yuda duwo kple togbɛduwo me, le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to kple gbegbenutowo me, elabena matrɔ woƒe nunyoname vɛ na wo.” Yehowae gblɔe.

< 예레미야 32 >