< 사무엘하 23 >

1 이는 다윗의 마지막 말이라 이새의 아들 다윗이 말함이여 높이 올리운 자, 야곱의 하나님에게 기름 부음 받은자 이스라엘의 노래 잘하는 자가 말하도다
David ƒe nya mamlɛtɔwoe nye esiawo: “David, Yese ƒe vi le nu ƒom, David, ame si Yehowa, do ɖe dzi, David, Yakob ƒe Mawu ƒe amesiamina, David, Israel ƒe Psalmo viviwo kpala.
2 여호와의 신이 나를 빙자하여 말씀하심이여 그 말씀이 내 혀에 있도다
“Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ƒo nu to dzinye eye eƒe nya le nye aɖe dzi.
3 이스라엘의 하나님이 말씀하시며 이스라엘의 바위가 내게 이르시기를 사람을 공의로 다스리는 자, 하나님을 경외함으로 다스리는 자여!
Israel ƒe Agakpe la gblɔ nam be, ‘Ame si ɖua dzi kple dzɔdzɔenyenye le mawuvɔvɔ̃ me la,
4 저는 돋는 해 아침 빛 같고 구름 없는 아침 같고 비 후의 광선으로 땅에서 움이 돋는 새 풀 같으니라 하시도다
anɔ abe ŋdikekeli ene, ɣe keklẽ si ŋgɔ lilikpo mexe o si naa gbe mumu dona tso anyigba me le ɣe keklẽ kple tsidzadza megbe ene.’
5 내 집이 하나님 앞에 이같지 아니하냐 하나님이 나로 더불어 영원한 언약을 세우사 만사에 구비하고 견고케 하셨으니 나의 모든 구원과 나의 모든 소원을 어찌 이루지 아니하시랴
“Ɖe nye aƒe mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume oa? Ɖe mebla nu mavɔ si le dedie la kplim oa? Ɛ̃, ebla nu si meʋãna o la kplim. Ɖe mana nye ɖeɖekpɔkpɔ nava eme eye wòana nu sia nu si nye dzi di la, nasu asinye oa?
6 그러나 사악한 자는 다 내어 버리울 가시나무 같으니 이는 손으로 잡을 수 없음이로다
Ke woaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖe aga abe ŋutiwo wonye ene. Ŋuti si womefɔna kple asi o.
7 그것들을 만지는 자는 철과 창자루를 가져야 하리니 그것들이 당장에 불사르이리로다 하니라
Ame si di be yeafɔ ŋuti la tsɔa nu lénɛ, ƒoa ƒui, tɔa dzoe le afi si wòƒo ƒui ɖo.”
8 다윗의 용사들의 이름이 이러하니라 다그몬 사람 요셉밧세벳이라고도 하고 에센 사람 아디노라고도 하는 자는 군장의 두목이라 저가 한 때에 팔백인을 쳐 죽였더라
Kalẽtɔ xɔŋkɔ etɔ̃ siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye esiawo: Gbãtɔe nye Yoseb Basebet, tso Tahkemɔn, si wogayɔna be Adino, Eznitɔ la, ame si nye ame etɔ̃awo ƒe tatɔ. Ewu ame alafa enyi kpɔ le aʋakpekpe ɖeka me.
9 그 다음은 아호아 사람 도대의 아들 엘르아살이니 다윗과 함께 한 세 용사 중에 하나이라 블레셋 사람이 싸우려고 모이매 이스라엘 사람들이 물러간지라 세 용사가 싸움을 돋우고
Ame Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ. Enɔ ame etɔ̃ siwo kpe ɖe David ŋu wotɔ te Filistitɔwo le Pas Damim esime Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si la dome.
10 저가 나가서 손이 피곤하여 칼에 붙기까지 블레셋 사람을 치니라 그 날에 여호와께서 크게 이기게 하셨으므로 백성들은 돌아와서 저의 뒤를 따라가며 노략할 뿐이었더라
Ewu Filistitɔwo va se ɖe esime ɖeɖi te eƒe asi ŋu eye magate ŋu alé yi o; Yehowa na dziɖuɖu gã aɖee. Aʋawɔla mamlɛawo megatrɔ gbɔ o va se ɖe esime ɣeyiɣi ɖo hena afunyinuwo haha!
11 그 다음은 하랄 사람 아게의 아들 삼마라 블레셋 사람이 떼를 지어 녹두나무가 가득한 밭에 모이매 백성들은 블레셋 사람 앞에서 도망하되
Ame si kplɔe ɖo lae nye Sama, Agee ƒe vi, tso Harar. Gbe ɖeka le aʋakpekpe aɖe kple Filistitɔwo me le teƒe aɖe si bli le fũu eye Israel ƒe aʋawɔlawo katã si la,
12 저는 그 밭 가운데 서서 막아 블레셋 사람을 친지라 여호와께서 큰 구원을 이루시니라
Sama ɖeka tɔ ɖe bligble la titina eye wòxɔe hewu Filistitɔwo. Yehowa na wòɖu dzi gã aɖe.
13 또 삼십 두목 중 세 사람이 곡식 벨 때에 아둘람 굴에 이르러 다윗에게 나아갔는데 때에 블레셋 사람의 떼가 르바임 골짜기에 진쳤더라
Gbe ɖeka, esime David nɔ agado me le Adulam eye Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo nɔ Refaim balime la, ame etɔ̃ tso Israelviwo ƒe aʋafia xɔŋkɔtɔ blaetɔ̃ me yi ɖakpɔe ɖa le nuŋeɣi.
14 그 때에 다윗은 산성에 있고 블레셋 사람의 영채는 베들레헴에 있는지라
David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi.
15 다윗이 사모하여 가로되 `베들레헴 성문 곁 우물 물을 누가 나로 마시게 할꼬' 하매
David gblɔ kple didi be, “Tsikɔ le wunyem vevie. Oo, ne ame aɖe aku tsi tso vudo si le Betlehem ƒe agbo nu la me vɛ nam la, anyo ŋutɔ.”
16 세 용사가 블레셋 사람의 군대를 충돌하고 지나가서 베들레헴 성문 곁 우물 물을 길어 가지고 다윗에게로 왔으나 다윗이 마시기를 기뻐 아니하고 그 물을 여호와께 부어 드리며
Ale aʋafia etɔ̃ siawo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume,
17 가로되 `여호와여, 내가 결단코 이런 일을 하지 아니하리이다 이는 생명을 돌아보지 아니하고 갔던 사람들의 피니이다' 하고 마시기를 즐겨 아니하니라 세 용사가 이런 일을 행하였더라
hegblɔ be, “Yehowa, nyemate ŋu awɔ esia gbeɖe o!” “Esiae nye ame etɔ̃ siwo tsɔ woƒe agbe ke la ƒe ʋu.”
18 또 스루야의 아들 요압의 아우 아비새니 저는 그 삼인의 두목이라 저가 창을 들어 삼백인을 죽이고 그 삼인 중에 이름을 얻었으니
Abisai, Yoab nɔvi, Zeruya vi nye amegã na ame etɔ̃awo. Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene.
19 저는 삼인 중에 가장 존귀한 자가 아니냐 저가 저희의 두목이 되 었으나 그러나 첫 삼인에게는 미치지 못하였더라
Ɖe womede bubu eŋu wu ame xɔŋkɔ etɔ̃awo oa? Ezu woƒe kplɔla togbɔ be womebui ɖe wo dome o hã.
20 또 갑스엘 용사의 손자 여호야다의 아들 브나야니 저는 효용한 일을 행한 자라 일찌기 모압 아리엘의 아들 둘을 죽였고 또 눈 올 때에 함정에 내려가서 한 사자를 죽였으며
Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza.
21 또 장대한 애굽 사람을 죽였는데 그의 손에 창이 있어도 저가 막대를 가지고 내려가서 그 애굽 사람의 손에서 창을 빼앗아 그 창으로 죽였더라
Le ɣeyiɣi bubu hã la, ewu Egiptetɔ aɖe. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui.
22 여호야다의 아들 브나야가 이런 일을 행하였으므로 세 용사 중에 이름을 얻고
Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene.
23 삼십인보다 존귀하나 그러나 첫 삼인에게는 미치지 못하였더라 다윗이 저를 세워 시위대 장관을 삼았더라
Wobunɛ wu ame xɔŋkɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe gake womedee ame Etɔ̃awo dome o. Ke David tsɔe ɖo eŋudzɔlawo nu.
24 요압의 아우 아사헬은 삼십인중에 하나요 또 베들레헴 도도의 아들 엘하난과
Ame siwo nɔ ame blaetɔ̃awo dome: Asahel, Yoab nɔvi, hã nɔ ame blaetɔ̃awo dome. Bubuawoe nye: Elhanan, Dodo ƒe vi, tso Betlehem;
25 하롯 사람 삼훗과, 하롯 사람 엘리가와
Sama tso Harod; Elika tso Harod;
26 발디 사람 헬레스와, 드고아 사람 익게스의 아들 이라와
Helez tso Palti; Ira, Ikes ƒe vi tso Tekoa;
27 아나돗 사람 아비에셀과, 후사 사람 므분내와
Abiezer tso Anatɔt; Sibekai tso Husat;
28 아호아 사람 살몬과, 느도바 사람 마하래와
Zalmɔn si nye Ahohitɔ, Maharai tso Netofat;
29 느도바 사람 바아나의 아들 헬렙과, 베냐민 자손에 속한 기브아 사람 리배의 아들 잇대와
Heleb, Boana ƒe vi, tso Netofat; Itai, Ribai ƒe vi, tso Gibea, le Benyamin ƒe to la me;
30 비라돈 사람 브나야와, 가아스 시냇가에 사는 힛대와
Benaya tso Piratɔn; Hidai tso afi si Gaas tɔʋuwo le;
31 아르바 사람 아비알본과, 바르훔 사람 아스마웹과
Abi Albon tso Arbat; Azmavet tso Bahurim;
32 사알본 사람 엘리아바와, 야센의 아들 요나단과
Eliahba tso Saalbɔn; Yasen ƒe viwo; Yonatan;
33 하랄 사람 삼마와, 아랄 사람 사랄의 아들 아히암과
Sama tso Hara, Ahiam, Sarar ƒe vi, tso Harar;
34 마아가 사람의 손자 아하스배의 아들 엘리벨렛과, 길로 사람 아히도벨의 아들 엘리암과
Elifelet, Ahasbai ƒe vi, tso Maka; Eliam, Ahitofel ƒe vi, tso Giloh;
35 갈멜 사람 헤스래와, 아랍 사람 바아래와
Hezro tso Karmel; Parai tso Arba;
36 소바 나단의 아들 이갈과, 갓 사람 바니와
Igal, Natan ƒe vi tso Zoba; Bani tso Gad;
37 암몬 사람 셀렉과, 스루야의 아들 요압의 병기 잡은 자 브에롯 사람 나하래와
Zelek tso Amon; Naharai tso Beerot; Yoab, Zeruya ƒe vi ƒe akpoxɔnutsɔla;
38 이델 사람 이라와, 이델 사람 가렙과
Ira tso Yatir; Gareb tso Yatir;
39 헷 사람 우리아라 이상 도합이 삼십 칠인이었더라
kple Uria, Hititɔ la. Ale wo katã de ame blaetɔ̃-vɔ-adre.

< 사무엘하 23 >