< 열왕기하 1 >

1 아합이 죽은 후에 모압이 이스라엘을 배반하였더라
Le Fia Ahab ƒe ku megbe la, Moab dze aglã ɖe Israel ŋu.
2 아하시야가 사마리아에 있는 그 다락 난간에서 떨어져 병들매 사자를 보내며 저희더러 이르되 `가서 에그론의 신 바알세붑에게 이 병이 낫겠나 물어 보라' 하니라
Azɔ la, Ahazia ge tso eƒe fesre nu le eƒe dziƒoxɔ dzi le Samaria eye nuvevi wɔe eya ta wòdɔ dɔlawo gblɔ na wo be, “Miyi miabia nu le Ekrontɔwo ƒe mawu, Baal Zebub gbɔ nam ne miakpɔe ɖa be mahaya tso dɔléle sia me mahã.”
3 여호와의 사자가 디셉 사람 엘리야에게 이르시되 `너는 일어나 올라가서 사마리아 왕의 사자를 만나서 저에게 이르기를 이스라엘에 하나님이 없어서 너희가 에그론의 신 바알세붑에게 물으러 가느냐
Ke mawudɔla aɖe gblɔ na Nyagblɔɖila Eliya, Tisbitɔ la be, “Yi nàdo go ame siwo Samaria fia dɔ eye nàbia wo be, ‘Nyateƒee wònye be Mawu aɖeke mele Israel oa? Eya ta mieyina Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu gbɔ be miabia ne fia la ƒe lãme asẽa?’
4 그러므로 여호와의 말씀이 네가 올라간 침상에서 내려오지 못할지라 네가 반드시 죽으리라 하셨다 하라' 엘리야가 이에 가니라
Azɔ nu si Yehowa gblɔe nye esi. ‘Màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o; àku godoo!’” Ale Eliya yi.
5 사자들이 왕에게 돌아오니 왕이 이르되 `너희는 어찌하여 돌아왔느냐'
Esi ame dɔdɔawo trɔ va fia la gbɔ la, fia la bia wo be, “Nu ka ta mietrɔ gbɔ?”
6 저희가 고하되 `한 사람이 올라와서 우리를 만나 이르되 너희는 너희를 보낸 왕에게로 돌아가서 저에게 고하기를 여호와의 말씀이 이스라엘에 하나님이 없어서 네가 에그론의 신 바알세붑에게 물으려고 보내느냐 그러므로 네가 올라간 침상에서 내려오지 못할지라 네가 반드시 죽으리라 하셨다 하라 하더이다'
Woɖo eŋu be, “Ŋutsu aɖe va tu mí eye wògblɔ na mí be, ‘Mitrɔ yi fia si dɔ mi la gbɔ eye miagblɔ nɛ be, “Nu si Yehowa gblɔe nye: Ɖe Mawu aɖeke mele Israel o tae nèle amewo dɔm be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawua? Eya ta màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o. Àku godoo!”’”
7 왕이 저희에게 이르되 `올라와서 너희를 만나 이 말을 너희에게 고한 그 사람의 모양이 어떠하더냐'
Fia la bia be, “Ame kae nye ŋutsu sia? Aleke eƒe dzedzeme le?”
8 저희가 대답하되 `그는 털이 많은 사람인데 허리에 가죽 띠를 띠었더이다' 왕이 가로되 `그는 디셉 사람 엘리야로다'
Woɖo eŋu nɛ be, “Enye ŋutsu aɖe si ŋu fu le kpedzee, ebla ali dzi kple alidziblaka keke aɖe si wowɔ kple lãgbalẽ.” Tete fia la do ɣli be, “Eliya, Tisbitɔ lae!”
9 이에 오십부장과 그 오십인을 엘리야에게로 보내매 저가 엘리야에게로 올라가서 본즉 산꼭대기에 앉았는지라 저가 엘리야에게 이르되 하나님의 사람이여 왕의 말씀이 내려오라 하셨나이다
Eɖo aʋakplɔla ɖeka kple asrafo blaatɔ̃ ɖa be woayi aɖalée vɛ. Wokpɔe wònɔ anyi ɖe togbɛ aɖe dzi. Aʋakplɔla la gblɔ nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, fia la ɖe gbe be nàzɔ kpli mí ava ye gbɔ.”
10 엘리야가 오십부장에게 대답하여 가로되 `내가 만일 하나님의 사람이면 불이 하늘에서 내려와서 너와 너의 오십인을 사를지로다' 하매 불이 곧 하늘에서 내려와서 저와 그 오십인을 살랐더라
Eliya ɖo eŋu be, “Nenye Mawu ƒe amee menye tututu la, ekema dzo nage tso dziƒo eye wòafia wò kple wò ame blaatɔ̃awo!” Enumake dzo ge tso dziƒo eye wòfia aʋakplɔla la kple ame blaatɔ̃wo katã.
11 왕이 다시 다른 오십부장과 그 오십인을 엘리야에게로 보내니 저가 엘리야에게 일러 가로되 하나님의 사람이여 왕의 말씀이 속히 내려 오라 하셨나이다
Ale fia la gaɖo aʋakplɔla bubu aɖe kple asrafo blaatɔ̃ bubu ɖa be woagblɔ nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, fia la be nàva ye gbɔ fifi laa!”
12 엘리야가 저희에게 대답하여 가로되 `내가 만일 하나님의 사람이면 불이 하늘에서 내려와서 너와 너의 오십인을 사를지로다' 하매 하나님의 불이 곧 하늘에서 내려와서 저와 그 오십인을 살랐더라
Eliya gblɔ na wo be, “Nenye Mawu ƒe amee menye tututu la, ekema dzo nage tso dziƒo eye wòafia wò kple wò ame blaatɔ̃awo!” Ale Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo eye wòfia woawo hã.
13 왕이 세번째 오십부장과 그 오십인을 보낸지라 세째 오십부장이 올라가서 엘리야의 앞에 이르러 꿇어 엎드려 간구하여 가로되 하나님의 사람이여 원컨대 나의 생명과 당신의 종인 이 오십인의 생명을 당신은 귀히 보소서
Fia la gaɖo aʋakplɔla kple ame blaatɔ̃ bubu ɖa. Azɔ ya la, aʋakplɔla la dze klo ɖe Eliya ƒe akɔme eye wòɖe kuku nɛ be, “Oo, Mawu ƒe ame, meɖe kuku, na nye kple wò dɔla blaatɔ̃ siawo míatsi agbe.
14 불이 하늘에서 내려와서 전번의 오십부장 둘과 그 오십인들을 살랐거니와 나의 생명을 당신은 귀히 보소서 하매
Kpɔ ɖa, dzo ge tso dziƒo hefia aʋakplɔla gbãtɔ eveawo kple woƒe amewo. Ke azɔ la, na nye agbe naxɔ asi le gbɔwò!”
15 여호와의 사자가 엘리야에게 이르되 `너는 저를 두려워 말고 함께 내려가라' 하신지라 엘리야가 곧 일어나 저와 함께 내려와서 왕에게 이르러
Yehowa ƒe dɔla aɖe gblɔ na Eliya be, “Mègavɔ̃ o, Yi kpli wo.” Ale Eliya yi fia la gbɔ.
16 고하되 `여호와의 말씀이 네가 사자를 보내어 에그론의 신 바알세붑에게 물으려 하니 이스라엘에 그 말을 물을만한 하나님이 없음이냐 그러므로 네가 그 올라간 침상에서 내려오지 못할지라 네가 반드시 죽으리라 하셨다' 하니라
Eliya gblɔ na fia la be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi. Esi Mawu aɖeke mele Israel be nàbia gbee o tae nèɖo amewo ɖa be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawu la? Esi nèwɔ esia ta la, màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi akpɔ gbeɖe o; àku godoo!”
17 왕이 엘리야의 전한 여호와의 말씀대로 죽고 저가 아들이 없으므로 여호람이 대신하여 왕이 되니 유다 왕 여호사밧의 아들 여호람의 제 이년이었더라
Ale Ahazia ku abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi to Eliya dzi la ene eye nɔvia Yehoram zu fia ɖe eteƒe elabena viŋutsu aɖeke menɔ esi aɖu fia ɖe eyome o. Nya sia dzɔ le Yuda fia Yehoram, Yehosafat ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me.
18 아하시야의 남은 사적은 모두 이스라엘 왕 역대지략에 기록되지 아니하였느냐
Woŋlɔ nu bubuwo tso Ahazia ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.

< 열왕기하 1 >