< 역대하 16 >

1 아사 왕 삼십 륙년에 이스라엘왕 바아사가 유다를 치러 올라와서 라마를 건축하여 사람을 유다 왕 아사에게 왕래하지 못하게 하려한지라
Le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adelia me la, Baasa, Israel fia, ho aʋa ɖe Yuda ŋu. Eɖo gli sesẽ ƒo xlã Rama ale be ame aɖeke mate ŋu age ɖe Yuda fia, Asa, ƒe nuto me alo ado tso eme o.
2 아사가 여호와의 전 곳간과 왕궁 곳간의 은, 금을 취하여 다메섹에 거한 아람 왕 벤하닷에게 보내며 가로되
Ale Asa tsɔ klosalo kple sika tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple fiasã la me ɖo ɖe Siria fia, Ben Hadad, le Damasko eye wòɖo du ɖee bena,
3 내 부친과 당신의 부친 사이에와 같이 나와 당신 사이에 약조하자 내가 당신에게 은금을 보내노니 와서 이스라엘 왕 바아사와 세운 약조를 깨뜨려서 저로 나를 떠나게 하라 하매
“Na míagbugbɔ míaƒe dedinɔnɔ ƒe nubabla si nɔ fofowò kple fofonye dome la awɔ yeyee. Kpɔ ɖa, xɔ klosalo kple sika sia ale be nàtu nubabla si le wò kple Israel fia, Baasa dome ale be wòadzudzɔ aʋawɔwɔ kplim.”
4 벤하닷이 아사 왕의 말을 듣고 그 군대 장관들을 보내어 이스라엘 두어 성읍을 치되 이욘과 단과 아벨마임과 납달리의 모든 국고 성을 쳤더니
Ben Hadad lɔ̃ ɖe Fia Asa ƒe nya la dzi heƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ƒe duwo ŋu. Wogbã du siawo: Iyɔn, Dan kple Abel Maim kple nudzraɖoƒe duwo katã le Naftali.
5 바아사가 듣고 라마 건축하는 일을 파하여 그 공역을 그친지라
Esi Baasa se nya si dzɔ ko la, edzudzɔ Rama du la tutu kple eƒe dɔ la.
6 아사 왕이 온 유다 무리를 거느리고 바아사가 라마를 건축하던 돌과 재목을 수운하여다가 게바와 미스바를 건축하였더라
Fia Asa kplɔ Yuda blibo la yi Rama eye wolɔ Fia Baasa ƒe xɔtukpewo kple xɔtutiwo tso afi ma ɖatu Geba kple Mizpa.
7 때에 선견자 하나니가 유다 왕 아사에게 나아와서 이르되 `왕이 아람 왕을 의지하고 왕의 하나님 여호와를 의지하지 아니한고로 아람 왕의 군대가 왕의 손에서 벗어났나이다
Nyagblɔɖila Hanani yi Fia Asa gbɔ ɣe ma ɣi eye wògblɔ nɛ be, “Esi nèɖo ŋu ɖe Siria fia ŋu eye menye ɖe Yehowa, wò Mawu ŋu o ta la, Siria fia ƒe aʋakɔ si dzo le gbɔwò.
8 구스 사람과 룹 사람의 군대가 크지 아니하며 말과 병거가 심히 많지 아니하더이까 그러나 왕이 여호와를 의지한고로 여호와께서 왕의 손에 붙이셨나이다
Mèɖo ŋku nu si dzɔ ɖe Kustɔwo kple Libiatɔwo kple woƒe aʋakɔ gã la kple woƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo katã dzi oa? Èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣe ma ɣi eye wòtsɔ wo katã de asi na wò
9 여호와의 눈은 온 땅을 두루 감찰하사 전심으로 자기에게 향하는 자를 위하여 능력을 베푸시나니 이 일은 왕이 망령되이 행하였은즉 이후부터는 왕에게 전쟁이 있으리이다' 하매
elabena Yehowa ƒe ŋku kpɔa nu yia megbe kple ŋgɔgbe siaa to xexe blibo la me eye wòdia ame siwo nɔa eyome kple dzi blibo ale be yeate ŋu aɖe yeƒe ŋusẽ triakɔ la afia to kpekpeɖeŋunana wo me. Èwɔ bometsinu eya ta tso azɔ dzi yina la, ànɔ aʋawɔwɔ dzi.”
10 아사가 노하여 선견자를 옥에 가두었으니 이는 그 말에 크게 노하였음이며 그 때에 아사가 또 몇 백성을 학대하였더라
Asa do dɔmedzoe ɖe nyagblɔɖila la ŋu le nya si wògblɔ nɛ la ta eye wòdee gaxɔ me. Asa te ameawo katã ɖe anyi ɣe ma ɣi.
11 아사의 시종 행적은 유다와 이스라엘 열왕기에 기록되니라
Woŋlɔ Asa ƒe ŋutinya mamlɛawo ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽwo me.
12 아사가 왕이 된지 삼십 구년에 그 발이 병들어 심히 중하나 병이 있을 때에 저가 여호와께 구하지 아니하고 의원들에게 구하였더라
Le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekelia me la, dɔléle sesẽ aɖe va dze eƒe afɔ dzi. Metsɔ dɔléle sia ɖo Yehowa ŋkume o, ke boŋ eyi atikewɔlawo gbɔ.
13 아사가 위에 있은지 사십 일년에 죽어 그 열조와 함께 자매
Asa ku le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaene-vɔ-ɖekɛlia me eye woɖii ɖe fofoawo gbɔ.
14 다윗 성에 자기를 위하여 파 두었던 묘실에 무리가 장사하되 그 시체를 법대로 만든 각양 향재료를 가득히 채운 상에 두고 또 위하여 많이 분향하였더라
Woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ ɖe na eɖokui la me le David ƒe du la me. Wotsɔe mlɔ aba, si dzi wotsɔ atike ʋeʋĩ vovovo siwo atikeɖala veviwo tɔtɔ da ɖo la dzi, eye wodo dzo gã aɖe nɛ eteƒe mekɔ o.

< 역대하 16 >