< 느헤미야 7 >
1 성이 건축되매 문짝을 달고 문지기와 노래하는 자들과 레위 사람들을 세운 후에
Esi míewu gli la ɖoɖo nu, de ʋɔtru agboawo nu, eye míetia agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Levitɔwo la,
2 내 아우 하나니와 영문의 관원 하나냐로 함께 예루살렘을 다스리게 하였는데 하나냐는 위인이 충성되어 하나님을 경외함이 무리에서 뛰어난자라
metsɔ Yerusalem dzikpɔkpɔ de asi na nɔvinye Hanani kple Hananiya, ame siwo nye mɔ la dzikpɔlawo. Wonye nuteƒewɔla siwo vɔ̃a Mawu wu ame geɖewo.
3 내가 저희에게 이르기를 해가 높이 뜨기 전에는 예루살렘 성문을 열지 말고 아직 파수할 때에 곧 문을 닫고 빗장을 지르며 또 예루살렘 거민으로 각각 반차를 따라 파수하되 자기 집 맞은편을 지키게 하라 하였노니
Mede se na wo be, womaʋu Yerusalem ƒe agboawo o va se ɖe esime ɣe nadze nyuie hafi, eye woatu wo, ade ga wo me le esime dzɔlawo aganɔ gliawo ŋu dzɔm ko. Mede se hã be ele be dzɔlawo nanye Yerusalemtɔwo, eye woawɔ dɔ edziedzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be ame sia ame si ƒe aƒe te ɖe gli la ŋu la, nadzɔ gli la ƒe akpa si tsɔ ɖe egbɔ la ŋu.
4 그 성은 광대하고 거민은 희소하여 가옥을 오히려 건축하지 못하였음이니라
Du la lolo, gake emenɔlawo mesɔ gbɔ o, xɔawo hã mesɔ gbɔ o, ke boŋ woɖe ɖe aga tso wo nɔewo gbɔ le du la me.
5 내 하나님이 내 마음을 감동하사 귀인들과 민장과 백성을 모아 보계대로 계수하게 하신고로 내가 처음으로 돌아온 자의 보계를 얻었는데 거기 기록한 것을 보면
Nye Mawu dae ɖe nye dzi dzi be mayɔ takpekpe na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame hahoawo ne woaŋlɔ ŋkɔ ɖe woƒe ƒomeawo me. Mekpɔ ame gbãtɔ siwo gbɔ tso aboyome la ƒe dzidzimegbalẽ. Nu siwo woŋlɔ ɖe eme la woe nye.
6 옛적에 바벨론 왕 느부갓네살에게 사로잡혀 갔던 자 중에서 놓임을 받고 예루살렘과 유다로 돌아와 각기 본성에 이른 자 곧
Yudatɔ siwo Nebukadnezar, Babilonia fia, ɖe aboyoe, eye wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi la
7 스룹바벨과, 예수아와, 느헤미야와, 아사랴와, 라아마와, 나하마니와, 모르드개와, 빌산과, 미스베렛과, 비그왜와, 느훔과, 바아나 등과 함께 나온 이스라엘 백성의 명수가 이러하니라
ƒe kplɔlawoe nye, Zerubabel, Yesua, Nehemia, Azaria, Raamia, Nahamani, Mordekai, Bilsan, Misperet, Bigvai, Nehum kple Baana. Israel ƒe ame bubu siwo gbɔ le ɣe ma ɣi la ƒe ƒomeawo kple xexlẽme le ale:
Paros ƒe viwo le ame akpe eve alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve.
Sefatia ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaadre-vɔ-eve.
Ara ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve.
11 바핫모압 자손 곧 예수아와 요압 자손이 이천 팔백 십 팔명이요
Yesua kple Yoab ƒe vi siwo do tso Pahat Moab me la le ame akpe eve alafa enyi kple wuienyi.
Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene.
Zatu ƒe viwo le ame alafa enyi kple blaene-vɔ-atɔ̃.
Zakai ƒe viwo le ame alafa adre kple blaade.
Binui ƒe viwo le ame alafa ade kple blaene-vɔ-enyi.
Bebai ƒe viwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-enyi.
Azgad ƒe viwo le ame akpe eve alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-eve.
Adonikam ƒe viwo le ame alafa ade kple blaade-vɔ-adre.
Bigvai ƒe viwo le ame akpe eve kple blaade-vɔ-adre.
Adin ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ atɔ̃.
21 아델 자손 곧 히스기야 자손이 구십 팔명이요
Ater dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasieke-vɔ-enyi.
Hasum ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-enyi.
Bezai ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-ene.
Harif ƒe viwo le ame alafa ɖeka kple wuiene.
Gibeon ƒe viwo le ame blaasieke-vɔ-atɔ̃.
26 베들레헴과 느도바 사람이 일백 팔십 팔명이요
Betlehemtɔwo kple Netofatɔwo le ame alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-enyi.
Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi.
Bet Azmavetɔwo le ame blaene-vɔ-eve.
29 기럇여아림과 그비라와 브에롯 사람이 칠백 사십 삼명이요
Kiriat Yearim, Kefira kple Beerottɔwo le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃.
Rama kple Gebatɔwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ.
Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve.
Betel kple Aitɔwo le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃.
Nebotɔwo le ame blaatɔ̃ vɔ eve.
34 기타 엘람 자손이 일천 이백 오십 사명이요
Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene.
Harim ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve.
Yeriko ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃.
37 로드와 하딧과 오노 자손이 칠백 이십 일명이요
Lod, Hadid kple Ono ƒe viwo le ame alafa adre kple blaeve-vɔ-ɖekɛ.
38 스나아 자손이 삼천 구백 삼십명이었느니라
Senaa ƒe viwo le ame akpe etɔ̃ alafa asieke kple blaetɔ̃.
39 제사장들은 예수아의 집 여다야 자손이 구백 칠십 삼명이요
Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale: (Yesua ƒe vi siwo do tso) Yedaia ƒe viwo me la le ame alafa asiekɛ kple blaadre-vɔ-etɔ̃.
Imer ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve.
Pasur ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre.
Harim ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple wuiadre.
43 레위 사람들은 호드야 자손 곧 예수아와 갓미엘 자손이 칠십 사명이요
Levitɔ siwo gbɔ la ƒe hlɔ̃wo kple woƒe xexlẽmewo le ale: Kadmiel ƒe vi siwo do tso Hodavia kple Yesua ƒe hlɔ̃ me la le ame blaadre-vɔ-ene.
44 노래하는 자들은 아삽 자손이 일백 사십 팔명이요
Hadzilawo: Asaf ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi.
45 문지기들은 살룸 자손과, 아델 자손과, 달문 자손과, 악굽 자손과, 하디다 자손과, 소배 자손이 모두 일백 삼십 팔명이었느니라
Agbonudzɔla siwo tso Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe ƒomeawo me la le ame alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-enyi.
46 느디님 사람들은 시하 자손과, 하수바 자손과, 답바옷 자손과
Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me: Ziha, Hasufa, Tabaot,
47 게로스 자손과, 시아 자손과, 바돈 자손과, 르바나 자손과
Keros, Sia, Paɖɔn,
49 하난 자손과, 깃델 자손과, 가할 자손과
Hanan, Gidel, Gahar,
50 르아야 자손과, 르신 자손과, 느고다 자손과
Reaia, Rezin, Nekoda,
51 갓삼 자손과, 웃사 자손과, 바세아 자손과
Gazam, Uza, Pasea,
52 베새 자손과, 므우님 자손과, 느비스심 자손과
Besai, Meunim, Nefuesim,
53 박북 자손과, 하그바 자손과, 할훌 자손과
Bakbuk, Hakufa, Harhur,
54 바슬릿 자손과, 므히다 자손과, 하르사 자손과
Bazlut, Mehida, Harsa,
55 바르고스 자손과, 시스라 자손과, 데마 자손과
Barkos, Sisera, Tema,
57 솔로몬의 신복의 자손은 소대 자손과, 소베렛 자손과, 브리다 자손과
Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimevi siwo gbɔ va Yuda la woe nye: Sotai, Soferet, Perida,
58 야알라 자손과, 다르곤 자손과, 깃델 자손과
Yaala, Darkon, Gidel,
59 스바댜 자손과, 핫딜 자손과, 보게렛하스바임 자손과, 아몬 자손이니
Sefatia, Hatil, Pokeret Hazebaim kple Amon.
60 모든 느디님 사람과 솔로몬의 신복의 자손이 삼백 구십 이명이었느니라
Gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe subɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve.
61 델멜라와, 델하르사와, 그룹과, 앗돈과, 임멜로부터 올라온 자가 있으나 그 종족과 보계가 이스라엘에 속하였는지는 증거할 수 없으니
Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o.
62 저희는 들라야 자손과, 도비야 자손과, 느고다 자손이라 도합이 육백 사십 이명이요
Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo de ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve.
63 제사장 중에는 호바야 자손과 학고스 자손과 바르실래 자손이니 바르실래는 길르앗 사람 바르실래의 딸 중에 하나로 아내를 삼고 바르실래의 이름으로 이름한 자라
Wotsɔ Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe ŋkɔwo na nunɔla aɖewo ƒe ƒomeawo. Barzilai ɖe Barzilai, Gileadtɔ la ƒe vinyɔnu ɖeka, eye wòtsɔ srɔ̃a ƒe ƒomeŋkɔ.
64 이 사람들이 보계중에서 자기 이름을 찾아도 얻지 못한고로 저희를 부정하게 여겨 제사장의 직분을 행치 못하게 하고
Ame siawo tsa di woƒe ƒomegbalẽwo, gake womeke ɖe wo ŋu o, ale woɖe wo ɖa tso nunɔlawo ƒe ha me be wo ŋuti mekɔ o.
65 방백이 저희에게 명하여 `우림과 둠밈을 가진 제사장이 일어나기 전에는 지성물을 먹지 말라' 하였느니라
Ale mɔmefia la de se na wo be, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔewo ƒe ɖeke o va se ɖe esime woɖo nunɔla si atsɔ Urim kple Tumim abia gbe Mawu hafi.
66 온 회중의 합계가 사만 이천 삼백 육십명이요
Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade.
67 그 외에 노비가 칠천 삼백 삼십 칠명이요, 노래하는 남녀가 이백 사십 오명이요
Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre kple hadzila alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu.
68 말이 칠백 삼십 육이요, 노새가 이백 사십 오요
Wogbɔ kple sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade, kposɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃,
69 약대가 사백 삼십 오요, 나귀가 육천 칠백 이십이었느니라
kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve.
70 어떤 족장들은 역사를 위하여 보조하였고 방백은 금 일천 다릭과, 대접 오십과, 제사장의 의복 오백 삼십 벌을 보물 곳간에 드렸고
Ƒometatɔ aɖewo na nu hena dɔ la dziyiyi. Gɔvina la na sika kilogram enyi kple afã, agba blaatɔ̃ kple nunɔlawo ƒe awudodo alafa atɔ̃ blaetɔ̃.
71 또 어떤 족장들은 금 이만 다릭과 은 이천 이백 마네를 역사 곳간에 드렸고
Kplɔla bubuwo na sika kilogram alafa ɖeka kple blaade-vɔ-enyi kple klosalo kilogram akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃.
72 그 나머지 백성은 금 이만 다릭과 은 이천 마네와 제사장의 의복 육십 칠 벌을 드렸느니라
Ame bubuawo na sika kilogram alafa ɖeka kple blade-vɔ-enyi, klosalo kilogram alafa ɖeka kple blaene kple osɔfowo ƒe awudodo blaade-vɔ-adre.
73 이와 같이 제사장들과 레위 사람들과 문지기들과 노래하는 자들과 백성 몇명과 느디님 사람들과 온 이스라엘이 다 그 본성에 거하였느니라
Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me. Le ɣleti adrelia me esi Israelviwo yi woƒe duwo me vɔ la,