< 역대하 23 >
1 제 칠년에 여호야다가 세력을 내어 백부장 곧 여로함의 아들 아사랴와 여호하난의 아들 이스마엘과 오벳의 아들 아사랴와 아다야의 아들 마아세야와 시그리의 아들 엘리사밧 등으로 더불어 언약을 세우매
Le ƒe adrelia me la, Yehoiada ɖe eƒe ŋusẽ fia. Ebla nu kple ame alafawo ƒe aʋafia siawo: Azaria, Yeroham ƒe vi, Ismael, Yehohanan ƒe vi, Azaria, Obed ƒe vi kple Maaseya, Adaya ƒe vi kple Elisafat, Zikri ƒe vi.
2 저희가 유다로 두루 다니며 유다 모든 고을로서 레위 사람과 이스라엘 족장들을 모아 예루살렘에 이른지라
Wotsa le Yudanyigba blibo la dzi eye woƒo Levitɔwo kple Israelviwo ƒe ƒometatɔwo nu ƒu tso duawo katã me. Esi wova ɖo Yerusalem la,
3 온 회중이 하나님의 전에서 왕과 언약을 세우매 여호야다가 무리에게 이르되 여호와께서 다윗의 자손에게 대하여 말씀하신대로 왕자가 즉위하여야 할찌니
ameha blibo la bla nu kple fia la le Mawu ƒe gbedoxɔ la me. Yehoiada gblɔ na wo be, “Fiaviŋutsu la aɖu fia abe ale si Yehowa do ŋugbe tso David ƒe dzidzimeviwo ŋu ene.
4 이제 너희는 이와 같이 행하라 너희 제사장과 레위 사람 곧 안식일에 입번한 자의 삼분 일은 문을 지키고
Azɔ la, nu si míawɔ enye si. Mi nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe mama etɔ̃lia ƒe gbãtɔ me tɔwo, ame siwo awɔ dɔ le Dzudzɔgbe la dzi la, miaƒe ŋkuwo anɔ ʋɔtruawo ŋu,
5 삼분 일은 왕궁에 있고 삼분 일은 기초문에 있고 백성들은 여호와의 전 뜰에 있을찌라
mama evelia me tɔwo adzɔ fiasã la ŋu eye mama etɔ̃lia me tɔwo adzɔ Gɔmeɖokpegbo la ŋu. Ame bubuawo katã anɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo.
6 제사장과 수종드는 레위 사람은 거룩한즉 여호와의 전에 들어오려니와 그 외의 다른 사람은 들어오지 못할 것이니 모든 백성은 여호와의 명하신 바를 지킬찌며
Ame aɖeke mage ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o negbe nunɔlawo kple Levitɔ siwo anɔ dɔ wɔm ko. Woawo ya ate ŋu age ɖe eme elabena wokɔ wo ŋu ke ele na ame bubuawo be woadzɔ teƒe siwo Yehowa de asi na wo la ŋu.
7 레위 사람은 각각 손에 병기를 잡고 왕을 호위하며 다른 사람이 전에 들어 오거든 죽이고 왕의 출입할 때에 시위할찌니라
Mi Levitɔwo ƒe viwo, mitsɔ aʋawɔnuwo ɖe asi, midzɔ fia la ŋu eye miawu ame sia ame si adze mi age ɖe gbedoxɔ la me. Minɔ fia la ŋu kplikplikpli!”
8 레위 사람과 유다 무리가 제사장 여호야다의 모든 명한 바를 준행하여 각기 수하의 안식일에 입번할 자와 안식일에 출번할 자를 거느리고 있으니 이는 제사장 여호야다가 출번하는 자를 보내지 아니함이더라
Levitɔwo ƒe viwo kple Yuda blibo la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada elabena nunɔlagã Yehoiada, meɖe mɔ na wo wodzo yi aƒe me o.
9 제사장 여호야다가 하나님의 전 안에 있는 다윗왕의 창과 큰 방패와 작은 방패를 백부장들에게 주고
Yehoiada na akplɔwo kple akpoxɔnuwo asrafomegãwo siwo le ame alafawo nu. Aʋawɔnu siawo nye Fia David tɔwo tsã eye wodzra wo ɖo ɖe gbedoxɔ la me.
10 또 백성들로 각각 손에 병기를 잡고 왕을 호위하되 전 우편에서부터 전 좌편까지 단과 전 곁에 서게 하고
Asrafomegã siawo tsɔ woƒe aʋawɔnuwo ɖe asi eye wonɔ tsitre ƒo xlã fia la, le vɔsamlekpui la ŋu le gbedoxɔ la me. Woɖe to ɖee tso gbedoxɔ la ƒe dziehe yi anyiehe.
11 무리가 왕자를 인도하여 내어 면류관을 씌우며 율법 책을 주고 세워 왕을 삼을쌔 여호야다와 그 아들들이 저에게 기름을 붓고 모두 왕의 만세를 부르니라
Yehoiada kple via ŋutsuviwo kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ, tsɔ nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!”
12 아달랴가 백성들이 분주하며 왕을 찬송하는 소리를 듣고 여호와의 전에 들어가서 백성에게 이르러
Esi Atalia se se howɔwɔ kple ɣli si amewo tsɔ nɔ fia la kafum la, eyi ɖe ame siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la gbɔ.
13 보매 왕이 전 문 기둥 곁에 섰고 장관들과 나팔수가 왕의 곁에 모셨으며 국민들이 즐거워하여 나팔을 불며 노래하는 자는 주악하며 찬송을 인도하는지라 이에 아달랴가 옷을 찢으며 외치되 반역이로다 반역이로다 하매
Etsa ŋku eye wòkpɔ fia la wòtsi tsitre ɖe eƒe sɔti gbɔ le xɔa ƒe mɔnu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la gbɔ eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom, henɔ woƒe kpẽawo kum eye hadzilawo kple woƒe haƒonuwo nɔ hawo dom ɖa. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!”
14 제사장 여호야다가 군대를 거느린 백부장들을 불러내어 명하여 가로되 반렬 밖으로 몰아내라 무릇 저를 따르는 자는 칼로 죽이라 하니 제사장의 이 말은 여호와의 전에서는 저를 죽이지 말라 함이라
Nunɔla Yehoiada dɔ ame siwo nɔ asrafo alafa ɖekawo nu, ame siwo nɔ aʋawɔlawo dzi kpɔm la ɖa eye wògblɔ na wo be, “Mikplɔe to ameawo dome vɛ eye miawu ame sia ame si adze eyome.” Elabena nunɔla la gblɔ do ŋgɔ be, “Migawui ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.”
15 이에 무리가 길을 열어 주고 저가 왕궁 마문 어귀에 이를 때에 거기서 죽였더라
Ale wolée le Sɔgbo la nu le fiasã la me eye wowui le afi ma.
16 여호야다가 자기와 뭇 백성과 왕의 사이에 언약을 세워 여호와의 백성이 되리라 한지라
Ke Yehoiada na Fia Yoas kple ameawo kpe ɖe eŋu eye wobla nu be yewoanye Yehowa ƒe amewo.
17 온 국민이 바알의 당으로 가서 그 당을 훼파하고 그 단들과 우상들을 깨뜨리고 그 단 앞에서 바알의 제사장 맛단을 죽이니라
Wo katã woyi Baal ƒe gbedoxɔ me eye wogbãe. Wogbã vɔsamlekpui la kple legbawo le afi ma eye wowu Matan, Baal ƒe nunɔla le vɔsamlekpui la ŋgɔ.
18 여호야다가 여호와의 전의 직원을 세워 제사장 레위 사람의 수하에 맡기니 이들은 다윗이 전에 그 반차를 나누어서 여호와의 전에서 모세의 율법에 기록한대로 여호와께 번제를 드리며 자기의 정한 규례대로 즐거이 부르고 노래하게 하였던 자더라
Azɔ la, Yehoiada na Levitɔwo zu dzɔlawo eye wosa numevɔ na Yehowa le Mose ƒe se la nu. Ede dɔwo asi na Levitɔwo abe ale si Fia David wɔ ene tututu. Wodzia ha kple dzidzɔ ne wole woƒe dɔwo wɔm.
19 또 문지기를 여호와의 전 여러 문에 두어 무릇 아무 일에든지 부정한 자는 들어오지 못하게 하고
Gbedoxɔ la ƒe agbowo nu dzɔlawo meɖea mɔ be, nu siwo ŋu womekɔ o kple ame siwo se meɖe mɔ na o la, nage ɖe gbedoxɔ la me o.
20 백부장들과 존귀한 자들과 백성의 방백들과 온 국민을 거느리고 왕을 인도하여 여호와의 전에서 내려와서 윗문으로 좇아 왕궁에 이르러 왕을 나라 보좌에 앉히매
Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, heto Dzigbegbo la me yi fiasã la me eye wotsɔ fia la ɖo fiazikpui la dzi.
21 온 국민이 즐거워하고 성중이 평온하더라 아달랴를 무리가 칼로 죽였었더라
Amewo katã kpɔ dzidzɔ le dukɔ la me eye ŋutifafa va dua me azɔ elabena wowu Atalia kple yi.