< 역대하 19 >

1 유다 왕 여호사밧이 평안히 예루살렘에 돌아와서 그 궁으로 들어가니라
Esi Yuda fia, Yehosafat, trɔ yi eƒe fiasã me le Yerusalem dedie la,
2 하나니의 아들 선견자 예후가 나가서 여호사밧 왕을 맞아 가로되 왕이 악한 자를 돕고 여호와를 미워하는 자를 사랑하는 것이 가하니이까 그러므로 여호와께로서 진노하심이 왕에게 임하리이다
nukpɔla Yehu, Hanani ƒe vi, do go yi ɖakpee eye wòbia fia la be, “Ɖe nàkpe ɖe ame vɔ̃ɖi la ŋu eye nàlɔ̃ ame siwo lé fu Yehowa? Esia ta la, Yehowa ƒe dziku le dziwò.
3 그러나 왕에게 선한 일도 있으니 이는 왕이 아세라 목상들을 이 땅에서 없이하고 마음을 오로지하여 하나님을 찾음이니이다 하였더라
Ke hã la, nu nyui aɖe le mewò elabena èɖe aƒeliwo ɖa le anyigba la dzi eye nètsɔ wò dzi ɖo Mawu didi ŋu.”
4 여호사밧이 예루살렘에 거하더니 나가서 브엘세바에서부터 에브라임 산지까지 민간에 순행하며 저희를 그 열조의 하나님 여호와께로 돌아오게 하고
Le esia ta Yehosafat megayi Israel azɔ o, ke boŋ enɔ Yerusalem. Emegbe la, egado go yi ameawo gbɔ; ezɔ mɔ tso Beerseba yi Efraim ƒe tonyigba dzi be yeado ŋusẽ wo be woasubɔ wo fofowo ƒe Mawu la.
5 또 유다 온 나라 견고한 성에 재판관을 세우되 성마다 있게 하고
Eɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe du gãwo katã me le anyigba blibo la dzi
6 재판관에게 이르되 `너희는 행하는 바를 삼가하라 너희의 재판하는 것이 사람을 위함이 아니요 여호와를 위함이니 너희가 재판할때에 여호와께서 너희와 함께 하실지라
eye wògblɔ na wo be, “Mizɔ le nyateƒe me elabena menye nyee ɖo mi o, ke boŋ Mawue ɖo mi; anɔ anyi kpli mi eye wòakpe ɖe mia ŋu miatso afia dzɔdzɔe le nya sia nya si woatsɔ vɛ na mi la me.
7 그런즉 너희는 여호와를 두려워하는 마음으로 삼가 행하라! 우리의 하나님 여호와께서는 불의함도 없으시고 편벽됨도 없으시고 뇌물을 받으심도 없으시니라'
Mikpɔ nyuie be miatso afia bubu tso esi Mawu gblɔ na mi be miatso la gbɔ o elabena mele be afiaŋkunɔtsotso, ameŋkumekpɔkpɔ alo zãnuxɔxɔ nanɔ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo me o.”
8 여호사밧이 또 예루살렘에서 레위 사람과 제사장과 이스라엘 족장중에서 사람을 세워 여호와께 속한 일과 예루살렘 거민의 모든 송사를 재판하게 하고
Yehosafat ɖo ʋɔnudrɔ̃ƒewo anyi le Yerusalem hã eye wòda Levitɔwo, nunɔlawo, hlɔ̃wo ƒe tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe wo nu.
9 저희에게 명하여 가로되 `너희는 여호와를 경외하고 충의와 성심으로 이 일을 행하라!
Nu siwo wòɖo na wo be woawɔ la woe nye, “Ele be miawɔ nu sia nu ɣe sia ɣi le mawuvɔvɔ̃ me kple nuteƒewɔdziwo.
10 무릇 어느 성읍에 거한 너희 형제가 혹 피를 흘림이나 혹 율법이나 계명이나 율례나 규례를 인하여 너희에게 와서 송사하거든 저희를 경계하여 여호와께 죄를 얻지 않게 하여 너희와 너희 형제에게 진노하심이 임하지 말게 하라 너희가 이렇게 행하면 죄가 없으리라
Ne ʋɔnudrɔ̃lawo tsɔ nyawo tso duta va mia gbɔ la, nenye amewunya alo Mawu ƒe sewo dometɔ aɖe dzi dada la, ele be miabu ɖaseɖiɖiwo ŋu nyuie eye miakpe ɖe ʋɔnudrɔ̃la siwo tso duta ŋu be, woatso afia dzɔdzɔe ne Mawu ƒe dɔmedzoe nagabi ɖe miawo kple woawo siaa ŋu o. Ne miewɔ alea la, ekema miawɔ miaƒe dɔdeasiwo nyuie.”
11 여호와께 속한 모든 일에는 대제사장 아마랴가 너희를 다스리고 왕에게 속한 모든 일은 유다 지파의 어른 이스마엘의 아들 스바댜가 다스리고 레위 사람들은 너희 앞에 관리가 되리라 너희는 힘써 행하라! 여호와께서 선한 자와 함께하실지로다' 하니라
Etsɔ nunɔlagã Amaria ɖo ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si drɔ̃a mawuvɔ̃nyawo nu; etsɔ Zebadia, Ismael ƒe vi, ɖo dziɖula le Yuda be wòakpɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si drɔ̃a dukɔmenyawo dzi eye wòna be Levitɔwo nakpe ɖe wo ŋu. Eƒe nya mamlɛtɔ na woe nye, “Migavɔ̃ le miaƒe tenɔnɔ ɖe nyateƒe la nu kple nuteƒewɔwɔ me o. Yehowa nato mia dzi aʋli fɔmaɖilawo ta.”

< 역대하 19 >