< イザヤ書 3 >

1 みよ主ばんぐんのヱホバ、ヱルサレムおよびユダの頼むところ倚ところなる凡てその頼むところの糧すべてその頼むところの水
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, aɖo asi Yerusalem kple Yuda ƒe nuɖuɖu kple tsi ƒe kpɔtsoƒewo kple dzikpɔkpɔ dzi. Aɖo asi nuɖuɖu kple tsinono siwo katã wònaa wo la dzi.
2 勇士 戰士 審士 預言者 卜筮者 長老
Aɖo asi eƒe kalẽtɔwo kple aʋawɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple nyagblɔɖilawo, afakalawo kple dumegãwo,
3 五十人の首 貴顯者 議官 藝に長たる者および言語たくみなるものを除去りたまはん
ame blaatɔ̃wo: ƒe amegãwo, amegã bubuwo, aɖaŋudelawo, aɖaŋudɔwɔlawo kple gbesalawo dzi.
4 われ童子をもてかれらの君とし 嬰兒にかれらを治めしめん
Matsɔ ɖeviwo awɔ woƒe amegãwoe, eye ɖevi suewo anye wo dzi ɖulawo.
5 民たがひに相虐げ 人おのおのその隣をしヘたげ 童子は老たる者にむかひて高ぶり 賤しきものは貴きものに對ひてたかぶらん
Amewo ate wo nɔewo ɖe to, ŋutsu atso ɖe ŋutsu ŋu, aƒelika ɖe aƒelika ŋu, sɔhɛwo atso ɖe ame tsitsiwo ŋu, eye yakamewo atso ɖe bubumewo ŋu.
6 そのとき人ちちの家にて兄弟にすがりていはん 汝なほ衣ありわれらの有司となりてこの荒敗をその手にてをさめよと
Ŋutsu alé nɔvia ŋutsu le fofoa ƒe aƒe me agblɔ be, “Wò ya avɔ le ŋuwò, nye mia kplɔla ne nàkpɔ aƒe gbagbã sia dzi.”
7 その日かれ聲をあげていはん 我なんぢらを愈すものとなるを得じ わが家に糧なくまた衣なし 我をたてて民の有司とすることなかれと
Le ŋkeke ma me la, aɖo eŋu na wo be, “Ŋutete mele ŋunye o, nuɖuɖu alo nutata mele nye aƒe me o, eya ta migawɔm ame siawo kplɔlae o.”
8 是かれらの舌と行爲とはみなヱホバにそむきてその榮光の目ををかししが故に ヱルサレムは敗れユダは仆れたればなり
Yerusalem le mumum sɔgɔsɔgɔ, Yuda le anyi dzem. Woƒe nyawo kple woƒe nuwɔwɔ tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Wogbe eƒe ŋutikɔkɔe ƒe amegbɔnɔnɔ.
9 かれらの面色はその惡きことの證をなし ソドムのごとくその罪をあらはして隱すことをせざるなり かれらの靈魂はわざはひなるかな自らその惡の報をとれり
Woɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖe go abe Sodom ene, eye womeɣla wo o. Baba na wo! Wohe gbegblẽ va wo ɖokuiwo dzi.
10 なんぢら義人にいへ かならず福祉をうけんと 彼等はそのおこなひの實をくらふべければなり
Gblɔe na dzɔdzɔetɔwo be nuwo adze edzi na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetsewo.
11 惡者はわざはひなる哉かならず災禍をうけん その手の報きたるべければなり
Baba na ame vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ ava wo dzi. Woaxe nu siwo woƒe asiwo wɔ la ƒe fetu na wo.
12 わが民はをさなごに虐げられ婦女にをさめらる 唉わが民よなんぢを導くものは反てなんぢを迷はせ汝のゆくべき途を絶つ
Sɔhɛwo te nye amewo ɖe to, eye nyɔnuwo nye woƒe dziɖulawo. O! Nye amewo, mia kplɔlawo kplɔ mi trae, wote mi ɖa le mɔ la dzi.
13 ヱホバ立いでて公理をのべ起てもろもろの民を審判し給ふ
Yehowa nɔ anyi ɖe enɔƒe le ʋɔnu. Etso be wòadrɔ̃ ʋɔnu ameawo.
14 ヱホバ來りておのが民の長老ともろもろの君とをさばきて言給はん なんぢらは葡萄園をくひあらせり貧きものより掠めとりたる物はなんぢらの家にあり
Yehowa bu fɔ eƒe amewo, eƒe dumegãwo kple kplɔlawo be, “Miawoe tsrɔ̃ nye waingble. Mieli kɔ nu siwo mieha le ame dahewo si la ɖe miaƒe aƒewo me.
15 いかなれば汝等わが民をふみにじり貧きものの面をすりくだくやと これ主萬軍のヱホバのみことばなり
Nu ka gblɔm miele esi miegbã nye amewo, eye mieto mo na ame dahewo nyanyanya?” Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
16 ヱホバまた言給はくシォンの女輩はおごり項をのばしてあるき眼にて媚をおくり徐々としてあゆみゆくその足にはりんりんと音あり
“Zion nyɔnuwo dana, wolia kɔ ganɛ hafi nɔa zɔzɔm. Woɖoa ahĩamo, nɔa zɔzɔm, nɔa ble nyem xatsɛxatsɛ, eye gavi siwo le woƒe afɔkɔe la nɔa ɖiɖim gliŋgliŋgliŋ.
17 このゆゑに主シオンのむすめらの頭をかぶろにしヱホバ彼らの醜所をあらはし給はん
Eya ta Aƒetɔ Yehowa ana be Zion nyɔnuwo ƒe ta nabebe kple abi, Yehowa ana be ta nakpa na wo.”
18 その日主かれらが足にかざれる美はしき釧をとり 瓔珞 半月飾
Le ŋkeke ma dzi la, Aƒetɔ aɖe woƒe atsyɔ̃ɖonuwo ɖa le wo ŋu: aɖe alɔnugɛwo, tablanuwo, kɔga nyuiwo,
19 耳環 手釧 面帕
aɖe togɛwo, alɔnugɛwo kple motsyɔnuwo ɖa.
20 華冠 脛飾 紳 香盒 符嚢
Aɖe tablanuwo, klodzonuwo, dɔmeblanuwo, amiʋeʋĩtukpawo, sebewo,
21 指環 鼻環
ŋkɔsigɛwo kple ŋɔtigɛwo ɖa.
22 公服 上衣 外帔 金嚢
Aɖe awu ʋlaya nyuiwo, kukuwo, vuvɔmewuwo, akplowo;
23 鏡 細布の衣 首帕 被衣などを取除きたまはん
ahuhɔ̃ewo, aklala biɖibiɖi ƒe awuwo, agowuwo kple sedawuwo ɖa.
24 而して馨はしき香はかはりて臭穣となり 紳はかはりて繩となり 美はしく編たる髪はかぶろとなり華かなる衣はかはりて麁布のころもとなり 麗顔はかはりて烙鐵せられたる痕とならん
Be woanɔ ʋeʋẽm lĩlĩlĩ teƒe la, woaʋẽ kũu; adagbika axɔ ɖe alidziblanu nyui teƒe, tabebe axɔ ɖe ɖa ŋɔŋɔe ƒoƒo teƒe, akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya, nyui teƒe, eye ŋutilãléayi axɔ ɖe ŋutilã zɔzrɔ̃e teƒe.
25 なんぢの男はつるぎにたふれ なんぢの勇士はたたかひに仆るべし
Wò ŋutsuwo atsi yi nu, eye wò aʋawɔlawo atsi aʋa.
26 その門はなげきかなしみシオンは荒廢れて地にすわらん
Zion ƒe agbowo afa konyi, afa avi, anɔ anyi ɖe anyigba abe wɔnamanɔŋutɔ ene.

< イザヤ書 3 >