< 詩篇 85 >
1 聖歌隊の指揮者によってうたわせたコラの子の歌 主よ、あなたはみ国にめぐみを示し、ヤコブの繁栄を回復されました。
Korah ƒe viwo ƒe ha na hɛnɔ la. O! Yehowa, èɖe amenuveve fia wò anyigba; ègaɖo Yakob ƒe nunyonamewo te.
2 あなたはその民の不義をゆるし、彼らの罪をことごとくおおわれました。 (セラ)
Ètsɔ wò dukɔ la ƒe vodada kee, eye nètsyɔ nu woƒe nu vɔ̃wo katã dzi. (Sela)
3 あなたはすべての怒りを捨て、激しい憤りを遠ざけられました。
Èɖe asi le wò dzikudodo helĩhelĩ ŋuti eye nèdzudzɔ dɔmedzoe kaɖikaɖi dodo.
4 われらの救の神よ、われらを回復し、われらに対するあなたの憤りをおやめください。
O! Mawu, míaƒe Ɖela, gaɖo mí te, míaƒe nu meganɔ dzi kum na wò o.
5 あなたはとこしえにわれらを怒り、よろずよまで、あなたの怒りを延ばされるのですか。
Ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu ɖikaa? Ɖe nàdidi wò dɔmedzoe la wòazɔ ato dzidzimewo katã mea?
6 あなたの民が、あなたによって喜びを得るため、われらを再び生かされないのですか。
Màgagbɔ agbe mí, be wò dukɔ nàkpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò oa?
7 主よ、あなたのいつくしみをわれらに示し、あなたの救をわれらに与えてください。
O! Yehowa, ɖe wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la fia mí, eye nàna wò xɔname mí.
8 わたしは主なる神の語られることを聞きましょう。主はその民、その聖徒、ならびにその心を主に向ける者に、平和を語られるからです。
Maɖo to ase nya si Yehowa Mawu agblɔ; edo ŋutifafa ƒe ŋugbe na eƒe dukɔ, eƒe ame kɔkɔewo, gake ɖeko mègana woatrɔ ayi bometsitsi gbɔ o.
9 まことに、その救は神を恐れる者に近く、その栄光はわれらの国にとどまるでしょう。
Vavã eƒe ɖeɖe tsɔ ɖe ame siwo vɔ̃nɛ la gbɔ, ale be eƒe ŋutikɔkɔe nanɔ míaƒe anyigba dzi.
10 いつくしみと、まこととは共に会い、義と平和とは互に口づけし、
Lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ do go wo nɔewo, eye dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa gbugbɔ nu na wo nɔewo.
11 まことは地からはえ、義は天から見おろすでしょう。
Nuteƒewɔwɔ mie tso anyigba me, eye dzɔdzɔenyenye do mo ɖa kpɔ anyigba tso dziƒo.
12 主が良い物を与えられるので、われらの国はその産物を出し、
Yehowa ana nu si nyo la mí vavã, eye míaƒe anyigba atse eƒe ku.
13 義は主のみ前に行き、その足跡を道とするでしょう。
Dzɔdzɔenyenye le eŋgɔ, eye wòle mɔ tam na eƒe afɔtoƒewo.