< 詩篇 68 >

1 聖歌隊の指揮者によってうたわせたダビデの歌、さんび 神よ、立ちあがって、その敵を散らし、神を憎む者をみ前から逃げ去らせてください。
David ƒe ha na hɛnɔ la. Mawu tso, na wò futɔwo naka hlẽ, na wò ketɔwo nasi le nuwò.
2 煙の追いやられるように彼らを追いやり、ろうの火の前に溶けるように悪しき者を神の前に滅ぼしてください。
Gbɔ wo ɖa abe ale si ya gbɔa dzudzɔ dzonae ene. Abe ale si yɔkumi lolõna le dzo nu ene la, nenema ame vɔ̃ɖiwo atsrɔ̃e le Mawu ŋkume.
3 しかし正しい者を喜ばせ、神の前に喜び踊らせ、喜び楽しませてください。
Ke ame dzɔdzɔewo ya akpɔ dzidzɔ, atso aseye le Mawu ŋkume; na woakpɔ dzidzɔ, eye woatu aglo.
4 神にむかって歌え、そのみ名をほめうたえ。雲に乗られる者にむかって歌声をあげよ。その名は主、そのみ前に喜び踊れ。
Midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ, mido ame si le lilikpowo dzi gbɔna la ɖe dzi, eŋkɔe nye Yehowa, eye mitso aseye le eŋgɔ;
5 その聖なるすまいにおられる神はみなしごの父、やもめの保護者である。
eya ame si nye tɔ na tɔmanɔsitɔwo, ahosiwo ta ʋlila, eye wònye Mawu si le enɔƒe kɔkɔe la.
6 神は寄るべなき者に住むべき家を与え、めしゅうどを解いて幸福に導かれる。しかしそむく者はかわいた地に住む。
Mawu kplɔa ame siwo tsi akogo la dea ƒomewo me, enana ablɔɖe gamenɔlawo, eye wodzia dzidzɔhawo. Ke ame dzeaglãwo la, egblẽa wo ɖe kuɖiɖinyigba dzi.
7 神よ、あなたが民に先だち出て、荒野を進み行かれたとき、 (セラ)
O! Mawu, ne èdo dze wò dukɔ la ŋgɔ, hezɔ to gbegbe la, (Sela)
8 シナイの主なる神の前に、イスラエルの神なる神の前に、地は震い、天は雨を降らせました。
anyigba ʋuʋu, dziƒowo dza tsi bɔbɔbɔ le Mawu, si nɔ Sinai la ŋkume, le Mawu, Israel ƒe Mawu la ŋkume.
9 神よ、あなたは豊かな雨を降らせて、疲れ衰えたあなたの嗣業の地を回復され、
O! Mawu, èna tsi dza fũu, eye nèna wò domenyinu si nu ti kɔ na belibelibeli la gakpɔ ŋusẽ.
10 あなたの群れは、そのうちにすまいを得ました。神よ、あなたは恵みをもって貧しい者のために備えられました。
Mawu, wò amewo yi ɖanɔ edzi, eye tso wò nu gbogboawo me, èna nu ame dahewo.
11 主は命令を下される。おとずれを携えた女たちの大いなる群れは言う、
Aƒetɔ ɖe gbeƒã nya la, eye ameha gã aɖe do ɣli kplii be,
12 「もろもろの軍勢の王たちは逃げ去り、逃げ去った」と。家にとどまる女たちは獲物を分ける、
“Fiawo kple aʋakɔwo, misi kaba, elabena amewo le afunyinuwo ham le asaɖawo me.
13 たとい彼らは羊のおりの中にとどまるとも。はとの翼は、しろがねをもっておおわれ、その羽はきらめくこがねをもっておおわれる。
Esi miele alɔ̃ dɔm le lãkpowo dome la, wotsɔ klosalo fa ɖe nye ahɔnɛ ƒe aʋala ŋu, eye wotsɔ sika si le keklẽm la fa ɖe eƒe fuwo ŋuti.”
14 全能者がかしこで王たちを散らされたとき、ザルモンに雪が降った。
Esi Ŋusẽkatãtɔ la kaka anyigbadzifiawo hlẽ la, enɔ abe tsikpee dza ɖe Zalmɔn dzi ene.
15 神の山、バシャンの山、峰かさなる山、バシャンの山よ。
Basan towo ƒe dzedzeme kple kɔkɔme nya kpɔ ŋutɔ; to tsaklitsakliwo Basan toawo nye.
16 峰かさなるもろもろの山よ、何ゆえ神がすまいにと望まれた山をねたみ見るのか。まことに主はとこしえにそこに住まわれる。
O! To tsaklitsakliwo, nu ka ta mietsɔ ŋuʋaʋã ƒe ŋku le to si Mawu tia be wòanye yeƒe fiazikpui ƒe nɔƒe kple Yehowa ŋutɔ ƒe nɔƒe tegbee la kpɔmii?
17 主は神のいくさ車幾千万をもって、シナイから聖所に来られた。
Mawu ƒe tasiaɖamwo nye akpe nanewo kple akpe teƒe akpewo; Aƒetɔ la tso Sinai va ɖo eƒe teƒe kɔkɔe la.
18 あなたはとりこを率い、人々のうちから、またそむく者のうちから贈り物をうけて、高い山に登られた。主なる神がそこに住まわれるためである。
Esi nèlia yi dzi la, ètɔ ka aboyomewo hekplɔ dzoe, èxɔ nunana tso amewo gbɔ, tso aglãdzelawo gɔ̃ hã gbɔ, be wò, O! Yehowa Mawu, àte ŋu anɔ afi ma.
19 日々にわれらの荷を負われる主はほむべきかな。神はわれらの救である。 (セラ)
Kafukafu woana Aƒetɔ, Mawu míaƒe Ɖela, ame si tsɔa míaƒe agbawo gbe sia gbe. (Sela)
20 われらの神は救の神である。死からのがれ得るのは主なる神による。
Míaƒe Mawu nye Mawu si xɔna na ame; ɖeɖe tso ku me vana to Aƒetɔ Yehowa ko dzi.
21 神はその敵のこうべを打ち砕き、おのがとがの中に歩む者の毛深い頭のいただきを打ち砕かれる。
Vavã, Mawu agbã ta na eƒe futɔwo kple dzodome na ame siwo gale woƒe nu vɔ̃wo dzi yim.
22 主は言われた、「わたしはバシャンから彼らを携え帰り、海の深い所から彼らを携え帰る。
Aƒetɔ la gblɔ be, “Makplɔ wo vɛ tso Basan; makplɔ wo ado goe tso atsiaƒu ƒe gogloƒe ke,
23 あなたはその足を彼らの血に浸し、あなたの犬の舌はその分け前を敵から得るであろう」と。
be nàklɔ afɔ ɖe wò futɔwo ƒe ʋu me, eye wò avuwo ƒe aɖewo hã nakpɔ wo tɔ gome.”
24 神よ、人々はあなたのこうごうしい行列を見た。わが神、わが王の、聖所に進み行かれるのを見た。
O! Mawu, wole míaƒe azɔlime kpɔm, wole ale si nye Mawu kple fianye zɔ ge ɖe kɔkɔeƒe lae la kpɔm.
25 歌う者は前に行き、琴をひく者はあとになり、おとめらはその間にあって手鼓を打って言う、
Woɖo ɖe fli me, hadzilawo le ŋgɔgbe, hafialawo ɖo, eye ɖetugbi siwo le axatsɛ ƒom la tsɔ wo ɖe dome.
26 「大いなる集会で神をほめよ。イスラエルの源から出た者よ、主をほめまつれ」と。
Mikafu Mawu le ameha gã la dome. Mikafu Yehowa le Israelviwo ƒe takpekpe me.
27 そこに彼らを導く年若いベニヤミンがおり、その群れの中にユダの君たちがおり、ゼブルンの君たち、ナフタリの君たちがいる。
Kpɔ ɖa, Benyamin ƒe to si nye suetɔ lae le ŋgɔ na wo, Yuda ƒe dumegã gbogboawo le afi ma, eye Zebulon kple Naftali ƒe amegãwo hã le afi ma.
28 神よ、あなたの大能を奮い起してください。われらのために事をなされた神よ、あなたの力をお示しください。
O! Mawu, yɔ wò ŋusẽ vɛ; O! Mawu, ɖe wò ŋusẽ fia mí abe tsã ene.
29 エルサレムにあるあなたの宮のために、王たちはあなたに贈り物をささげるでしょう。
Le wò Yerusalem gbedoxɔ ta la, fiawo atsɔ nunanawo vɛ na wò.
30 葦の中に住む獣、もろもろの民の子牛を率いる雄牛の群れをいましめてください。みつぎ物をむさぼる者たちを足の下に踏みつけ、戦いを好むもろもろの民を散らしてください。
Blu ɖe lã wɔadã siwo le aƒlawo me kple nyitsuwo ƒe ha siwo le dukɔwo ƒe nyiviwo dome la ta. Netsɔ klosalokɔ gãwo vɛ le ɖokuibɔbɔ me. Kaka dukɔ siwo aʋawɔwɔ doa dzidzɔ na.
31 青銅をエジプトから持ちきたらせ、エチオピヤには急いでその手を神に伸べさせてください。
Ame dɔdɔwo atso Egipte ava, eye Kus abɔbɔ eɖokui ɖe Mawu te.
32 地のもろもろの国よ、神にむかって歌え、主をほめうたえ。 (セラ)
O! Mi anyigbadzifiaɖuƒewo, midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na Aƒetɔ la, (Sela)
33 いにしえからの天の天に乗られる主にむかってほめうたえ。見よ、主はみ声を出し、力あるみ声を出される。
Eya ame si nɔ blemalilikpowo dzi, eye wòɖe gbe kple gbe sesẽ aɖe.
34 力を神に帰せよ。その威光はイスラエルの上にあり、その力は雲の中にある。
Miɖe gbeƒã Mawu ƒe ŋusẽ, ame si ƒe atsyɔ̃ le Israel dzi, eye eƒe ŋusẽ le dziŋgɔli ŋu.
35 神はその聖所で恐るべく、イスラエルの神はその民に力と勢いとを与えられる。神はほむべきかな。
O! Mawu, ŋɔdzi le ŋuwò le wò kɔkɔeƒe la; Israel ƒe Mawu la na ŋusẽ kple ŋutete eƒe dukɔ la. Woakafu Mawu!

< 詩篇 68 >