< 詩篇 48 >

1 コラの子の歌、さんび 主は大いなる神であって、われらの神の都、その聖なる山で、大いにほめたたえらるべき方である。
Korah ƒe viwo ƒe ha. Yehowa lolo, eye eya koe dze kafukafu le míaƒe Mawu la ƒe du me, le eƒe to kɔkɔe la dzi.
2 シオンの山は北の端が高くて、うるわしく、全地の喜びであり、大いなる王の都である。
Zion to la kɔkɔ henya kpɔ ale gbegbe, eye wònye dzudzɔdonu na anyigba blibo la. Fia gã la ƒe du, si le abe Zafon to kɔkɔe la ene.
3 そのもろもろの殿のうちに神はみずからを高きやぐらとして現された。
Mawu le eƒe fiasãwo me, eye wòɖe eɖokui fia abe eƒe mɔ sesẽ ene.
4 見よ、王らは相会して共に進んできたが、
Fiawo ƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu, hezɔ ɖe edzi ɖekae,
5 彼らは都を見るや驚き、あわてふためき、急ぎ逃げ去った。
ke esi wokpɔe la, woƒe nu ku, ŋɔdzi lé wo eye wosi dzo.
6 おののきは彼らに臨み、その苦しみは産みの苦しみをする女のようであった。
Dzidzi ƒo wo, eye wose veve abe nyɔnu si le ku lém la ene.
7 あなたは東風を起してタルシシの舟を破られた。
Egbã wo gudugudu abe ale si ɣedzeƒeya gbã Tarsis tɔdziʋuwo ene.
8 さきにわれらが聞いたように、今われらは万軍の主の都、われらの神の都でこれを見ることができた。神はとこしえにこの都を堅くされる。 (セラ)
Abe ale si míese ene la, nenemae míekpɔe le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la kple míaƒe Mawu la ƒe du mee. Mawu na wòanɔ dedie tegbetegbe. (Sela)
9 神よ、われらはあなたの宮のうちであなたのいつくしみを思いました。
O! Mawu, míedea ŋugble le wò lɔlɔ̃ si meʋãna o la ŋu le wò gbedoxɔ me.
10 神よ、あなたの誉は、あなたのみ名のように、地のはてにまで及びます。あなたの右の手は勝利で満ちています。
O! Mawu, wò kafukafu de keke anyigba la ƒe mlɔenu ke abe wò ŋkɔ ene. Wò nuɖusi ɖua fia le dzɔdzɔenyenye me.
11 あなたのさばきのゆえに、シオンの山を喜ばせ、ユダの娘を楽しませてください。
Zion to kpɔ dzidzɔ, eye Yuda ƒe kɔƒewo le aseye tsom le wò afiatsotso ta.
12 シオンのまわりを歩き、あまねくめぐって、そのやぐらを数え、
Mizɔ Zion to la ŋu godoo, mizɔ ƒo xlãe, eye mixlẽ eƒe xɔ tsralawo,
13 その城壁に心をとめ、そのもろもろの殿をしらべよ。これはあなたがたが後の代に語り伝えるためである。
ne miakpɔ kpo si woƒo ɖe eƒe gliwo ŋu. Mikpɔ eƒe fiasãwo nyuie ne míatsɔe atu xoe na dzidzime si gbɔna,
14 これこそ神であり、世々かぎりなくわれらの神であって、とこしえにわれらを導かれるであろう。
elabena Mawu siae nye míaƒe Mawu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me; eyae anye mía kplɔla yi ɖase ɖe nuwuwu.

< 詩篇 48 >