< 詩篇 118 >

1 主に感謝せよ、主は恵みふかく、そのいつくしみはとこしえに絶えることがない。
Mida akpe ne Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.
2 イスラエルは言え、「そのいつくしみはとこしえに絶えることがない」と。
Israel negblɔ be; “Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.”
3 アロンの家は言え、「そのいつくしみはとこしえに絶えることがない」と。
Aron ƒe aƒe la negblɔ be; “Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.”
4 主をおそれる者は言え、「そのいつくしみはとこしえに絶えることがない」と。
Ame siwo vɔ̃a Yehowa la negblɔ be, “Eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa.”
5 わたしが悩みのなかから主を呼ぶと、主は答えて、わたしを広い所に置かれた。
Le nye vevesese me, medo ɣli yɔ Yehowa, etɔ nam, eye wòɖe gam.
6 主がわたしに味方されるので、恐れることはない。人はわたしに何をなし得ようか。
Yehowa li kplim, eya ta nyemavɔ̃ o. Nu ka amegbetɔ awɔm?
7 主はわたしに味方し、わたしを助けられるので、わたしを憎む者についての願いを見るであろう。
Yehowa li kplim, eyae nye nye xɔnametɔ. Makpɔ nye futɔwo ta ɖa le dziɖuɖu me.
8 主に寄り頼むは人にたよるよりも良い。
Enyo be woatsɔ Yehowa awɔ sitsoƒee wu, be woaɖo ŋu ɖe amegbetɔ ŋu.
9 主に寄り頼むはもろもろの君にたよるよりも良い。
Enyo be woatsɔ Yehowa awɔ sitsoƒee wu, be woaɖo ŋu ɖe dumegãwo ŋu.
10 もろもろの国民はわたしを囲んだ。わたしは主のみ名によって彼らを滅ぼす。
Dukɔwo katã ɖe to ɖem, gake le Yehowa ƒe ŋkɔ me, metsrɔ̃ wo katã.
11 彼らはわたしを囲んだ、わたしを囲んだ。わたしは主のみ名によって彼らを滅ぼす。
Woɖe to ɖem, gake le Yehowa ƒe ŋkɔ me, metsrɔ̃ wo katã.
12 彼らは蜂のようにわたしを囲み、いばらの火のように燃えたった。わたしは主のみ名によって彼らを滅ぼす。
Woƒo kɔ ɖe ŋunye abe anyiwo ene, gake wo nu va yi kaba abe ŋuvedzo ene; ɛ̃, Yehowa ƒe ŋkɔ mee metsrɔ̃ wo le.
13 わたしはひどく押されて倒れようとしたが、主はわたしを助けられた。
Wotu asim do ɖe megbe, eye medze anyi kloe, gake Yehowa xɔ nam.
14 主はわが力、わが歌であって、わが救となられた。
Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye ha, eye wòzu nye xɔname.
15 聞け、勝利の喜ばしい歌が正しい者の天幕にある。「主の右の手は勇ましいはたらきをなし、
Aseyetsotso kple dziɖuɣli le ɖiɖim le ame dzɔdzɔewo ƒe agbadɔ me be, “Yehowa ƒe nuɖusi wɔ nu dzɔatsuwo!
16 主の右の手は高くあがり、主の右の手は勇ましいはたらきをなす」。
Yehowa ƒe nuɖusi le dzi bobobo! Yehowa ƒe nuɖusi wɔ nu dzɔatsuwo!”
17 わたしは死ぬことなく、生きながらえて、主のみわざを物語るであろう。
Nyemaku o, ke boŋ manɔ agbe, eye maɖe gbeƒã nu siwo Yehowa wɔ.
18 主はいたくわたしを懲らされたが、死にはわたされなかった。
Yehowa he to nam vevie, gake metsɔm de asi na ku o.
19 わたしのために義の門を開け、わたしはその内にはいって、主に感謝しよう。
Miʋu dzɔdzɔenyenye ƒe agbowo nam, mage ɖe eme, eye mada akpe na Yehowa.
20 これは主の門である。正しい者はその内にはいるであろう。
Esiae nye Yehowa ƒe agbo, afi si dzɔdzɔetɔwo ato age ɖe eme.
21 わたしはあなたに感謝します。あなたがわたしに答えて、わが救となられたことを。
Mada akpe na wò, elabena èɖo tom, eye nèzu nye xɔname.
22 家造りらの捨てた石は隅のかしら石となった。
Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoedzikpe.
23 これは主のなされた事でわれらの目には驚くべき事である。
Yehowae wɔ esia, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkume.
24 これは主が設けられた日であって、われらはこの日に喜び楽しむであろう。
Esia nye ŋkeke si Yehowa wɔ, mina míakpɔ dzidzɔ, atso aseye le eme.
25 主よ、どうぞわれらをお救いください。主よ、どうぞわれらを栄えさせてください。
O! Yehowa, ɖe mí, o Yehowa, na wòadze edzi na mí dzro.
26 主のみ名によってはいる者はさいわいである。われらは主の家からあなたをたたえます。
Woayra ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Míeyra wò tso Yehowa ƒe aƒe me.
27 主は神であって、われらを照された。枝を携えて祭の行列を祭壇の角にまで進ませよ。
Yehowae nye Mawu, eye wòna eƒe kekeli klẽ ɖe mía dzi. Mitsɔ miaƒe atilɔwo ɖe asi ne miage ɖe ŋkekenyuiɖulawo ƒe hame ayi ɖe keke vɔsamlekpui la ƒe dzowo gbɔ.
28 あなたはわが神、わたしはあなたに感謝します。あなたはわが神、わたしはあなたをあがめます。
Wòe nye nye Mawu, eya ta mada akpe na wò; wòe nye nye Mawu, eya ta mado wò ɖe dzi.
29 主に感謝せよ、主は恵みふかく、そのいつくしみはとこしえに絶えることがない。
Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔ me nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li tegbetegbe.

< 詩篇 118 >