< 詩篇 109 >

1 聖歌隊の指揮者によってうたわせたダビデの歌 わたしのほめたたえる神よ、もださないでください。
David ƒe ha na hɛnɔ la. O! Mawu, wò ame si mekafu, mègazi ɖoɖoe o,
2 彼らは悪しき口と欺きの口をあけて、わたしにむかい、偽りの舌をもってわたしに語り、
elabena ame vɔ̃ɖiwo kple alakpatɔwo, ke woƒe nuwo ɖe ŋutinye, eye wogblɔ nya ɖe ŋunye kple alakpaɖewo.
3 恨みの言葉をもってわたしを囲み、ゆえなくわたしを攻めるのです。
Wotsɔ fulényawo ƒo xlãm; wotso ɖe ŋunye nanekemawɔmawɔe.
4 彼らはわが愛にむくいて、わたしを非難します。しかしわたしは彼らのために祈ります。
Wotsɔ fɔbubu nam ɖe nye lɔlɔ̃ teƒe, ke nye la, ame si doa gbe ɖa vevie lae menye.
5 彼らは悪をもってわが善に報い、恨みをもってわが愛に報いるのです。
Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam, eye wotsɔ fuléle ɖo nye lɔlɔ̃ teƒe.
6 彼の上に悪しき人を立て、訴える者に彼を訴えさせてください。
Tia ame vɔ̃ɖi aɖe wòatso ɖe eŋu; eye na amenutsola natsi tsitre ɖe eƒe nuɖusime.
7 彼がさばかれるとき、彼を罪ある者とし、その祈を罪に変えてください。
Ne wodrɔ̃ ʋɔnui la, woneɖe agɔdzedze nɛ, eye eƒe gbedodoɖawo nebu fɔe.
8 その日を少なくし、その財産をほかの人にとらせ、
Eƒe ŋkekewo nenɔ ʋɛ eye ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ.
9 その子らをみなしごにし、その妻をやもめにしてください。
Viawo nezu tsyɔ̃eviwo, eye srɔ̃a nezu ahosi.
10 その子らを放浪者として施しをこわせ、その荒れたすまいから追い出させてください。
Viawo nenɔ tsaglãla tsam, anɔ nu biam; wonenya wo do goe le woƒe aƒe gbagbãwo me.
11 彼が持っているすべての物を債主に奪わせ、その勤労の実をほかの人にかすめさせてください。
Fetɔ aɖe nexɔ eƒe nunɔmesiwo katã, eye amedzrowo neha nu siwo wòwɔ dɔ kpɔ.
12 彼にいつくしみを施す者はひとりもなく、またそのみなしごをあわれむ者もなく、
Ame aɖeke megave enu loo, alo akpɔ nublanui na eƒe tsyɔ̃eviwo o.
13 その子孫を絶えさせ、その名を次の代に消し去ってください。
Eƒe dzidzimeviwo netsrɔ̃, eye woaɖe woƒe ŋkɔwo ɖa le dzidzime si gbɔna la me.
14 その父たちの不義は主のみ前に覚えられ、その母の罪を消し去らないでください。
Woneɖo ŋku fofoawo ƒe vodadawo dzi le Yehowa ŋkume, eye womegatutu dadaa ƒe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o.
15 それらを常に主のみ前に置き、彼の記憶を地から断ってください。
Woƒe nu vɔ̃wo nenɔ Yehowa ŋkume ɖaa, ale be wòaɖe woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi,
16 これは彼がいつくしみを施すことを思わず、かえって貧しい者、乏しい者を責め、心の痛める者を殺そうとしたからです。
elabena mebu dɔmenyowɔwɔ ŋuti kpɔ o, ke boŋ eƒo hiãtɔ, ame dahe kple ame si ƒe dzi gbã la ƒu anyi woku.
17 彼はのろうことを好んだ。のろいを彼に臨ませてください。彼は恵むことを喜ばなかった。恵みを彼から遠ざけてください。
Elɔ̃a ɖiŋudodo, eya ta ɖiŋudodo neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi; amewo yayra medoa dzidzɔ nɛ o, eya ta yayra nete ɖa xaa tso eya ŋutɔ gbɔ.
18 彼はのろいを衣のように着た。のろいを水のようにその身にしみこませ、油のようにその骨にしみこませてください。
Etsɔ ɖiŋudodo do abe awu ene, wòge ɖe eƒe lãme abe tsi ene, eye wòɖo eƒe ƒuwo me abe ami ene,
19 またそれを自分の着る着物のようにならせ、常に締める帯のようにならせてください。
eya ta netae abe avɔ ene, eye nebla ali dzi nɛ abe alidziblaka ene tegbetegbe.
20 これがわたしを非難する者と、わたしに逆らって悪いことを言う者の主からうける報いとしてください。
Esia nenye fe si Yehowa axe na nunyetsolawo kple ame siwo gblɔa nya vɔ̃ ɖe ŋutinye.
21 しかし、わが主なる神よ、あなたはみ名のために、わたしを顧みてください。あなたのいつくしみの深きにより、わたしをお助けください。
Ke wò la, o Aƒetɔ Yehowa, wɔ nyui nam le wò ŋkɔ la ta, ɖem le wò lɔlɔ̃ si wɔa nyui la ta,
22 わたしは貧しく、かつ乏しいのです。わたしの心はわがうちに傷ついています。
elabena hiãtɔ kple ame dahe menye, eye nye dzi xɔ abi le menye.
23 わたしは夕日の影のように去りゆき、いなごのように追い払われます。
Nunye yi abe vɔvɔli le fiẽ me ene eye woʋuʋum abe ʋetsuvi ene.
24 わたしのひざは断食によってよろめき、わたしの肉はやせ衰え、
Le nutsitsidɔ ta la, nye klowo zu belie, eye meɖi ku glaglaglã.
25 わたしは彼らにそしられる者となりました。彼らはわたしを見ると、頭を振ります。
Mezu alɔmeɖenu na nunyetsolawo, eye woʋuʋua ta ne wokpɔm.
26 わが神、主よ、わたしをお助けください。あなたのいつくしみにしたがって、わたしをお救いください。
O! Yehowa, nye Mawu, kpe ɖe ŋunye, ɖem le wò lɔlɔ̃ la ta.
27 主よ、これがあなたのみ手のわざであること、あなたがそれをなされたことを、彼らに知らせてください。
O! Yehowa, wonenya be to wò asi dzie nèwɔ esia.
28 彼らはのろうけれども、あなたは祝福されます。わたしを攻める者をはずかしめ、あなたのしもべを喜ばせてください。
Woaƒo fi ade ame, ke wò la àyra ame, ne wotso ɖe ŋunye la, ŋu akpe wo, ke wò dɔla ya atso aseye.
29 わたしを非難する者にはずかしめを着せ、おのが恥を上着のようにまとわせてください。
Nunyetsolawo ado vlododo abe awu ene, eye wòata ŋukpe abe avɔ ene.
30 わたしはわが口をもって大いに主に感謝し、多くの人のなかで主をほめたたえます。
Matsɔ nye nu ado Yehowa ɖe dzi, eye le ameha gã la dome, makafui,
31 主は貧しい者の右に立って、死罪にさだめようとする者から彼を救われるからです。
elabena etsi tsitre ɖe hiãtɔ la ƒe nuɖusime, be yeaɖe eƒe agbe tso ame siwo bu fɔ̃e la ƒe asi me.

< 詩篇 109 >