< 箴言 知恵の泉 10 >

1 ソロモンの箴言。知恵ある子は父を喜ばせ、愚かな子は母の悲しみとなる。
Solomo ƒe lododowo: Ɖevi si nya nu la nana fofoa kpɔa dzidzɔ, ke ɖevi si tsi bome la hea nuxaxa vɛ na dadaa.
2 不義の宝は益なく、正義は人を救い出して、死を免れさせる。
Kesinɔnu si wokpɔ to mɔ fitifitiwo dzi la menye viɖe aɖeke o, gake dzɔdzɔnyenye ɖea ame tso ku me.
3 主は正しい人を飢えさせず、悪しき者の欲望をくじかれる。
Yehowa menaa dɔ wua ame dzɔdzɔewo o, ke egblẽa ame vɔ̃ɖiwo ƒe didiwo me.
4 手を動かすことを怠る者は貧しくなり、勤め働く者の手は富を得る。
Asi si wɔa kuvia la nana ame ɖoa ko gake asi si doa vevi nu la hea kesinɔnu vɛ.
5 夏のうちに集める者は賢い子であり、刈入れの時に眠る者は恥をきたらせる子である。
Ame si ƒoa nukuwo nu ƒu le dzomeŋɔli la nye vi nyanu, ke ame si dɔa alɔ̃ le nuŋeɣi la, vi ŋukpenuwɔlae.
6 正しい者のこうべには祝福があり、悪しき者の口は暴虐を隠す。
Yayra anye fiakuku anɔ ame dzɔdzɔe ƒe ta ke ŋutasesẽ yɔa ame vɔ̃ ƒe nu me.
7 正しい者の名はほめられ、悪しき者の名は朽ちる。
Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe dzi anye yayra, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋkɔ aƒaƒã.
8 心のさとき者は戒めを受ける、むだ口をたたく愚かな者は滅ぼされる。
Ame si nunya le dzi me na la xɔa sededewo, ke bometsila, nukpoloeƒola, atsrɔ̃.
9 まっすぐに歩む者の歩みは安全である、しかし、その道を曲げる者は災にあう。
Ame si ŋu fɔɖiɖi mele o la zɔna le dedinɔnɔ me, ke asi atu ame si toa mɔ gɔglɔ̃wo dzi.
10 目で、めくばせする者は憂いをおこし、あからさまに、戒める者は平和をきたらせる。
Ame si tea ŋku ɖe ame kple dziku la hea nuxaxa vɛ, eye bometsila, nukpoloeƒola, atsrɔ̃.
11 正しい者の口は命の泉である、悪しき者の口は暴虐を隠す。
Ame dzɔdzɔe ƒe nu nye agbevudo, ke ŋutasesẽ yɔa ame vɔ̃ɖi ƒe nu me.
12 憎しみは、争いを起し、愛はすべてのとがをおおう。
Fuléle hea mama vɛ, gake lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi.
13 さとき者のくちびるには知恵があり、知恵のない者の背にはむちがある。
Nunya le nugɔmeselawo ƒe nuyi dzi, ke ameƒoti adze dzime na numanyalawo.
14 知恵ある者は知識をたくわえる、愚かな者のむだ口は、今にも滅びをきたらせる。
Nunyalawo dzraa gɔmesese ɖo, ke bometsila ƒe nu hea gbegblẽ vɛ.
15 富める者の宝は、その堅き城であり、貧しい者の乏しきは、その滅びである。
Kesinɔtɔwo ƒe kesinɔnuwo nye du si ŋu wotɔ glikpɔ sesẽ ɖo, ke hiãtɔwo ƒe ahedada nye woƒe gbegblẽ.
16 正しい者の受ける賃銀は命に導き、悪しき者の利得は罪に至る。
Ame dzɔdzɔe ƒe dɔwɔfetu hea agbe vɛ nɛ, gake ame vɔ̃ɖi ƒe viɖe hea tohehe vɛ nɛ.
17 教訓を守る者は命の道にあり、懲しめを捨てる者は道をふみ迷う。
Ame si ɖo to amehehe la le agbemɔ fiam gake ame si gbea ɖɔɖɔɖo la kplɔa ame bubuwo tranae.
18 憎しみを隠す者には偽りのくちびるがあり、そしりを口に出す者は愚かな者である。
Ame si ɣla fuléle ɖe eƒe dzi me la, alakpanuyi le esi eye ame si nɔa ame ŋu gblẽm la, bometsilae.
19 言葉が多ければ、とがを免れない、自分のくちびるを制する者は知恵がある。
Afi si nya geɖe le la, nu vɔ̃ megbea afi ma nɔnɔ o, ke ame si lé eƒe aɖe la, nunyalae.
20 正しい者の舌は精銀である、悪しき者の心は価値が少ない。
Ame dzɔdzɔe ƒe aɖe le abe klosalo nyuitɔ ene, ke viɖe mele ame vɔ̃ɖi ƒe dzi ŋu o.
21 正しい者のくちびるは多くの人を養い、愚かな者は知恵がなくて死ぬ。
Ame dzɔdzɔe ƒe nuyi hea nunyiame vɛ na ame geɖewo, gake bometsilawo kuna le simadzemadze ta.
22 主の祝福は人を富ませる、主はこれになんの悲しみをも加えない。
Yehowa ƒe yayra hea kesinɔnu vɛ, eye metsɔa fukpekpe aɖeke kpena ɖe eŋu o.
23 愚かな者は、戯れ事のように悪を行う、さとき人には賢い行いが楽しみである。
Bometsila kpɔa dzidzɔ le nu tovo wɔwɔ ŋu, ke ame si sea nu gɔme la, nunyae nye eƒe dzidzɔ.
24 悪しき者の恐れることは自分に来り、正しい者の願うことは与えられる。
Nu si vɔ̃m ame vɔ̃ɖi le lae ava tui, ke nu si dim dzɔdzɔetɔ le la, eyae woanae.
25 あらしが通りすぎる時、悪しき者は、もはや、いなくなり、正しい者は永久に堅く立てられる。
Ne ahomya ƒo va yi la, ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, ke ame dzɔdzɔe ya anɔ te sesĩe ɖaa.
26 なまけ者は、これをつかわす者にとっては、酢が歯をいため、煙が目を悩ますようなものだ。
Abe ale si aha tsitsi nɔna na aɖu eye dzudzɔ nɔna na ŋku ene la, nenema kuviatɔ le na ame siwo dɔ dɔe.
27 主を恐れることは人の命の日を多くする、悪しき者の年は縮められる。
Yehowavɔvɔ̃ nana agbe didina. Ke ame vɔ̃ɖi ƒe agbenɔƒewo le kpuie.
28 正しい者の望みは喜びに終り、悪しき者の望みは絶える。
Ame dzɔdzɔe ƒe viɖee nye dzidzɔ gake ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ zua dzodzro.
29 主は、まっすぐに歩む者には城であり、悪を行う者には滅びである。
Yehowa ƒe mɔ nye sitsoƒe na ame dzɔdzɔe, ke enye gbegblẽ na nu tovo wɔlawo.
30 正しい者はいつまでも動かされることはない、悪しき者は、地に住むことができない。
Womaho ame dzɔdzɔe la akpɔ gbeɖe o gake ame vɔ̃ɖi ya manɔ anyigba la dzi o.
31 正しい者の口は知恵をいだし、偽りの舌は抜かれる。
Nunya dona tso dzɔdzɔetɔ la ƒe nu me, gake woalã alakpaɖe la ɖa.
32 正しい者のくちびるは喜ばるべきことをわきまえ、悪しき者の口は偽りを語る。
Ame dzɔdzɔe ƒe nuyiwo nya nya dzeto gbɔgblɔ, gake ame vɔ̃ɖi ƒe nu gblɔa nya tovowo.

< 箴言 知恵の泉 10 >