< 民数記 21 >

1 時にネゲブに住んでいたカナンびとアラデの王は、イスラエルがアタリムの道をとおって来ると聞いて、イスラエルを攻撃し、そのうちの数人を捕虜にした。
Arad fia, tso Kanaanyigba dzi ƒe ŋkutsalawo to mɔ ɖeka kple Israelviwo. Esi Arad fia se be Israelviwo to Atarim mɔ gbɔna la, eho aʋa ɖe Israelviwo ŋu, eye wòɖe aboyo woƒe ame aɖewo.
2 そこでイスラエルは主に誓いを立てて言った、「もし、あなたがこの民をわたしの手にわたしてくださるならば、わたしはその町々をことごとく滅ぼしましょう」。
Israelviwo ɖe adzɔgbe na Yehowa be, ne ana yewoaɖu Arad fia kple eƒe amewo dzi la, yewoagbã du siwo katã le afi ma la gudugudu.
3 主はイスラエルの言葉を聞きいれ、カナンびとをわたされたので、イスラエルはそのカナンびとと、その町々とをことごとく滅ぼした。それでその所の名はホルマと呼ばれた。
Yehowa se woƒe kokoƒoƒo, eye wòna woɖu Kanaantɔwo dzi. Israelviwo gbã woƒe duwo gudugudu. Wona ŋkɔ teƒe ma tso ɣe ma ɣi be, “Horma” si gɔmee nye “Afi si wogbã duwo le gudugudu.”
4 民はホル山から進み、紅海の道をとおって、エドムの地を回ろうとしたが、民はその道に堪えがたくなった。
Israelviwo trɔ yi Hor to la dzi, eye woɖo ta anyigbeme lɔƒo to mɔ si ɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ la dzi be yewoaƒo xlã Edomnyigba. Nu sia ɖe dzi le Israelviwo ƒo ŋutɔ.
5 民は神とモーセとにむかい、つぶやいて言った、「あなたがたはなぜわたしたちをエジプトから導き上って、荒野で死なせようとするのですか。ここには食物もなく、水もありません。わたしたちはこの粗悪な食物はいやになりました」。
Wode asi liʋĩliʋĩlilĩ me ɖe Mawu kple Mose ŋu be, “Nu ka ta miekplɔ mí dzoe le Egipte be míava ku ɖe gbedzi le afi sia? Naneke mele afi sia míaɖu o, tsi meli míano o, mana sia hã va ti mí azɔ.”
6 そこで主は、火のへびを民のうちに送られた。へびは民をかんだので、イスラエルの民のうち、多くのものが死んだ。
Ale Yehowa dɔ da vɔ̃ɖiwo ɖe Israelviwo dome woɖu ame geɖewo, eye woku.
7 民はモーセのもとに行って言った、「わたしたちは主にむかい、またあなたにむかい、つぶやいて罪を犯しました。どうぞへびをわたしたちから取り去られるように主に祈ってください」。モーセは民のために祈った。
Ameawo va Mose gbɔ hedo ɣli be, “Míewɔ nu vɔ̃, elabena míeƒo nu tsi tsitre ɖe wò kple Yehowa ŋu. Ɖe kuku na Yehowa na mí be wòaɖe dawo ɖa.” Ale Mose do gbe ɖa ɖe ameawo ta.
8 そこで主はモーセに言われた、「火のへびを造って、それをさおの上に掛けなさい。すべてのかまれた者が仰いで、それを見るならば生きるであろう」。
Yehowa gblɔ na Mose be, “Tsɔ akɔbli nàwɔ nu si aɖi da siawo dometɔ ɖeka la da ɖe ati tutu aɖe tame. Ame sia ame si da aɖu la, ne ekpɔ akɔblida la ko la, atsi agbe!”
9 モーセは青銅で一つのへびを造り、それをさおの上に掛けて置いた。すべてへびにかまれた者はその青銅のへびを仰いで見て生きた。
Ale Mose wɔ akɔblida la, eye wòkɔe tɔ ɖe ati si wotu la nu. Ne da ɖu ame aɖe, eye wòwu mo dzi kpɔ akɔblida la ko la, etsia agbe.
10 イスラエルの人々は道を進んでオボテに宿営した。
Israelviwo tso afi sia yi Obot. Woƒu asaɖa anyi ɖe afi ma.
11 またオボテから進んで東の方、モアブの前にある荒野において、イエアバリムに宿営した。
Tso Obot la, woyi Iye Abarim le gbedzi afi si te ɖe Moab ƒe ɣedzeƒe ŋu.
12 またそこから進んでゼレデの谷に宿営し、
Woƒu asaɖa anyi ɖe Zered tɔʋu la ƒe balime.
13 さらにそこから進んでアルノン川のかなたに宿営した。アルノン川はアモリびとの境から延び広がる荒野を流れるもので、モアブとアモリびととの間にあって、モアブの境をなしていた。
Wotso eme yi Arnon tɔsisi la ƒe akpa kemɛ si te ɖe Amoritɔwo ƒe liƒo ŋu. Arnon tɔsisi lae nye liƒo le Moabtɔwo kple Amoritɔwo dome.
14 それゆえに、「主の戦いの書」にこう言われている。「スパのワヘブ、アルノンの谷々、
Eya ta woŋlɔ ɖe Yehowa ƒe Aʋawɔwɔwo ƒe Agbalẽ la me be, Zahad le Sufa kple Arnon tɔsisi la,
15 谷々の斜面、アルの町まで傾き、モアブの境に寄りかかる」。
tɔʋu la me tsi, si ɖo ta Ar nutowo me eye wòdo liƒo na Moabtɔwo.
16 彼らはそこからベエルへ進んで行った。これは主がモーセにむかって、「民を集めよ。わたしはかれらに水を与えるであろう」と言われた井戸である。
Tso afi sia la, Israelviwo zɔ mɔ yi Beer. Ŋkɔ sia gɔmee nye “Vudo.” Afi siae Yehowa gblɔ na Mose le be, “Ƒo ameawo nu ƒu, eye mana tsi wo.”
17 その時イスラエルはこの歌をうたった。「井戸の水よ、わきあがれ、人々よ、この井戸のために歌え、
Israel dzi ha be, “Dzi tsi, O vudo! Midzi ha tso tsi la ŋu!
18 笏とつえとをもってつかさたちがこの井戸を掘り、民のおさたちがこれを掘った」。そして彼らは荒野からマッタナに進み、
Esiae nye vudo si amegãwo kple dukɔ la ƒe bubumewo tsɔ woƒe atikplɔwo kple woƒe atizɔtiwo ɖee la.” Wodzo le gbegbe la,
19 マッタナからナハリエルに、ナハリエルからバモテに、
eye woto Matana, Nahaliel kple Bamot,
20 バモテからモアブの野にある谷に行き、荒野を見おろすピスガの頂に着いた。
eye woyi balime si le Moab ƒe togbɛwo te, afi si gbegbe la kple Pisga to dzena le tso adzɔge.
21 ここでイスラエルはアモリびとの王シホンに使者をつかわして言わせた、
Azɔ la, Israelviwo ɖo ame dɔdɔwo ɖe Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia gbɔ.
22 「わたしにあなたの国を通らせてください。わたしたちは畑にもぶどう畑にも、はいりません。また井戸の水も飲みません。わたしたちはあなたの領地を通り過ぎるまで、ただ王の大路を通ります」。
Woɖe kuku na fia la be, “Na míato wò anyigba dzi ayi. Míadze ato agblewo alo wainbɔwo me o, eye míele vudometsi hã no ge o. Míale mɔ gã la tẽ va se ɖe esime míatso wò anyigba me ayi.”
23 しかし、シホンはイスラエルに自分の領地を通ることを許さなかった。そしてシホンは民をことごとく集め、荒野に出て、イスラエルを攻めようとし、ヤハズにきてイスラエルと戦った。
Fia Sixɔn gbe mɔɖeɖe na Israel be wòato eƒe anyigba dzi ayi o. Sixɔn ƒo eƒe aʋakɔ blibo la nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ŋu le gbedzi esi woɖo Yahaz.
24 イスラエルは、やいばで彼を撃ちやぶり、アルノンからヤボクまで彼の地を占領し、アンモンびとの境に及んだ。ヤゼルはアンモンびとの境だからである。
Israelviwo ɖu wo dzi, eye woxɔ woƒe anyigba tso Arnon tɔsisi la ŋu va se ɖe Yabok tɔsisi la ŋu, heyi ɖe Amonitɔwo ƒe liƒo dzi. Israelviwo megate ŋu yi ŋgɔ wu afi sia o, elabena Amoritɔwo, ame siwo nye Lot ƒe dzidzimeviwo la nye aʋawɔla sesẽwo.
25 こうしてイスラエルはこれらの町々をことごとく取った。そしてイスラエルはアモリびとのすべての町々に住み、ヘシボンとそれに附属するすべての村々にいた。
Israelviwo xɔ Amoritɔwo ƒe duwo katã, eye wonɔ wo me; Hesbon kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la hã nɔ eme.
26 ヘシボンはアモリびとの王シホンの都であって、シホンはモアブの以前の王と戦って、彼の地をアルノンまで、ことごとくその手から奪い取ったのである。
Hesbon nye Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia ƒe du. Sixɔn wɔ aʋa kple Moabtɔwo ƒe fia xoxo la, eye wòxɔ eƒe anyigba katã yi keke Arnon.
27 それゆえに歌にうたわれている。「人々よ、ヘシボンにきたれ、シホンの町を築き建てよ。
Eya ta hakpala la gblɔ be, “Va Hesbon, eye nàna woagbugbɔe atu, na woagbugbɔ Sixɔn ƒe du la aɖo te.
28 ヘシボンから火が燃え出し、シホンの都から炎が出て、モアブのアルを焼き尽し、アルノンの高地の君たちを滅ぼしたからだ。
“Elabena dzo do tso Hesbon, dzo ƒe aɖewo tso Sixɔn ƒe du me. Fia Moab ƒe Ar, Arnon ƒe todzitɔwo,
29 モアブよ、お前はわざわいなるかな、ケモシの民よ、お前は滅ぼされるであろう。彼は、むすこらを逃げ去らせ、娘らをアモリびとの王シホンの捕虜とならせた。
baba na wò, O Moab! Wotsrɔ̃ mi, Kemostɔwo! Ena via ŋutsuwo zu sisilawo, eye via nyɔnuwo zu aboyomewo na Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia.
30 彼らの子らは滅び去った、ヘシボンからデボンまで。われわれは荒した、火はついてメデバに及んだ」。
“Ke míawo míeɖu wo dzi wotsrɔ̃ Hesbon yi keke Dibon míegbã wo yi keke Nofa, yi kekeke Medeba.”
31 こうしてイスラエルはアモリびとの地に住んだが、
Ale Israelviwo nɔ Amoritɔwo ƒe anyigba dzi.
32 モーセはまた人をつかわしてヤゼルを探らせ、ついにその村々を取って、そこにいたアモリびとを追い出し、
Esime Mose ɖo ŋkutsalawo ɖe Yazer megbe la, Israelviwo xɔ du sue siwo ƒo xlãe, eye wonya Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la le woƒe anyigba la dzi.
33 転じてバシャンの道に上って行ったが、バシャンの王オグは、その民をことごとく率い、エデレイで戦おうとして出迎えた。
Le esia megbe la, wotrɔ ɖe Basab du la ŋu. Ke Ɔg, Basan fia, kpe aʋa kpli wo le Edrei.
34 主はモーセに言われた、「彼を恐れてはならない。わたしは彼とその民とその地とを、ことごとくあなたの手にわたす。あなたはヘシボンに住んでいたアモリびとの王シホンにしたように彼にもするであろう」。
Yehowa gblɔ na Mose be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia le Hesbon ene.”
35 そこで彼とその子とすべての民とを、ひとり残らず撃ち殺して、その地を占領した。
Eva eme nenema tututu. Israel ɖu dzi. Wowu Ɔg, Basan fia, via ŋutsuwo kple eteviwo ale gbegbe be aʋawɔlawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o. Ale Israelviwo xɔ anyigba la.

< 民数記 21 >