< 民数記 2 >

1 主はモーセとアロンに言われた、
Yehowa gade se bubuwo na Mose kple Aron be,
2 「イスラエルの人々は、おのおのその部隊の旗のもとに、その父祖の家の旗印にしたがって宿営しなければならない。また会見の幕屋のまわりに、それに向かって宿営しなければならない。
“Ele be agbadɔtuƒe, aflagati kple aflaga tɔxɛ nanɔ Israelviwo ƒe to ɖe sia ɖe si. Mawu ƒe Agbadɔ la nanɔ to vovovoawo ƒe agbadɔtuƒewo ƒe titina.”
3 すなわち、日の出る方、東に宿営するものは、ユダの宿営の旗につく者であって、その部隊にしたがって宿営し、アミナダブの子ナションが、ユダの子たちのつかさとなるであろう。
Yuda ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣedzeƒe gome. Yuda ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu,
4 その部隊、すなわち、数えられた者は七万四千六百人である。
ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaadre-vɔ-ene, alafa ade.
5 そのかたわらに宿営する者はイッサカルの部族で、ツアルの子ネタニエルが、イッサカルの子たちのつかさとなるであろう。
Isaka ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Isaka ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu,
6 その部隊、すなわち、数えられた者は五万四千四百人である。
ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-ene, alafa ene.
7 次はゼブルンの部族で、ヘロンの子エリアブが、ゼブルンの子たちのつかさとなるであろう。
Zebulon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe Isaka ƒe viwo xa. Zebulon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu,
8 その部隊、すなわち、数えられた者は五万七千四百人である。
ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ene.
9 ユダの宿営の、その部隊にしたがって数えられた者は、合わせて十八万六千四百人である。これらの者は、まっ先に進まなければならない。
Aʋawɔla siwo katã le Yuda ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-ade alafa ene. Ame siawoe atre hoho, ado ŋgɔ ɣe sia ɣi si Israelviwo aho ayi aɖaƒu asaɖa anyi ɖe teƒe bubu.
10 南の方では、ルベンの宿営の旗につく者が、その部隊にしたがっており、シデウルの子エリヅルが、ルベンの子たちのつかさとなるであろう。
Ruben ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le dziehe gome. Ruben ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Elizur, Sedeur ƒe vi,
11 その部隊、すなわち、数えられた者は四万六千五百人である。
ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ-ade, alafa atɔ̃.
12 そのかたわらに宿営する者はシメオンの部族で、ツリシャダイの子シルミエルが、シメオンの子たちのつかさとなるであろう。
Simeon ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Simeon ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu,
13 その部隊、すなわち、数えられた者は五万九千三百人である。
ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-asieke, alafa etɔ̃.
14 次はガドの部族で、デウエルの子エリアサフが、ガドの子たちのつかさとなるであろう。
Eye Gad ƒe to la nakpe ɖe wo ŋu. Gad ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu,
15 その部隊、すなわち、数えられた者は四万五千六百五十人である。
ame siwo ƒe aʋawɔlawo le akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ade blaatɔ̃.
16 ルベンの宿営の、その部隊にしたがって数えられた者は、合わせて十五万一千四百五十人である。これらの者は二番目に進まなければならない。
Aʋawɔla siwo katã le Ruben ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-ɖekɛ, alafa ene blaatɔ̃. Woawoe anye hatsotso evelia si akplɔ gbãtɔ ɖo ne Israelviwo ho gayi woƒe mɔzɔzɔ dzi.
17 その次に会見の幕屋を、レビびとの宿営とともに、もろもろの宿営の中央にして進まなければならない。彼らは宿営するのと同じように、おのおのその位置で、その旗にしたがって進まなければならない。
Emegbe la, Mawu ƒe Agbadɔ la kple Levi ƒe viwo ƒe asaɖa, si le asaɖa bubuawo titina la naho. Ale si woƒu asaɖa anyii la, nenema ŋu woaho ɖo; ame sia ame nanɔ eteƒe le eƒe aflaga gbɔ.
18 西の方では、エフライムの宿営の旗につく者が、その部隊にしたがっており、アミホデの子エリシャマが、エフライムの子たちのつかさとなるであろう。
Efraim ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣetoɖoƒe gome. Efraim ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Elisama, Amihud ƒe viŋutsu,
19 その部隊、すなわち、数えられた者は四万五百人である。
ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene alafa atɔ̃.
20 そのかたわらにマナセの部族がおって、パダヅルの子ガマリエルが、マナセの子たちのつかさとなるであろう。
Manase ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe wo xa. Manase ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu,
21 その部隊、すなわち、数えられた者は三万二千二百人である。
ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa eve.
22 次にベニヤミンの部族がおって、ギデオニの子アビダンが、ベニヤミンの子たちのつかさとなるであろう。
Eye Benyamin ƒe to la nakpe ɖe wo ŋu. Benyamin ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu,
23 その部隊、すなわち、数えられた者は三万五千四百人である。
ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃, alafa ene.
24 エフライムの宿営の、その部隊にしたがって数えられた者は、合わせて十万八千百人である。これらの者は三番目に進まなければならない。
Aʋawɔla, siwo katã le Efraim ƒe asaɖa me la le ame akpe alafa ɖeka kple enyi alafa ɖeka. Woawoe anye ha etɔ̃lia si aho.
25 北の方では、ダンの宿営の旗につく者が、その部隊にしたがっており、アミシャダイの子アヒエゼルが、ダンの子たちのつかさとなるであろう。
Dan ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le anyiehe lɔƒo. Dan ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu,
26 その部隊、すなわち、数えられた者は六万二千七百人である。
ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaade-vɔ-eve, alafa adre.
27 そのかたわらに宿営する者は、アセルの部族であって、オクランの子パギエルが、アセルの子たちのつかさとなるであろう。
Aser ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe Dan ƒe viwo xa. Aser ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Pagiel, Okran ƒe viŋutsu,
28 その部隊、すなわち、数えられた者は四万一千五百人である。
ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaene-vɔ-ɖekɛ, alafa atɔ̃.
29 次にナフタリの部族がおって、エナンの子アヒラが、ナフタリの子たちのつかさとなるであろう。
Eye Naftali ƒe to la akpe ɖe Aser ƒe viwo ŋu. Naftali ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu,
30 その部隊、すなわち、数えられた者は五万三千四百人である。
ame siwo ƒe aʋawɔlawo le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, alafa ene.
31 ダンの宿営の、数えられた者は合わせて十五万七千六百人である。これらの者はその旗にしたがって、最後に進まなければならない」。
Aʋawɔla, siwo katã le Dan ƒe asaɖa me la, le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃-vɔ-adre, alafa ade. Woawoe anye hatsotso mamlɛtɔ, si aho le woƒe aflagawo nu.
32 これがイスラエルの人々の、その父祖の家にしたがって数えられた人々である。もろもろの宿営の、その部隊にしたがって数えられた者は合わせて六十万三千五百五十人であった。
Esiawoe nye ame siwo wotia, xlẽ le Israelviwo dome le woƒe aƒewo nu. Aʋawɔla, siwo katã le asaɖa vovovoawo me la ƒe ƒuƒoƒo le ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ̃.
33 しかし、レビびとはイスラエルの人々のうちに数えられなかった。主がモーセに命じられたとおりである。
Ke wometia Levi ƒe viwo xlẽ kpe ɖe Israelvi bubuawo ŋu o, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.
34 イスラエルの人々は、すべて主がモーセに命じられたとおりに行い、その旗にしたがって宿営し、おのおのその氏族に従い、その父祖の家に従って進んだ。
Eye Israelviwo wɔ, abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Ale si woƒu asaɖa anyi la, nenema ŋu woho ɖo, ame sia ame kple eƒe ƒome le woƒe aƒewo nu.

< 民数記 2 >