< レビ記 18 >

1 主はまたモーセに言われた、
Yehowa gblɔ na Mose be,
2 「イスラエルの人々に言いなさい、『わたしはあなたがたの神、主である。
“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
3 あなたがたの住んでいたエジプトの国の習慣を見習ってはならない。またわたしがあなたがたを導き入れるカナンの国の習慣を見習ってはならない。また彼らの定めに歩んではならない。
Mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Egipte, afi si mienɔ la ene o. Nenema ke mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Kanaan, afi si mele mia kplɔm le yiyim la ene o. Migawɔ woƒe wɔnawo o.
4 わたしのおきてを行い、わたしの定めを守り、それに歩まなければならない。わたしはあなたがたの神、主である。
Ele be miawɔ nye sewo dzi, eye miakpɔ egbɔ be yewozɔ ɖe nye ɖoɖowo nu. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.
5 あなたがたはわたしの定めとわたしのおきてを守らなければならない。もし人が、これを行うならば、これによって生きるであろう。わたしは主である。
Milé nye ɖoɖowo kple nye sewo me ɖe asi, elabena ame si léa wo me ɖe asi la, anɔ agbe ɖe wo nu. Nyee nye Yehowa.
6 あなたがたは、だれも、その肉親の者に近づいて、これを犯してはならない。わたしは主である。
“‘Mia dometɔ aɖeke megadɔ kple eƒe ƒometɔ o, elabena nyee nye Yehowa.
7 あなたの母を犯してはならない。それはあなたの父をはずかしめることだからである。彼女はあなたの母であるから、これを犯してはならない。
“‘Vinyɔnu mekpɔ mɔ aɖe fofoa o. Nenema ke viŋutsu mekpɔ mɔ aɖe dadaa loo
8 あなたの父の妻を犯してはならない。それはあなたの父をはずかしめることだからである。
alo fofoa srɔ̃ bubuawo dometɔ aɖeke o.
9 あなたの姉妹、すなわちあなたの父の娘にせよ、母の娘にせよ、家に生れたのと、よそに生れたのとを問わず、これを犯してはならない。
“‘Gawu la, mekpɔ mɔ aɖe nɔvia nyɔnu, dadaa ƒe vinyɔnu alo fofoa ƒe vinyɔnu ne wodzi wo le aƒe ɖeka me loo alo le teƒe bubuwo o.
10 あなたのむすこの娘、あるいは、あなたの娘の娘を犯してはならない。それはあなた自身をはずかしめることだからである。
“‘Mègade asi wò tɔgbuiyɔvi nyɔnu si nye viwò ŋutsu ƒe vi alo viwò nyɔnu ƒe vi la ŋu o, elabena woƒe amamae nye wò hã tɔ.
11 あなたの父の妻があなたの父によって産んだ娘は、あなたの姉妹であるから、これを犯してはならない。
“‘Mègade asi fofowò srɔ̃ ƒe vinyɔnu ŋu o.
12 あなたの父の姉妹を犯してはならない。彼女はあなたの父の肉親だからである。
“‘Eye mègade asi fofowò nɔvinyɔnu hã ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple fofowò.
13 またあなたの母の姉妹を犯してはならない。彼女はあなたの母の肉親だからである。
“‘Mègade asi dawò nɔvinyɔnu ŋu o, elabena edo ƒome kplikplikpli kple dawò.
14 あなたの父の兄弟の妻を犯し、父の兄弟をはずかしめてはならない。彼女はあなたのおばだからである。
“‘Nenema ke, mègade asi fofowò nɔviŋutsu srɔ̃ ŋuti o, ne fofowò nɔviŋutsu ku alo le agbe o.
15 あなたの嫁を犯してはならない。彼女はあなたのむすこの妻であるから、これを犯してはならない。
“‘Mègade asi viwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o; wò ŋutɔ viwò srɔ̃e; megaɖe amae o.
16 あなたの兄弟の妻を犯してはならない。それはあなたの兄弟をはずかしめることだからである。
“‘Megade asi nɔviwò ŋutsu srɔ̃ ŋu o, elabena nɔviwò ŋutsu ƒe amae.
17 あなたは女とその娘とを一緒に犯してはならない。またその女のむすこの娘、またはその娘の娘を取って、これを犯してはならない。彼らはあなたの肉親であるから、これは悪事である。
“‘Mègade asi nyɔnu aɖe kple via nyɔnu alo mamayɔvia ŋu o, elabena nuwɔna ma nye vɔ̃ɖivɔ̃ɖi manyagblɔ aɖe.
18 あなたは妻のなお生きているうちにその姉妹を取って、同じく妻となし、これを犯してはならない。
“‘Mègaɖe nɔvinyɔnu eve o, ne menye nenema o la, woanɔ ŋui ɖom wo nɔewo. Gake ne srɔ̃wò ku la, àte ŋu aɖe nɔvia nyɔnu faa.
19 あなたは月のさわりの不浄にある女に近づいて、これを犯してはならない。
“‘Mègade asi nyɔnu si tsi gbɔto la ŋu o,
20 隣の妻と交わり、彼女によって身を汚してはならない。
“‘Megade asi hawòvi srɔ̃ ŋu, ale be màgblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò kple nyɔnu la siaa o.
21 あなたの子どもをモレクにささげてはならない。またあなたの神の名を汚してはならない。わたしは主である。
“‘Mègatsɔ viwò aɖeke na Molek o; atsɔe asa vɔe le eƒe vɔsamlekpui dzi. Mègaƒo ɖi wò Mawu ƒe ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa.
22 あなたは女と寝るように男と寝てはならない。これは憎むべきことである。
“‘Se sesẽ tsi tsitre ɖe ŋutsu kple ŋutsu ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ ŋuti, elabena enye nu vɔ̃ triakɔ le Mawu gbɔ.
23 あなたは獣と交わり、これによって身を汚してはならない。また女も獣の前に立って、これと交わってはならない。これは道にはずれたことである。
“‘Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ adɔ lãnɔ aɖeke gbɔ, eye wòaƒo ɖi eɖokui o. Nenema ke nyɔnu aɖeke mekpɔ mɔ alɔ̃ lãtsu aɖeke nayɔ asii o. Esia nye ŋukpenanu gã aɖe ŋutɔ.
24 あなたがたはこれらのもろもろの事によって身を汚してはならない。わたしがあなたがたの前から追い払う国々の人は、これらのもろもろの事によって汚れ、
“‘Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to mɔ siawo dometɔ aɖeke dzi o, elabena nu siawoe dukɔwo bubuwo wɔna. Esi wowɔa nu siawo ta la, manya wo ɖa le anyigba si dzi yim miele la dzi.
25 その地もまた汚れている。ゆえに、わたしはその悪のためにこれを罰し、その地もまたその住民を吐き出すのである。
Woƒo ɖi anyigba blibo la kple nuwɔna siawo, eya ta mele to hem na ame siwo le afi ma, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe.
26 ゆえに、あなたがたはわたしの定めとわたしのおきてを守り、これらのもろもろの憎むべき事の一つでも行ってはならない。国に生れた者も、あなたがたのうちに宿っている寄留者もそうである。
Ele be miazɔ ɖe nye sewo kple ɖoɖowo nu tututu, eye mele be miawɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ aɖeke o. Ele be Israelvi dzɔleaƒeawo kple amedzro siwo le mia dome siaa la nalé se siawo me ɖe asi sesĩe.
27 あなたがたの先にいたこの地の人々は、これらのもろもろの憎むべき事を行ったので、その地も汚れたからである。
Ɛ̃, ame siwo le anyigba si dzi mele mia kplɔm le yiyim dzi la wɔa nu vɔ̃ siawo madzudzɔmadzudzɔe ale gbegbe be anyigba blibo la gblẽ.
28 これは、あなたがたがこの地を汚して、この地があなたがたの先にいた民を吐き出したように、あなたがたをも吐き出すことのないためである。
Migawɔ nu siawo o. Ne miewɔ nu siawo la, anyigba la atu mi aƒu gbe abe ale si wòatu dukɔ siwo le afi ma fifia la aƒu gbe ene.
29 これらのもろもろの憎むべき事の一つでも行う者があれば、これを行う人は、だれでもその民のうちから断たれるであろう。
“‘Ame sia ame si awɔ ŋunyɔnu siawo dometɔ aɖe la, woaɖe ame ma ɖa le eƒe amewo dome.
30 それゆえに、あなたがたはわたしの言いつけを守り、先に行われたこれらの憎むべき風習の一つをも行ってはならない。またこれによって身を汚してはならない。わたしはあなたがたの神、主である』」。
Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, migadze kɔnu nyɔŋu siwo wowɔna hafi mieva la yome o, eye migatsɔ wo do gu mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’”

< レビ記 18 >