< 士師記 2 >

1 主の使がギルガルからボキムに上って言った、「わたしはあなたがたをエジプトから上らせて、あなたがたの先祖に誓った地に連れてきて、言った、『わたしはあなたと結んだ契約を決して破ることはない。
Gbe ɖeka la, Mawudɔla aɖe tso Gilgal yi Bokim eye wògblɔ na Israelviwo be, “Mekplɔ mi tso Egiptenyigba dzi va anyigba si ŋugbe medo na mia tɔgbuiwo la dzi. Megblɔ na mi bena, nyemagbe nubabla si mewɔ kpli mi la dzi wɔwɔ o,
2 あなたがたはこの国の住民と契約を結んではならない。彼らの祭壇をこぼたなければならない』と。しかし、あなたがたはわたしの命令に従わなかった。あなたがたは、なんということをしたのか。
ne miawɔ ɖeka kple ame siwo le anyigba sia dzi o. Megagblɔ na mi be, miagbã woƒe vɔsamlekpuiwo, ke nu ka ta mieɖo tom o?
3 それでわたしは言う、『わたしはあなたがたの前から彼らを追い払わないであろう。彼らはかえってあなたがたの敵となり、彼らの神々はあなたがたのわなとなるであろう』と」。
Esi miegbe míaƒe nubabla la dzi wɔwɔ ta la, nubabla la megabla nye hã o eya ta nyemagado ŋugbe be matsrɔ̃ dukɔ siwo le miaƒe anyigba dzi o, ke boŋ woanye ŋu anɔ axadame na mi eye woƒe mawuwo anye tetekpɔ na mi ɣe sia ɣi.”
4 主の使がこれらの言葉をイスラエルのすべての人々に告げたので、民は声をあげて泣いた。
Esi Israelviwo se nya sia la, wofa avi hoo.
5 それでその所の名をボキムと呼んだ。そして彼らはその所で主に犠牲をささげた。
Ale wona ŋkɔ teƒe ma be Bokim si gɔmee nye “Avifaƒe” eye wosa vɔ na Yehowa.
6 ヨシュアが民を去らせたので、イスラエルの人々はおのおのその領地へ行って土地を獲た。
Esi Yosua ɖe asi le dukɔa ŋu la, ame sia ame yi ɖe eƒe domenyinu si nye anyigba si wòxɔ la dzi.
7 民はヨシュアの在世中も、またヨシュアのあとに生き残った長老たち、すなわち主がかつてイスラエルのために行われたすべての大いなるわざを見た人々の在世中も主に仕えた。
Ameawo subɔ Yehowa le Yosua kple ametsitsi siwo nɔ agbe wòdidi wu Yosua la ƒe agbemeŋkekewo me eye wokpɔ nu dzɔatsu siwo katã Yehowa wɔ na Israel.
8 こうして主のしもべヌンの子ヨシュアは百十歳で死んだ。
Yosua, Nun ƒe vi, Yehowa ƒe dɔla ku esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo,
9 人々は彼をエフライムの山地のガアシ山の北のテムナテ・ヘレスにある彼の領地内に葬った。
eye woɖii ɖe anyigba si ƒe dome wònyi le Timnat Heres le Efraim ƒe tonyigba dzi le Gaas to la ƒe anyiehe.
10 そしてその時代の者もまたことごとくその先祖たちのもとにあつめられた。その後ほかの時代が起ったが、これは主を知らず、また主がイスラエルのために行われたわざをも知らなかった。
Mlɔeba la, dzidzime mawo katã ku. Dzidzime si kplɔ wo ɖo la menya Yehowa loo alo nu siwo wòwɔ na Israel o.
11 イスラエルの人々は主の前に悪を行い、もろもろのバアルに仕え、
Tete Israelviwo wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume eye wosubɔ Baalwo.
12 かつてエジプトの地から彼らを導き出された先祖たちの神、主を捨てて、ほかの神々すなわち周囲にある国民の神々に従い、それにひざまずいて、主の怒りをひき起した。
Woɖe asi le Yehowa, ame si nye wo fofowo ƒe Mawu, ame si kplɔ wo tso Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe mawuwo. Wodo dɔmedzoe na Mawu elabena
13 すなわち彼らは主を捨てて、バアルとアシタロテに仕えたので、
wogblẽe ɖi eye wosubɔ Baalwo kple Astarɔtwo.
14 主の怒りがイスラエルに対して燃え、かすめ奪う者の手にわたして、かすめ奪わせ、かつ周囲のもろもろの敵の手に売られたので、彼らは再びその敵に立ち向かうことができなかった。
Le Yehowa ƒe dɔmedzoe si wòdo ɖe Israel ŋu ta la, etsɔ wo de asi na adzohawo eye woha wo. Etsɔ wo dzra na woƒe futɔ siwo ƒo xlã wo, ame siwo nu womagate ŋu nɔ te ɖo o.
15 彼らがどこへ行っても、主の手は彼らに災をした。これは主がかつて言われ、また主が彼らに誓われたとおりで、彼らはひどく悩んだ。
Ne Israelviwo yi aʋa wɔ ge la, Yehowa megakpena ɖe wo ŋu o ale woɖua wo dzi abe ale si wòka atam na wo la ene eya ta wonɔ xaxa gã aɖe me.
16 その時、主はさばきづかさを起して、彼らをかすめ奪う者の手から救い出された。
Yehowa ɖo Ʋɔnudrɔ̃lawo na wo, ame siwo ɖe wo tso adzoha siawo ƒe asi me.
17 しかし彼らはそのさばきづかさにも従わず、かえってほかの神々を慕ってそれと姦淫を行い、それにひざまずき、先祖たちが主の命令に従って歩んだ道を、いちはやく離れ去って、そのようには行わなかった。
Ke hã la, womeɖo to woƒe Ʋɔnudrɔ̃lawo o, ke boŋ wodze mawu bubuwo yome hesubɔ wo. Womenɔ abe wo fofowo ene o, wotrɔ le mɔ si dzi wo fofowo zɔ le la dzi kaba, mɔ si nye toɖoɖo Yehowa ƒe sededewo.
18 主が彼らのためにさばきづかさを起されたとき、そのさばきづかさの在世中、主はさばきづかさと共におられて、彼らを敵の手から救い出された。これは彼らが自分をしえたげ悩ました者のゆえに、うめき悲しんだので、主が彼らをあわれまれたからである。
Ne Yehowa ɖo Ʋɔnudrɔ̃la aɖe na wo la, enɔa anyi kple Ʋɔnudrɔ̃la ma, eye wòɖea wo tso woƒe futɔwo ƒe asi me zi ale si Ʋɔnudrɔ̃la ma le agbe elabena Yehowa kpɔa nublanui na wo ne wole ŋeŋem le ame siwo le wo tem ɖe anyi, le funyafunya wɔm wo la ƒe kɔkuti te.
19 しかしさばきづかさが死ぬと、彼らはそむいて、先祖たちにまさって悪を行い、ほかの神々に従ってそれに仕え、それにひざまずいてそのおこないをやめず、かたくなな道を離れなかった。
Ke ne Ʋɔnudrɔ̃la ma ku la, ameawo galéa mɔ siwo vɔ̃ɖi wu wo fofowo tɔ la tsɔna, eye wodzea mawu bubuwo yome, dea ta agu na wo hesubɔa wo. Wogbe be yewomaɖe asi le woƒe nuwɔna kple mɔ vɔ̃ɖiwo ŋuti o.
20 それで主はイスラエルに対し激しく怒って言われた、「この民はわたしがかつて先祖たちに命じた契約を犯し、わたしの命令に従わないゆえ、
Le esia ta Yehowa do dɔmedzoe vevie ɖe Israel ŋu hegblɔ be, “Esi dukɔ sia tu nu si mebla kple wo fofowo eye womeɖo tom o ta la,
21 わたしもまたヨシュアが死んだときに残しておいた国民を、この後、彼らの前から追い払わないであろう。
nyemaganya dukɔ siwo Yosua metsrɔ̃ hafi ku o la le wo ŋgɔ o;
22 これはイスラエルが、先祖たちの守ったように主の道を守ってそれに歩むかどうかをわたしが試みるためである」。
ke boŋ mawɔ dukɔ siawo ŋu dɔ, ado nye dukɔ, Israel kpɔ, ale be manya ne woaɖo to Yehowa azɔ le eƒe mɔ dzi abe wo fofowo ene loo alo womaɖo toe o.”
23 それゆえ主はこれらの国民を急いで追い払わずに残しておいて、ヨシュアの手にわたされなかったのである。
Ale Yehowa gblẽ dukɔ siawo ɖe anyigba la dzi; menya wo ɖa zi ɖeka to wo tsɔtsɔ de asi na Yosua me o.

< 士師記 2 >