< イザヤ書 47 >

1 処女なるバビロンの娘よ、下って、ちりの中にすわれ。カルデヤびとの娘よ、王座のない地にすわれ。あなたはもはや、やさしく、たおやかな女ととなえられることはない。
“Ɖi ɖe anyi nànɔ ke me, wò Babilonia ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o. Wò Babiloniatɔwo ƒe vinyɔnu, nɔ anyi ɖe anyigba, menye ɖe fiazikpui dzi o. Womagayɔ wò be lɔlɔ̃vi alo ame si woalé be na o.
2 石うすをとって粉をひけ、顔おおいを取り去り、うちぎを脱ぎ、すねをあらわして川を渡れ。
Yi te dzi nàtu wɔ. Ɖe wò motsyɔvɔ da ɖi. Klo wò avɔ ɖe dzi. Na wò afɔwo nadze, eye nàtso tɔwo.
3 あなたの裸はあらわれ、あなたの恥は見られる。わたしはあだを報いて、何人とをも助けない。
Woaɖe amama wò, eye woaklo nu le wò ŋukpeƒe dzi. Mabia hlɔ̃, eye nyemaɖe ame aɖeke le eme o.”
4 われわれをあがなう者はその名を万軍の主といい、イスラエルの聖者である。
Miaƒe Ɖelae nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔe nye eŋkɔ.
5 カルデヤびとの娘よ、黙してすわれ、また暗い所にはいれ。あなたはもはや、もろもろの国の女王ととなえられることはない。
“Babiloniatɔwo ƒe vinyɔnu nɔ anyi le ɖoɖoezizi me. Yi ɖe blukɔ me. Womagayɔ wò be, Fiaɖuƒewo ƒe fianyɔnu o.
6 わたしはわが民を憤り、わが嗣業を汚して、これをあなたの手に渡した。あなたはこれに、あわれみを施さず、年老いた者の上に、はなはだ重いくびきを負わせた。
Medo dziku ɖe nye amewo ŋuti, eye medo gu nye domenyinu. Metsɔ wo de asi na wò, eye mekpɔ nublanui na wo o. Ètsɔ kɔkuti kpekpe da ɖe ametsitsi belibeliwo gɔ̃ hã dzi.
7 あなたは言った、「わたしは、とこしえに女王となる」と。そして、あなたはこれらの事を心にとめず、またその終りを思わなかった。
Ègblɔ be, ‘Nye la, mayi edzi tegbee. Manye fianyɔnu yi ɖe mavɔ me!’ Ke mèbu nu siawo ŋu alo de ŋugble le nu si ava dzɔ la ŋu o.
8 楽しみにふけり、安らかにおり、心のうちに「ただわたしだけで、わたしのほかにだれもなく、わたしは寡婦となることはない、また子を失うことはない」と言う者よ、今この事を聞け。
“Ke azɔ la, ɖo to afii. Wò nugblẽla vloe si ɖe dzi ɖi blewu le wò dedinɔnɔ me, eye nègblɔ na ɖokuiwò be, ‘Nye koe, mawu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o. Nyemanye ahosi alo ana vinyewo natsrɔ̃ o.’
9 これらの二つの事は一日のうちに、またたくまにあなたに臨む。すなわち子を失い、寡婦となる事はたといあなたが多くの魔術を行い、魔法の大いなる力をもってしてもことごとくあなたに臨む。
Esiawo kple evea katã ava dziwò le aɖabaƒoƒo ɖeka me le ŋkeke ɖeka dzi. Viwòwo atsrɔ̃, eye nàzu ahosi. Wo katã woava dziwò pɛpɛpɛ togbɔ be afakalawo kple gbesa sesẽ geɖewo le asiwò hã.
10 あなたは自分の悪に寄り頼んで言う、「わたしを見る者はない」と。あなたの知恵と、あなたの知識とはあなたを惑わした。あなたは心のうちに言った、「ただわたしだけで、わたしのほかにだれもない」と。
Èka ɖe wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖitɔnyenye dzi hegblɔ be, ‘Ame aɖeke mekpɔam o.’ Wò nunya kple gɔmesese ble wò nègblɔ na ɖokuiwò be, ‘Nye koe, mawu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o.’
11 しかし、わざわいが、あなたに臨む、あなたは、それをあがなうことができない。なやみが、あなたを襲う、あなたは、それをつぐなうことができない。滅びが、にわかにあなたに臨む、あなたは、それについて何も知らない。
Gbegblẽ aƒo ɖe dziwò, eye mànya ale si nàwɔ asa gbe adee wòadzo o. Dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe dziwò, esi màte ŋu aɖe ɖa kple awɔbanu o. Tsɔtsrɔ̃ si mèle mɔ kpɔm na o la, aƒo ɖe dziwò kpoyi.
12 あなたが若い時から勤め行ったあなたの魔法と、多くの魔術とをもって立ちむかってみよ、あるいは成功するかもしれない、あるいは敵を恐れさせるかもしれない。
“Eya ta yi wò amlimagbesawo, wò nukakawo dzi, esiwo me nèƒo ɖokuiwò ɖo tso wò ɖevime ke. Ɖewohĩ akpɔ dzidzedze, ɖewohĩ ahe ŋɔdzi vɛ.
13 あなたは多くの計りごとによってうみ疲れた。かの天を分かつ者、星を見る者、新月によって、あなたに臨む事を告げる者を立ちあがらせて、あなたを救わせてみよ。
Aɖaŋudede gbogbo siwo katã nèxɔ la, ɖeko wona nègbɔdzɔ! Na wò ɣletivimenunyalawo nava. Ame siwo léa ŋku ɖe ɣletiviwo ŋu hegblɔa nya ɖi dzinu sia dzinu la, na ne woaɖe wò tso nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe dziwò la me.
14 見よ、彼らはわらのようになって、火に焼き滅ぼされ、自分の身を炎の勢いから、救い出すことができない。その火は身を暖める炭火ではない、またその前にすわるべき火でもない。
Vavãe wole abe atitakpo ƒuƒu ene. Dzo afia wo katã. Womate ŋu aɖe wo ɖokui gɔ̃ hã tso dzo ƒe aɖewo me o. Afi sia dzoka xɔxɔwo meli ame aɖeke naƒu o. Afi sia womedo dzo ɖi, ame aɖeke naƒu o.
15 あなたが勤めて行ったものと、あなたの若い時からあなたと売り買いした者とは、ついにこのようになる。彼らはめいめい自分の方向にさすらいゆき、ひとりもあなたを救う者はない。
Ame siwo nèwɔ dɔ sesẽwo kpli, eye nèzɔ mɔ geɖewo kpli wo tso wò ɖevime ke la, esia koe nye nu si woate ŋu awɔ na wò. Ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ le vodada me, eye ɖeka hɔ̃ɔ hã meli si aɖe wò o.”

< イザヤ書 47 >