< イザヤ書 38 >

1 そのころヒゼキヤは病気になって死にかかっていた。アモツの子預言者イザヤは彼のところに来て言った、「主はこう仰せられます、あなたの家を整えておきなさい。あなたは死にます、生きながらえることはできません」。
Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ, eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, yi egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye màhaya o.’”
2 そこでヒゼキヤは顔を壁に向けて主に祈って言った、
Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu, eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be,
3 「ああ主よ、願わくは、わたしが真実と真心とをもって、み前に歩み、あなたの目にかなう事を行ったのを覚えてください」。そしてヒゼキヤはひどく泣いた。
“O! Yehowa, ɖo ŋku ale si metsɔ dzi blibo kple nyateƒe zɔ le ŋkuwò mee, eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.” Eye Hezekia fa avi kple ɣli.
4 その時主の言葉がイザヤに臨んで言った、
Tete Yehowa ƒe gbe va na Yesaya be:
5 「行って、ヒゼキヤに言いなさい、『あなたの父ダビデの神、主はこう仰せられます、「わたしはあなたの祈を聞いた。あなたの涙を見た。見よ、わたしはあなたのよわいを十五年増そう。
“Yi nàgblɔ na Hezekia be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi, “Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò agbenɔƒewo ŋu.”
6 わたしはあなたと、この町とをアッスリヤの王の手から救い、この町を守ろう」。
Maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta.
7 主が約束されたことを行われることについては、あなたは主からこのしるしを得る。
“‘Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò, be Yehowa awɔ nu si ŋugbe wòdo.
8 見よ、わたしはアハズの日時計の上に進んだ日影を十度退かせよう』」。すると日時計の上に進んだ日影が十度退いた。
Mana be vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Ahaz ƒe ɣetrɔti gbɔ.’” Ale ɣe ƒe vɔvɔli he ɖe megbe ɖoƒe ewo.
9 次の言葉はユダの王ヒゼキヤが病気になって、その病気が直った後、書きしるしたものである。
Esiae nye Yuda fia, Hezekia, ƒe nyaŋlɔɖiwo, esi wòhaya tso eƒe dɔléle la me vɔ megbe:
10 わたしは言った、わたしはわが一生のまっ盛りに、去らなければならない。わたしは陰府の門に閉ざされて、わが残りの年を失わなければならない。 (Sheol h7585)
Megblɔ be, “Le nye agbe ƒe kekeli me, ɖe mato ku ƒe agbowo me, eye woaxɔ nye agbemeŋkeke mamlɛawo le asinyea?” (Sheol h7585)
11 わたしは言った、わたしは生ける者の地で、主を見ることなく、世におる人々のうちに、再び人を見ることがない。
Megblɔ be, “Nyemagakpɔ Yehowa o. Nyemagakpɔ Yehowa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi o; nyemagakpɔ amegbetɔwo alo anɔ anyi kple ame siwo le xexe sia me o.
12 わがすまいは抜き去られて羊飼の天幕のようにわたしを離れる。わたしは、わが命を機織りのように巻いた。彼はわたしを機から切り離す。あなたは朝から夕までの間に、わたしを滅ぼされる。
Womu nye agbadɔ hexɔe le asinye abe ale si wowɔa alẽkplɔla ƒe agbadɔe ene. Abe ale si avɔlɔ̃la ŋlɔa eƒe avɔe heɖenɛ tso agbati me ene la, nenemae meŋlɔ nye agbee, eye nèna nye agbe wu enu zã kple keli.
13 わたしは朝まで叫んだ。主はししのようにわが骨をことごとく砕かれる。あなたは朝から夕までの間に、わたしを滅ぼされる。
Melala dzigbɔɖitɔe va se ɖe fɔŋli, gake èŋe nye ƒuwo abe dzata ene, eye zã kple keli nèna nye agbe wu enu.
14 わたしは、つばめのように、つるのように鳴き、はとのようにうめき、わが目は上を見て衰える。主よ、わたしは、しえたげられています。どうか、わたしの保証人となってください。
Medo ɣli abe sagbadre alo tsalĩ ene, eye mele xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ si tsi akogo ene. Nye ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃ɔ esi mewu mo dzi le dziƒo kpɔm. O! Aƒetɔ, mele nu xam, va nàkpe ɖe ŋutinye.”
15 しかし、わたしは何を言うことができましょう。主はわたしに言われ、かつ、自らそれをなされたからである。わが魂の苦しみによって、わが眠りはことごとく逃げ去った。
Nu ka gblɔ ge mala? Egblɔ nya nam, eye eya ŋutɔ wɔ ɖe edzi. Eya ta mazɔ ɖokuibɔbɔtɔe. Le nye agbemeŋkekewo katã me, le nye luʋɔ ƒe vevesese ta.
16 主よ、これらの事によって人は生きる。わが霊の命もすべてこれらの事による。どうか、わたしをいやし、わたしを生かしてください。
O! Aƒetɔ, nu siawo ŋue amewo nɔa agbe ɖo, eye nye hã nye gbɔgbɔ kpɔ agbe le wo me. Èna mehaya, eye nègana mele agbe.
17 見よ、わたしが大いなる苦しみにあったのは、わが幸福のためであった。あなたはわが命を引きとめて、滅びの穴をまぬかれさせられた。これは、あなたがわが罪をことごとく、あなたの後に捨てられたからである。
Le nyateƒe me la, nye nyonyo tae nèna meto vevesese mawo me. Wò lɔlɔ̃ na be nèɖem tso gbegblẽ ƒe do globo me, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒu gbe ɖe megbe wò.
18 陰府は、あなたに感謝することはできない。死はあなたをさんびすることはできない。墓にくだる者は、あなたのまことを望むことはできない。 (Sheol h7585)
Elabena yɔdo mate ŋu akafu wò o, ku mate ŋu adzi kafukafuhawo na wò o, eye ame siwo yi aʋlime la mate ŋu akpɔ mɔ na wò nuteƒewɔwɔ o. (Sheol h7585)
19 ただ生ける者、生ける者のみ、きょう、わたしがするように、あなたに感謝する。父はあなたのまことを、その子らに知らせる。
Ame gbagbewo koe akafu wò abe ale si mele wɔwɔm egbe ene, eye fofowo agblɔ wò nuteƒewɔwɔ na wo viwo.
20 主はわたしを救われる。われわれは世にあるかぎり、主の家で琴にあわせて、歌をうたおう。
Yehowa aɖem, eye míadzi ha kple kasaŋkuwo le míaƒe agbemeŋkekewo katã me, le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
21 イザヤは言った、「干いちじくのひとかたまりを持ってこさせ、それを腫物につけなさい。そうすれば直るでしょう」。
Azɔ Yesaya gblɔ be, “Mitsɔ gbotsetse miaɖu, atikee. Mitsɔe ɖo ƒoƒoea dzi nɛ ekema ahaya.”
22 ヒゼキヤはまた言った、「わたしが主の家に上ることについて、どんなしるしがありましょうか」。
Hezekia bia be, “Nu kae anye dzesi be magayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me?”

< イザヤ書 38 >