< イザヤ書 34 >

1 もろもろの国よ、近づいて聞け。もろもろの民よ、耳を傾けよ。地とそれに満ちるもの、世界とそれから出るすべてのものよ、聞け。
Mite va, mi dukɔwo; miɖo to afii, miƒu to anyi, mi amewo! Mina be anyigba kple edzinuwo katã nasee, eye xexea me kple emenuwo katã hã nasee!
2 主はすべての国にむかって怒り、そのすべての軍勢にむかって憤り、彼らをことごとく滅ぼし、彼らをわたして、ほふらせられた。
Yehowa do dziku ɖe dukɔwo katã ŋu, eye eƒe dɔmedzoe bi ɖe woƒe asrafowo ŋu. Atsrɔ̃ wo gbidigbidi ahatsɔ wo ade asi be woawu.
3 彼らは殺されて投げすてられ、その死体の悪臭は立ちのぼり、山々はその血で溶けて流れる。
Woatsɔ woƒe Ame tsiaʋawo aƒu gbe. Woƒe ŋutilã kukuawo aƒaƒã anɔ ʋeʋẽm eye towo aƒo woƒe ʋu bekee.
4 天の万象は衰え、もろもろの天は巻物のように巻かれ、その万象はぶどうの木から葉の落ちるように、いちじくの木から葉の落ちるように落ちる。
Ɣletivi siwo katã le dziŋgɔli ŋu la alolo, eye woaŋlɔ dziŋgɔli abe lãgbalẽ ene. Dziƒoŋunuwo katã age adze anyi abe ale si aŋgbawo dudunae le wainka ŋu alo abe ale si aŋgba yrɔna hegena le gboti dzi ene.
5 わたしのつるぎは天において憤りをもって酔った。見よ、これはエドムの上にくだり、わたしが滅びに定めた民の上にくだって、これをさばく。
Nye yi no nu ɖi kɔ le dziƒo. Kpɔ ɖa eɖiɖi kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖe Edom dzi; ame siwo metsrɔ̃ gbidigbidi.
6 主のつるぎは血で満ち、脂肪で肥え、小羊とやぎの血、雄羊の腎臓の脂肪で肥えている。主がボズラで犠牲の獣をほふり、エドムの地で大いに殺されたからである。
Yehowa ƒe yi ƒo ʋu bekee, eye ami bla ɖe eŋu. Alẽviwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu le eŋu, hekpe ɖe ami si bla ɖe agbowo ƒe ayiku ŋu, elabena Yehowa ɖu vɔsaŋkekenyui le Bozra, eye wòwu lã geɖewo le Edom.
7 野牛は彼らと共にほふり場にくだり、子牛は力ある雄牛と共にくだる。その国は血で酔い、その土は脂肪で肥やされる。
To wɔadãwo atsrɔ̃ akpe ɖe wo ŋu, nenema kee nye nyitsu viwo kple nyitsu gãwo hã. Ʋu asi to woƒe anyigba dzi bababa, eye lãwo ƒe ami aƒo anyigba bekee,
8 主はあだをかえす日をもち、シオンの訴えのために報いられる年をもたれるからである。
elabena hlɔ̃biagbe le Yehowa si, ƒe si me wòaxe nu vɔ̃ ŋu fe, eye wòatso afia na Zion.
9 エドムのもろもろの川は変って樹脂となり、その土は変って硫黄となり、その地は変って燃える樹脂となって、
Edom ƒe tɔsisiwo me aƒu kplakplakpla. Ke si le anyigba la abi abe aŋɔe lé dzo ene, eye eƒe anyigba katã abi abe gbe ƒuƒu ene.
10 夜も昼も消えず、その煙は、とこしえに立ちのぼる。これは世々荒れすたれて、とこしえまでもそこを通る者はない。
Dzo la matsi o, zã kple keli, eye eƒe dzudzɔ ade dzi boo. Abi gbegbe tso dzidzime yi dzidzime, eye ame aɖeke magato afi ma ayi akpɔ gbeɖe o.
11 たかと、やまあらしとがそこをすみかとし、ふくろうと、からすがそこに住む。主はその上に荒廃をきたらせる測りなわを張り、尊い人々の上に混乱を起す下げ振りをさげられる。
Azu nɔƒe na adzexewo. Afi ma akpaviã kple xe bubuwo awɔ atɔ ɖo. Mawu atsɔ eƒe dzidzeka aɖo Edom ŋuti, eye wòada wo le gbegblẽ masɔmasɔ ƒe nudanu me.
12 人々はこれを名づけて「国なき所」といい、その君たちは皆うせてなくなる。
Naneke maganɔ anyi na woƒe bubumewo, woayɔ be fiaɖuƒe o. Woƒe dumegãwo hã nu ava ayi.
13 そのとりでの上には、いばらが生え、その城には、いらくさと、あざみとが生え、山犬のすみか、だちょうのおる所となる。
Ŋu avu atsyɔ woƒe fiasã kɔkɔwo dzi, gbe fieŋuiwo kple aŋɔkawo amie ɖe woƒe mɔ sesẽwo me, eye anyigba la azu nɔƒe na asilãwo kple aƒe na golowo.
14 野の獣はハイエナと出会い、鬼神はその友を呼び、夜の魔女もそこに降りてきて、休み所を得る。
Gbemelã vovovowo ado go kple amegaxiwo, eye gbedzigbɔ̃wo axlɔ̃ na wo nɔewo le afi ma. Anye nɔƒe na xe siwo nɔa zã me eye woakpɔ gbɔɖeme na wo ɖokuiwo le afi ma.
15 ふくろうはそこに巣をつくって卵を産み、それをかえして、そのひなを翼の陰に集める。とびもまた、おのおのその連れ合いと共に、そこに集まる。
Adzexe awɔ atɔ, aɖa azi ɖe eme le afi ma, aƒo vi, akpɔ viawo dzi, eye wòatsɔ eƒe aʋalawo atsyɔ wo dzi. Afi siae akagawo aƒo ƒu ɖo, atsu kple asi.
16 あなたがたは主の書をつまびらかにたずねて、これを読め。これらのものは一つも欠けることなく、また一つもその連れ合いを欠くものはない。これは主の口がこれを命じ、その霊が彼らを集められたからである。
Mikpɔ Yehowa ƒe agbalẽ me, eye mixlẽ nu sia. Nu siawo dometɔ aɖeke mabu o, ɖeke manɔ anyi, atsu alo asi o, elabena eƒe nue de se sia, eye eƒe Gbɔgbɔ aƒo wo nu ƒu.
17 主は彼らのためにくじを引き、手ずから測りなわをもって、この地を分け与え、長く彼らに所有させ、世々ここに住まわせられる。
Edzidze woƒe gomekpɔkpɔwo na wo. Eƒe asie wòtsɔ ma nu si wòdzidze la na wo. Azu wo tɔ tegbee, eye woanɔ afi ma tso dzidzime yi dzidzime.

< イザヤ書 34 >