< 創世記 33 >
1 さてヤコブは目をあげ、エサウが四百人を率いて来るのを見た。そこで彼は子供たちを分けてレアとラケルとふたりのつかえめとにわたし、
Yakob kpɔ Esau le adzɔge ʋĩi wògbɔna kple eƒe ame alafa ene. Ke ema ɖeviawo na Lea, Rahel kple kosi eveawo.
2 つかえめとその子供たちをまっ先に置き、レアとその子供たちを次に置き、ラケルとヨセフを最後に置いて、
Ena eƒe kosiwo kple wo viwo nɔ ŋgɔ, Lea kple viawo nɔ eyome, eye Rahel kple Yosef nɔ wo katã megbe.
3 みずから彼らの前に進み、七たび身を地にかがめて、兄に近づいた。
Yakob dze wo katã ŋgɔ. Egogo foa, eye wòde ta agu nɛ zi adre.
4 するとエサウは走ってきて迎え、彼を抱き、そのくびをかかえて口づけし、共に泣いた。
Esau ƒu du yi ɖakpee, kpla asi kɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe, eye wògbugbɔ nu nɛ. Wo ame eveawo fa avi hehehe!
5 エサウは目をあげて女と子供たちを見て言った、「あなたと一緒にいるこれらの者はだれですか」。ヤコブは言った、「神がしもべに授けられた子供たちです」。
Esau kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo, eye wòbia be, “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be, “Vinyewoe, Mawue na ɖevi siawo nye wò subɔla to eƒe amenuveve me.”
6 そこでつかえめたちはその子供たちと共に近寄ってお辞儀した。
Kosiawo kple wo viwo va ŋgɔ, eye wode ta agu nɛ.
7 レアもまたその子供たちと共に近寄ってお辞儀し、それからヨセフとラケルが近寄ってお辞儀した。
Emegbe Lea kple etɔwo va, eye woawo hã de ta agu nɛ. Azɔ Rahel kple Yosef va, eye woawo hã de ta agu nɛ.
8 するとエサウは言った、「わたしが出会ったあのすべての群れはどうしたのですか」。ヤコブは言った、「わが主の前に恵みを得るためです」。
Esau bia be, “Lãha kawoe nye esiwo kpɔm mele?” Yakob ɖo eŋu be, “Woawoe nye nye nunanawo na wò nye aƒetɔ be nàve nunye.”
9 エサウは言った、「弟よ、わたしはじゅうぶんもっている。あなたの物はあなたのものにしなさい」。
Esau ko nu gblɔ be, “Nɔvinye, lãwo sɔ gbɔ ɖe asinye xoxo; tɔwòwo nenɔ asiwò ko!”
10 ヤコブは言った、「いいえ、もしわたしがあなたの前に恵みを得るなら、どうか、わたしの手から贈り物を受けてください。あなたが喜んでわたしを迎えてくださるので、あなたの顔を見て、神の顔を見るように思います。
Yakob yi edzi be, “Ao, xɔ nunanawo nam ko, elabena wò alɔgbɔnu si nèko xɔlɔ̃tɔe nam la na nya la kɔ le dzinye! Vɔvɔ̃ ɖom le ŋutiwò abe Mawu ƒe ŋkumee mekpɔ ene.
11 どうかわたしが持ってきた贈り物を受けてください。神がわたしを恵まれたので、わたしはじゅうぶんもっていますから」。こうして彼がしいたので、彼は受け取った。
Meɖe kuku, xɔ nye nunanawo ko, elabena Mawu yram, eye nu geɖe le asinye.” Yakob ƒoe ɖe enu, eye Esau lɔ̃ xɔ nunanawo.
12 そしてエサウは言った、「さあ、立って行こう。わたしが先に行く」。
Esau gblɔ be, “Enyo, mina míadze mɔ. Nye kple nye amewo, míanɔ mia ŋu, eye míadze ŋgɔ na mi.”
13 ヤコブは彼に言った、「ごぞんじのように、子供たちは、かよわく、また乳を飲ませている羊や牛をわたしが世話をしています。もし一日でも歩かせ過ぎたら群れはみな死んでしまいます。
Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖeviawo dometɔ aɖewo metsi o, eye nenema ke vidzĩwo le lãwo dome. Ne míedo du wo akpa la, woaku,
14 わが主よ、どうか、しもべの先においでください。わたしはわたしの前にいる家畜と子供たちの歩みに合わせて、ゆっくり歩いて行き、セイルでわが主と一緒になりましょう」。
eya ta nye aƒetɔ, miawo mido ŋgɔ, eye míawo míadze mia yome ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi le Seir.”
15 エサウは言った、「それならわたしが連れている者どものうち幾人かをあなたのもとに残しましょう」。ヤコブは言った、「いいえ、それには及びません。わが主の前に恵みを得させてください」。
Esau gblɔ be, “Enyo, mana nye ame aɖewo nakpe ɖe mia ŋu, eye woanye kplɔlawo na mi.” Yakob gbe be, “Ao, nye aƒetɔ, míanɔ edzi ɖɔɖɔɖɔ ava tu mi. Meɖe kuku, na wòanɔ abe ale si megblɔ ene.”
Ale Esau trɔ ɖo ta Seir gbe ma gbe ke.
17 ヤコブは立ってスコテに行き、自分のために家を建て、また家畜のために小屋を造った。これによってその所の名はスコテと呼ばれている。
Yakob kple eƒe amewo yi ɖaɖo Sukɔt. Etu agbletaxɔ kple lãkpowo ɖe afi ma, eya ta woyɔa teƒe ma be Sukot si gɔmee nye “Agbletaxɔwo.”
18 こうしてヤコブはパダンアラムからきて、無事カナンの地のシケムの町に着き、町の前に宿営した。
Emegbe la, Yakob tso Padan Aram va ɖo Sekem le Kanaanyigba dzi dedie, eye wònɔ du la godo.
19 彼は天幕を張った野の一部をシケムの父ハモルの子らの手から百ケシタで買い取り、
Eƒle anyigba si dzi wònɔ la le Sekem fofo, Hamor ƒe ƒometɔwo si klosalo alafa ɖeka.
20 そこに祭壇を建てて、これをエル・エロヘ・イスラエルと名づけた。
Etu vɔsamlekpui aɖe ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be, “El-Elohe-Israel” si gɔmee nye “Vɔsamlekpui na Israel ƒe Mawu.”