< 創世記 30 >

1 ラケルは自分がヤコブに子を産まないのを知った時、姉をねたんでヤコブに言った、「わたしに子どもをください。さもないと、わたしは死にます」。
Esi Rahel kpɔ be yemele vi dzim o la, eʋã ŋu nɔvia nyɔnu. Egblɔ na Yakob be, “Na madzi vi, ne menye nenema o la, maku.”
2 ヤコブはラケルに向かい怒って言った、「あなたの胎に子どもをやどらせないのは神です。わたしが神に代ることができようか」。
Yakob do dɔmedzoe, eye wòbiae be, “Alo nyee nye Mawu, ame si na nètsi koa?”
3 ラケルは言った、「わたしのつかえめビルハがいます。彼女の所におはいりなさい。彼女が子を産んで、わたしのひざに置きます。そうすれば、わたしもまた彼女によって子を持つでしょう」。
Rahel gblɔ nɛ be, “Metsɔ nye subɔla Bilha na wò, dɔ egbɔ ne wòadzi vi, eye viawo nazu vinyewo.”
4 ラケルはつかえめビルハを彼に与えて、妻とさせたので、ヤコブは彼女の所にはいった。
Ale wòtsɔ Bilha nɛ wòzu srɔ̃a, eye wòdɔ egbɔ;
5 ビルハは、みごもってヤコブに子を産んだ。
efɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi na Yakob.
6 そこでラケルは、「神はわたしの訴えに答え、またわたしの声を聞いて、わたしに子を賜わった」と言って、名をダンと名づけた。
Rahel na ŋkɔe be Dan si gɔmee nye “Afiatsotso,” elabena egblɔ be, “Mawu tso afia nam, ese nye gbedodoɖa, eye wòna ŋutsuvim.”
7 ラケルのつかえめビルハはまた、みごもって第二の子をヤコブに産んだ。
Bilha, Rahel ƒe subɔla gafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi evelia na Yakob.
8 そこでラケルは、「わたしは激しい争いで、姉と争って勝った」と言って、名をナフタリと名づけた。
Rahel na ŋkɔe be Naftali si gɔmee nye “Hoʋiʋli,” elabena egblɔ be, “Mele ho ʋlim sesĩe kple nɔvinye, eye mele dzi ɖum!”
9 さてレアは自分が子を産むことのやんだのを見たとき、つかえめジルパを取り、妻としてヤコブに与えた。
Azɔ esi Lea kpɔ be yemegale fu fɔm o la, etsɔ eƒe subɔla Zilpa na Yakob wòɖe.
10 レアのつかえめジルパはヤコブに子を産んだ。
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Lea ƒe kosi Zilpa dzi ŋutsuvi na Yakob.
11 そこでレアは、「幸運がきた」と言って、名をガドと名づけた。
Lea na ŋkɔe be Gad si gɔmee nye “Dzɔgbenyui ɖi kpem!”
12 レアのつかえめジルパは第二の子をヤコブに産んだ。
Zilpa dzi ŋutsuvi evelia na Yakob, eye Lea na ŋkɔe be Aser si gɔmee nye “Dzidzɔ”,
13 そこでレアは、「わたしは、しあわせです。娘たちはわたしをしあわせな者と言うでしょう」と言って、名をアセルと名づけた。
elabena egblɔ be, “Dzi dzɔm ale gbegbe! Nyɔnu bubuwo abu be woyram vavã!”
14 さてルベンは麦刈りの日に野に出て、野で恋なすびを見つけ、それを母レアのもとに持ってきた。ラケルはレアに言った、「あなたの子の恋なすびをどうぞわたしにください」。
Gbe ɖeka le lũŋeɣi la, Ruben gbe agbitsa aɖewo tso gbe me vɛ na dadaa Lea. Rahel ɖe kuku na Lea be wòana agbitsa la ƒe ɖe ye.
15 レアはラケルに言った、「あなたがわたしの夫を取ったのは小さな事でしょうか。その上、あなたはまたわたしの子の恋なすびをも取ろうとするのですか」。ラケルは言った、「それではあなたの子の恋なすびに換えて、今夜彼をあなたと共に寝させましょう」。
Ke Lea ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, “Èxɔ srɔ̃nye le asinye sesẽtɔe! Ɖe esia mesɔ gbɔ na wò oa? Azɔ ɖe nèdi be yeagaxɔ vinye ƒe agbitsa hã?” Rahel gblɔ nublanuitɔe be, “Ne àna agbitsa la ƒe ɖem la, mana mɔ srɔ̃nye wòadɔ gbɔwò ɖe agbitsa la nu.”
16 夕方になって、ヤコブが野から帰ってきたので、レアは彼を出迎えて言った、「わたしの子の恋なすびをもって、わたしがあなたを雇ったのですから、あなたはわたしの所に、はいらなければなりません」。ヤコブはその夜レアと共に寝た。
Gbe ma gbe fiẽ, esi Yakob tso gbedzi gbɔna la, Lea yi ɖakpee, gblɔ nɛ be, “Egbe la, nye gbɔe nàdɔ, elabena metsɔ agbitsa siwo vinye gbe vɛ la na Rahel ɖe tawò!” Ale Yakob dɔ Lea gbɔ.
17 神はレアの願いを聞かれたので、彼女はみごもって五番目の子をヤコブに産んだ。
Mawu se Lea ƒe gbedodoɖa, eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi atɔ̃lia nɛ.
18 そこでレアは、「わたしがつかえめを夫に与えたから、神がわたしにその価を賜わったのです」と言って、名をイッサカルと名づけた。
Lea na ŋkɔe be Isaka si gɔmee nye “Fetu,” elabena egblɔ be, “Mawu tu fe nam, elabena metsɔ nye kosivi na srɔ̃nye wòɖe.”
19 レアはまた、みごもって六番目の子をヤコブに産んだ。
Egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi adelia na Yakob.
20 そこでレアは、「神はわたしに良い賜物をたまわった。わたしは六人の子を夫に産んだから、今こそ彼はわたしと一緒に住むでしょう」と言って、その名をゼブルンと名づけた。
Ena ŋkɔe be Zebulon si gɔmee nye “Nunana,” elabena egblɔ be, “Mawu tsɔ nu nyuiwo to dzinye na srɔ̃nye. Azɔ la, srɔ̃nye abum, elabena medzi ŋutsuvi ade nɛ.”
21 その後、彼女はひとりの娘を産んで、名をデナと名づけた。
Emegbe la, edzi nyɔnuvi, eye wòna ŋkɔe be Dina.
22 次に神はラケルを心にとめられ、彼女の願いを聞き、その胎を開かれたので、
Tete Mawu ɖo ŋku Rahel dzi le eƒe xaxa me, eye wòse eƒe gbedodoɖa heʋu eƒe vidzidɔ nu.
23 彼女は、みごもって男の子を産み、「神はわたしの恥をすすいでくださった」と言って、
Efɔ fu, dzi ŋutsuvi, eye wògblɔ be, “Mawu ɖe nye ŋukpe ɖa.”
24 名をヨセフと名づけ、「主がわたしに、なおひとりの子を加えられるように」と言った。
Ena ŋkɔ ɖevi la be Yosef, eye wògblɔ be, “Yehowa natsɔ ŋutsuvi bubu akpee nam.”
25 ラケルがヨセフを産んだ時、ヤコブはラバンに言った、「わたしを去らせて、わたしの故郷、わたしの国へ行かせてください。
Esi Rahel dzi Yosef vɔ megbe teti ko la, Yakob gblɔ na Laban be, “Medi be matrɔ ayi aƒe.
26 あなたに仕えて得たわたしの妻子を、わたしに与えて行かせてください。わたしがあなたのために働いた骨折りは、あなたがごぞんじです」。
Na makplɔ srɔ̃nyewo kple vinyewo ɖe asi, elabena wò ŋutɔ ènya ale si mesubɔ wò ɖe wo tae.”
27 ラバンは彼に言った、「もし、あなたの心にかなうなら、とどまってください。わたしは主があなたのゆえに、わたしを恵まれるしるしを見ました」。
Laban gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, mègadzo le gbɔnye o, elabena to nukaka me la, menya be wò afi sia nɔnɔe na mekpɔ yayra geɖe siawo.
28 また言った、「あなたの報酬を申し出てください。わたしはそれを払います」。
Ho neni mada ɖe fetu dzi na wò be nàganɔ gbɔnye? Ho sia ho si wòanye la, maxee na wò.”
29 ヤコブは彼に言った、「わたしがどのようにあなたに仕えたか、またどのようにあなたの家畜を飼ったかは、あなたがごぞんじです。
Yakob ɖo eŋu be, “Ènya ale si mesubɔ wò anukwaretɔe le ƒe geɖe siawo me kple ale si wò lãwo dzii,
30 わたしが来る前には、あなたの持っておられたものはわずかでしたが、ふえて多くなりました。主はわたしの行く所どこでも、あなたを恵まれました。しかし、いつになったらわたしも自分の家を成すようになるでしょうか」。
elabena nu sue aɖe koe nɔ asiwò hafi meva gbɔwò. Fifia wò kesinɔnuwo dzi ɖe edzi ŋutɔ. Yehowa yra wò to nu sia nu si mewɔ la me! Ke ɣe ka ɣi nye ya manɔ ɖokuinye si awɔ dɔ na srɔ̃nyewo kple vinyewo?”
31 彼は言った、「何をあなたにあげようか」。ヤコブは言った、「なにもわたしにくださるに及びません。もしあなたが、わたしのためにこの一つの事をしてくださるなら、わたしは今一度あなたの群れを飼い、守りましょう。
Laban gabiae be, “Nu ka mana wò?” Yakob ɖo eŋu nɛ be, “Mègana nanekem o. Ke ne àwɔ nu ɖeka sia nam la, mayi wò lãwo dzi kpɔkpɔ dzi.
32 わたしはきょう、あなたの群れをみな回ってみて、その中からすべてぶちとまだらの羊、およびすべて黒い小羊と、やぎの中のまだらのものと、ぶちのものとを移しますが、これをわたしの報酬としましょう。
Na matsa le wò lãhawo katã me egbe, eye maɖe alẽ siwo katã le ŋɔtaŋɔta la kple alẽvi ɖe sia ɖe si le yibɔ kple gbɔ̃ siwo le ŋɔtaŋɔta la. Woawoe anye nye fetu.
33 あとで、あなたがきて、あなたの前でわたしの報酬をしらべる時、わたしの正しい事が証明されるでしょう。もしも、やぎの中にぶちのないもの、まだらでないものがあったり、小羊の中に黒くないものがあれば、それはみなわたしが盗んだものとなるでしょう」。
Ekema ɣe sia ɣi si nàkpɔ gbɔ̃ ɣi alo alẽ ɣi aɖe le tɔnyewo dome la, nànya be ɖe mefi wo tso tɔwòwo dome!”
34 ラバンは言った、「よろしい。あなたの言われるとおりにしましょう」。
Laban lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo; míawɔe abe ale si nègblɔe ene!”
35 そこでラバンはその日、雄やぎのしまのあるもの、まだらのもの、すべて雌やぎのぶちのもの、まだらのもの、すべて白みをおびているもの、またすべて小羊の中の黒いものを移して子らの手にわたし、
Gbe ma gbe ke la, eɖe gbɔ̃tsu siwo katã ŋu fli le alo le ŋɔtaŋɔta kple gbɔ̃nɔ siwo katã ŋu fli le, esiwo katã le ɣie kple alẽvi siwo katã le yibɔ la ɖe aga, eye wòtsɔ wo de via ŋutsuwo ƒe dzikpɔkpɔ te.
36 ヤコブとの間に三日路の隔たりを設けた。ヤコブはラバンの残りの群れを飼った。
Ena eya ŋutɔ kple Yakob dome didi abe ŋkeke etɔ̃ ƒe azɔlizɔzɔ ene, eye Yakob yi Laban ƒe lãwo dzi kpɔkpɔ dzi.
37 ヤコブは、はこやなぎと、あめんどうと、すずかけの木のなまの枝を取り、皮をはいでそれに白い筋をつくり、枝の白い所を表わし、
Yakob lã atilɔ fɛ̃ aɖewo, kpa tsro le akpa aɖewo ŋu, ale be wozu ŋɔtaŋɔta, eye fli to ɖewo me.
38 皮をはいだ枝を、群れがきて水を飲む鉢、すなわち水ぶねの中に、群れに向かわせて置いた。群れは水を飲みにきた時に、はらんだ。
Etsɔ wo da ɖe lãwo ƒe tsinoƒe, ale be lãwo nakpɔ wo ne wova tsinoƒe, afi si lãtsuwo yɔa asi lãnɔwo le la.
39 すなわち群れは枝の前で、はらんで、しまのあるもの、ぶちのもの、まだらのものを産んだ。
Lãtsuawo yɔa asi le atilɔawo gbɔ, eye lãnɔawo dzia vi siwo le ŋɔtaŋɔta alo esiwo ŋu fli le la.
40 ヤコブはその小羊を別においた。彼はまた群れの顔をラバンの群れのしまのあるものと、すべて黒いものとに向かわせた。そして自分の群れを別にまとめておいて、ラバンの群れには、入れなかった。
Eye Yakob ɖe lãviawo ɖa le tsitsiawo ŋu, ke ena bubuawo dze ŋgɔ lã siwo le ŋɔtaŋɔta kple esiwo le yibɔɔ henye Laban tɔ. Ewɔ lãha aɖe na eɖokui, eye mena wotɔtɔ kple Laban ƒe lãwo o.
41 また群れの強いものが発情した時には、ヤコブは水ぶねの中に、その群れの目の前に、かの枝を置いて、枝の間で、はらませた。
Kpe ɖe esia ŋu la, ne ekpɔ be lã sesẽwo le asi yɔm la, etsɔa atilɔ siwo wòŋlɔ la dana ɖe tsinoƒea be woafɔ fu ɖe ati ŋɔŋlɔawo ŋu.
42 けれども群れの弱いものの時には、それを置かなかった。こうして弱いものはラバンのものとなり、強いものはヤコブのものとなったので、
Ke ne lã beliwo le asi yɔm la, eɖea ati ŋɔŋlɔawo ɖa. Ale alẽ siwo ƒe lãme mesẽ tututu o la zua Laban tɔ, eye esiwo le lãmesẽ me la zua Yakob tɔ!
43 この人は大いに富み、多くの群れと、男女の奴隷、およびらくだ、ろばを持つようになった。
Esia ta Yakob ƒe alẽwo dzi ɖe edzi kabakaba, eye wòzu hotsuitɔ gã aɖe. Subɔlawo, kposɔwo kple tedziwo sɔ gbɔ ɖe esi fũu.

< 創世記 30 >